< エゼキエル書 12 >

1 主の言葉がわたしに臨んだ、
Yehowa ƒe gbe va nam be,
2 「人の子よ、あなたは反逆の家の中にいる。彼らは見る目があるが見ず、聞く耳があるが聞かず、彼らは反逆の家である。
“Ame vi, èle dukɔ dzeaglã aɖe me. Ŋku li na ameawo be woakpɔ nu, gake womekpɔa nu o, to li na wo be woase nu, gake womesea nu o, elabena wonye aglãdzelawo.
3 それゆえ、人の子よ、捕囚の荷物を整え、彼らの目の前で昼のうちに移れ、彼らの目の前であなたの所から他の所に移れ。彼らは反逆の家であるが、あるいは彼らは顧みるところがあろう。
“Eya ta ame vi, ƒo ƒu wò nuwo hena aboyomeyiyi. Le ŋkeke me, esi ameawo le kpɔwòm la, dze mɔ tso afi si nèle, nàyi teƒe bubu. Ɖewohĩ woase egɔme togbɔ be wonye aglãdzelawo hã.
4 あなたは、捕囚の荷物のようなあなたの荷物を、彼らの目の前で昼のうちに持ち出せ。そして捕囚に行くべき人々のように、彼らの目の前で夕べのうちに出て行け。
Le ŋkeke me la, esime wole kpɔwòm la, ɖe wò nu siwo nètsɔ do agbae na aboyomeyiyi la ɖe go. Ekema le fiẽ me la, esi wole kpɔwòm la, dze mɔ abe ame siwo yina aboyo me ene.
5 すなわち彼らの目の前で壁に穴をあけ、そこから出て行け。
Esi wole kpɔwòm la, ŋɔ gli la, eye nàtsɔ wò nuwo to gli ŋɔŋɔ la me.
6 あなたは彼らの目の前でその荷物を肩に負い、やみのうちにそれを運び出せ。あなたの顔をおおって地を見るな。わたしはあなたをしるしとなして、イスラエルの家に示すのだ」。
Tsɔ wo ɖe wò abɔta le woƒe ŋkume, eye nàtsɔ wo adzoe ne blukɔ do. Tsyɔ nu mo ale be màkpɔ anyigba la o, elabena metsɔ wò wɔ dzesii na Israel ƒe aƒe la.”
7 そこでわたしは命じられたようにし、捕囚の荷物のような荷物を昼のうちに持ち出し、夕べにはわたしの手で壁に穴をあけ、やみのうちに彼らの目の前で、これを肩に負って運び出した。
Ale mewɔ nu si wòɖo nam. Le ŋkeke me la, metsɔ nye nuwo do agbae na aboyomeyiyi. Le fiẽ me la, meŋɔ gli la kple nye asiwo. Esi blukɔ do la, metsɔ nye nuwo ɖe abɔta, do goe le ameawo ŋkume.
8 次の朝、主の言葉がわたしに臨んだ、
Le ŋdi me la, Yehowa ƒe nya va nam be,
9 「人の子よ、反逆の家であるイスラエルの家は、あなたに向かって、『何をしているのか』と言わなかったか。
“Ame vi, ɖe Israel ƒe aƒe dzeaglã ma me tɔwo mebia wò be, ‘Nu ka wɔm nèle?’ o mahã.
10 あなたは彼らに言いなさい、『主なる神はこう言われる、この託宣はエルサレムの君、およびその中にあるイスラエルの全家にかかわるものである』と。
“Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: gbedeasi sia ku ɖe fiavi si le Yerusalem kple Israel ƒe aƒe blibo la me tɔ siwo le afi ma la ŋu.’
11 また言いなさい、『わたしはあなたがたのしるしである。わたしがしたとおりに彼らもされる。彼らはとりこにされて移される』と。
Gblɔ na wo be, ‘Dzesie menye na mi.’ “Nu si mewɔ la, nu ma woawɔ na wo. Woalé wo ayi aboyo mee.
12 彼らのうちの君は、やみのうちにその荷物を肩に載せて出て行く。彼は壁に穴をあけて、そこから出て行く。彼は顔をおおって、自分の目でこの地を見ない。
“Fiavi si le wo dome la, atsɔ eƒe nuwo ɖe abɔta adzo ne blukɔ do, eye woaɖe do ɖe gli la me nɛ be wòado to eme. Atsɔ nu atsyɔ eƒe mo ale be mate ŋu akpɔ anyigba la o.
13 わたしはわたしの網を彼の上に打ちかける。彼はわたしのわなにかかる。わたしは彼をカルデヤびとの地のバビロンに引いて行く。しかし彼はそれを見ないで、そこで死ぬであろう。
Maɖo nye ɖɔ nɛ, eye nye mɔ aɖee. Makplɔe ayi Babilonia, le Kaldeatɔwo ƒe anyigba dzi, gake makpɔ anyigba la o, eye wòaku ɖe afi ma.
14 またすべて彼の周囲にいて彼を助ける者および彼の軍隊を、わたしは四方に散らし、つるぎを抜いてそのあとを追う。
Makaka ame siwo katã ƒo xlãe, eŋumewo kple eƒe aʋawɔlawo katã ɖe yawo nu, eye mati wo yome kple yi.
15 わたしが彼らを諸国民の中に散らし、国々にまき散らすとき、彼らはわたしが主であることを知る。
“Woanya be, nyee nye Yehowa, ne mekaka wo ɖe dukɔwo me kple anyigbawo dzi.
16 ただし、わたしは彼らのうちに、わずかの者を残して、つるぎと、ききんと、疫病を免れさせ、彼らがおこなったもろもろの憎むべきことを、彼らが行く国びとの中に告白させよう。そして彼らはわたしが主であることを知るようになる」。
Ke maɖe wo dometɔ ʋɛ aɖewo tso yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ƒe asi me, ale be woaɖe gbeƒã woƒe ŋunyɔnuwɔnawo le dukɔ siwo me woayi. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.”
17 主の言葉がまたわたしに臨んだ、
Yehowa ƒe nya va nam be,
18 「人の子よ、震えてあなたのパンを食べ、おののきと恐れとをもって水を飲め。
“Ame vi, nɔ ƒoƒom kpakpakpa ne èle wò abolo ɖum, eye nànɔ dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ne èle wò tsi nom.
19 そしてこの地の民について言え、主なる神はイスラエルの地のエルサレムの民についてこう言われる、彼らは恐れをもってそのパンを食べ、驚きをもってその水を飲むようになる。これはその地が、すべてその中に住む者の暴虐のために衰え、荒れ地となるからである。
Gblɔ na anyigba la dzi tɔwo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso ame siwo le Yerusalem dua me kple Israel ƒe anyigba dzi la ŋu. Woaɖu woƒe nu le dzimaɖeɖi me, eye woano woƒe tsi le dziɖeleameƒo me, elabena woaɖe nu siwo katã le anyigba la dzi ɖa le ame siwo katã le afi ma la ƒe ŋutasẽnuwo wɔwɔ ta.
20 人の住んでいた町々は荒れはて、地は荒塚となる。そしてあなたがたは、わたしが主であることを知るようになる」。
Du siwo me ameawo le la azu aƒedo, eye anyigba la azu gbegbe. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’”
21 主の言葉がわたしに臨んだ、
Yehowa ƒe nya va nam be,
22 「人の子よ、イスラエルの地について、あなたがたが『日は延び、すべての幻はむなしくなった』という、このことわざはなんであるか。
“Ame vi, nu kae nye lododo sia si le mia si le Israel ƒe anyigba dzi be, ‘Ŋkekeawo le yiyim, eye ŋutega ɖe sia ɖe nye dzodzro.’
23 それゆえ、彼らに言え、『主なる神はこう言われる、わたしはこのことわざをやめさせ、彼らが再びイスラエルで、これをことわざとしないようにする』と。しかし、あなたは彼らに言え、『日とすべての幻の実現とは近づいた』と。
Gblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Matsi lododo sia nu, eye womagadoe azɔ le Israel o.’ Gblɔ na wo be, ‘Ŋkeke siwo me ŋutega ɖe sia ɖe nava eme la gogo.
24 イスラエルの家のうちには、もはやむなしい幻も、偽りの占いもなくなる。
Elabena aʋatsoŋutegawo alo alakpanukaka la, maganɔ anyi le Israelviwo dome o.
25 しかし主なるわたしは、わが語るべきことを語り、それは必ず成就する。決して延びることはない。ああ、反逆の家よ、あなたの日にわたしはこれを語り、これを成就すると、主なる神は言われる」。
Ke nye Yehowa magblɔ nya si magblɔ, eye wòava eme enumake. Elabena le miaƒe ŋkekewo me la, mana nya sia nya si megblɔ ɖe mi aglãdzelawo ŋu la nava eme; nenemae Aƒetɔ Yehowa gblɔ.’”
26 主の言葉がまたわたしに臨んだ、
Yehowa ƒe nya va nam be,
27 「人の子よ、見よ、イスラエルの家は言う、『彼の見る幻は、なお多くの日の後の事である。彼が預言することは遠い後の時のことである』と。
“Ame vi, Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be, ‘Ŋutega si wòkpɔna la ava eme le ƒe geɖewo megbe, eye wògblɔa nya ɖi tso ɣeyiɣi didi aɖe si gbɔna la ŋu.’
28 それゆえ、彼らに言え、主なる神はこう言われる、わたしの言葉はもはや延びない。わたしの語る言葉は成就すると、主なる神は言われる」。
“Eya ta gblɔ na wo be, Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Nye nyawo dometɔ aɖeke magahe ɖe megbe azɔ o. Nya sia nya si megblɔ la ava eme.’ Aƒetɔ Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.”

< エゼキエル書 12 >