< 申命記 11 >

1 それゆえ、あなたの神、主を愛し、常にそのさとしと、定めと、おきてと、戒めとを守らなければならない。
“Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nàwɔ eƒe sewo katã dzi.
2 あなたがたは、きょう、次のことを知らなければならない。わたしが語るのは、あなたがたの子供たちに対してではない。彼らはあなたがたの神、主の訓練と、主の大いなる事と、その強い手と、伸べた腕とを知らず、また見なかった。
Miɖo to! Nyemele nu ƒom fifia na mia viwo, ame siwo mekpɔ eƒe tohehe na Egiptetɔwo alo eƒe gãnyenye kple ŋusẽ teƒe kpɔ o.
3 また彼らは主がエジプトで、エジプト王パロとその全国に対して行われたしるしと、わざ、
Womenɔ afi ma kpɔ nukunu siwo wòwɔ le Egipte ɖe Farao kple eƒe anyigba blibo la ŋu o.
4 また主がエジプトの軍勢とその馬と戦車とに行われた事、すなわち彼らがあなたがたのあとを追ってきた時に、紅海の水を彼らの上にあふれさせ、彼らを滅ぼされて、今日に至った事、
Womekpɔ nu si Mawu wɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔwo, woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo, ale si wònyrɔ wo ɖe Ƒu Dzĩ la me esi wodze mia yome kple ale si Yehowa na woƒe ŋusẽ ɖe mia ŋu nu ku va se ɖe egbeŋkeke sia dzi o!
5 またあなたがたがこの所に来るまで、主が荒野で、あなたがたに行われた事、
Womekpɔ ale si Yehowa kpɔ mia dzi ɣe sia ɣi le ƒe siwo katã me mienɔ tsaglalã tsam le gbedzi va se ɖe esime mieɖo afi sia o.
6 およびルベンの子のエリアブの子、ダタンとアビラムとにされた事、すなわちイスラエルのすべての人々の中で、地が口を開き、彼らと、その家族と、天幕と、彼らに従うすべてのものを、のみつくした事などを彼らは知らず、また見なかった。
Womenɔ afi ma esime Datan kple Abiram, Eliab ƒe viŋutsuwo kple Ruben ƒe dzidzimeviwo wɔ nu vɔ̃, eye anyigba ke nu mi wo, woƒe aƒemetɔwo, agbadɔwo kple woƒe nuwo katã le Israelviwo katã ŋkume o!
7 しかし、あなたがたは主が行われたこれらの大いなる事を、ことごとく目に見たのである。
“Ke miawo la, miekpɔ Yehowa ƒe nukunu gã siawo teƒe,
8 ゆえに、わたしが、きょう、あなたがたに命じる戒めを、ことごとく守らなければならない。そうすればあなたがたは強くなり、渡って行って取ろうとする地にはいって、それを取ることができ、
eya ta wòle be miawɔ se siwo mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ ale be miate ŋu akpɔ ŋusẽ be miayi anyigba si dzi miele gege ge ɖo fifia, eye miaxɔe.
9 かつ、主が先祖たちに誓って彼らとその子孫とに与えようと言われた地、乳と蜜の流れる国において、長く生きることができるであろう。
Ne miewɔ seawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo kple miawo kple miaƒe dzidzimeviwo la dzi. Anyigba la nye anyigba wɔnuku aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo!’
10 あなたがたが行って取ろうとする地は、あなたがたが出てきたエジプトの地のようではない。あそこでは、青物畑でするように、あなたがたは種をまき、足でそれに水を注いだ。
Anyigba si dzi miage ɖo, eye miaxɔ la, mele abe Egiptenyigba, afi si mietso, afi si wòhiã le be miadze tɔʋu suewo ɖe miaƒe agblewo me, ana tsi nato wo me hena miaƒe agblemenukuwo ƒe wɔwɔ ene o.
11 しかし、あなたがたが渡って行って取る地は、山と谷の多い地で、天から降る雨で潤っている。
Anyigba nyui aɖe si dzi towo kple balimewo le, eye tsi dzana le nyuie la wònye,
12 その地は、あなたの神、主が顧みられる所で、年の始めから年の終りまで、あなたの神、主の目が常にその上にある。
anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la ŋutɔ léa be na, eye eƒe ŋku le anyigba la ŋu ɣe sia ɣi tso ŋkeke yi ŋkeke le ƒe blibo la me!
13 もし、きょう、あなたがたに命じるわたしの命令によく聞き従って、あなたがたの神、主を愛し、心をつくし、精神をつくして仕えるならば、
“Ne miawɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo katã mele mia na ge egbe la dzi pɛpɛpɛ, eye ne mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo, eye miasubɔe la,
14 主はあなたがたの地に雨を、秋の雨、春の雨ともに、時にしたがって降らせ、穀物と、ぶどう酒と、油を取り入れさせ、
ekema agana adametsi kple kelemetsi nadza na mi ale be miate ŋu akpɔ bli fũu kple waintsetse geɖewo kple ami sɔ gbɔ.
15 また家畜のために野に草を生えさせられるであろう。あなたは飽きるほど食べることができるであろう。
Ana lãnyiƒe damawo mi hena miaƒe lãwo, eye miawo ŋutɔ miakpɔ nu aɖu, aɖi ƒo nyuie.
16 あなたがたは心が迷い、離れ去って、他の神々に仕え、それを拝むことのないよう、慎まなければならない。
“Ke mikpɔ nyuie be miaƒe dzi nagatrɔ le Yehowa yome be miasubɔ mawu bubuwo o.
17 おそらく主はあなたがたにむかい怒りを発して、天を閉ざされるであろう。そのため雨は降らず、地は産物を出さず、あなたがたは主が賜わる良い地から、すみやかに滅びうせるであろう。
Ne miesubɔ mawu bubuwo la, Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye wòatu dziƒo nu ale be tsi magadza o, eye agblemenukuwo mawɔ o. Ekema miatsrɔ̃ enumake le anyigba nyui si Yehowa na mi la dzi,
18 それゆえ、これらのわたしの言葉を心と魂におさめ、またそれを手につけて、しるしとし、目の間に置いて覚えとし、
eya ta milé se siawo ɖe ta me. Mibla wo ɖe miaƒe asiwo ŋu ale be woanɔ ŋku dzi na mi, eye miawɔ wo dzi. Mibla wo ɖe miaƒe ŋgonu le miaƒe ŋkuwo dome.
19 これを子供たちに教え、家に座している時も、道を歩く時も、寝る時も、起きる時も、それについて語り、
Mifia wo mia viwo; miƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me, ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple do ŋgɔ na ŋdinuɖuɖu!
20 また家の入口の柱と、門にそれを書きしるさなければならない。
Miŋlɔ wo ɖe miaƒe ʋɔtrutiwo ŋu le miaƒe aƒewo me kple miaƒe agbowo ŋu,
21 そうすれば、主が先祖たちに与えようと誓われた地に、あなたがたの住む日数およびあなたがたの子供たちの住む日数は、天が地をおおう日数のように多いであろう。
ale be zi ale si dziŋgɔli anɔ anyi le mia tame ko la, mi kple mia viwo miakpɔ gome le agbe vivi si le mia lalam le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo la dzi.
22 もしわたしがあなたがたに命じるこのすべての命令をよく守って行い、あなたがたの神、主を愛し、そのすべての道に歩み、主につき従うならば、
“Ne miewɔ ɖe se siwo katã mede na mi dzi pɛpɛpɛ, ne mielɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, ne miezɔ ɖe eƒe ɖoɖowo katã dzi, eye mielé ɖe eŋu la,
23 主はこの国々の民を皆、あなたがたの前から追い払われ、あなたがたはあなたがたよりも大きく、かつ強い国々を取るに至るであろう。
ekema Yehowa anya dukɔwo katã ɖa le mia ŋgɔ, aleke gbegbe woasɔ gbɔ wu mi, eye woasẽ wu mi hã!
24 あなたがたが足の裏で踏む所は皆、あなたがたのものとなり、あなたがたの領域は荒野からレバノンに及び、また大川ユフラテから西の海に及ぶであろう。
Afi sia afi si miaɖo afɔe la, anyigba la anye mia tɔ. Miaƒe liƒowo akeke tso Negeb ƒe anyigbeme ayi Lebanon, agatso Frat tɔsisi la ŋu, ayi Domeƒu la ŋu.
25 だれもあなたがたに立ち向かうことのできる者はないであろう。あなたがたの神、主は、かつて言われたように、あなたがたの踏み入る地の人々が、あなたがたを恐れおののくようにされるであろう。
Ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la ade vɔvɔ̃ ameawo me ɖe mia ŋu do ŋgɔ na mi, afi sia afi si miayi abe ale si wòdo ŋugbe na mi ene tututu.
26 見よ、わたしは、きょう、あなたがたの前に祝福と、のろいとを置く。
“Kpɔ ɖa, metsɔ yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom egbea be miatia.
27 もし、きょう、わたしがあなたがたに命じるあなたがたの神、主の命令に聞き従うならば、祝福を受けるであろう。
Miaxɔ yayra ne miewɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo metsɔ le mia nam egbe la dzi,
28 もしあなたがたの神、主の命令に聞き従わず、わたしが、きょう、あなたがたに命じる道を離れ、あなたがたの知らなかった他の神々に従うならば、のろいを受けるであろう。
ke fiƒode ava mia dzi ne miegbe seawo dzi wɔwɔ, eye miesubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawuwo.
29 あなたの神、主が、あなたの行って占領する地にあなたを導き入れられる時、あなたはゲリジム山に祝福を置き、エバル山にのろいを置かなければならない。
Ne Yehowa, miaƒe Mawu la kplɔ mi yi anyigba la dzi be miaxɔe la, ekema woaɖe gbeƒã yayra le Gerizim to dzi, eye woaɖe gbeƒã fiƒode le Ebal to dzi!
30 これらの山はヨルダンの向こう側、アラバに住んでいるカナンびとの地で、日の入る方の道の西側にあり、ギルガルに向かいあって、モレのテレビンの木の近くにあるではないか。
Gerizim kple Ebal wonye towo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, afi si Kanaantɔwo le, le gbegbe si te ɖe Gilgal ŋu, afi si More ƒe ati gãwo le.
31 あなたがたはヨルダンを渡り、あなたがたの神、主が賜わる地にはいって、それを占領しようとしている。あなたがたはそれを占領して、そこに住むであろう。
Mitso Yɔdan tɔsisi la, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu le mia nam la dzi.
32 それゆえ、わたしが、きょう、あなたがたに授ける定めと、おきてをことごとく守って行わなければならない。
Ke ele na mi be miawɔ ɖe se siwo katã mele mia nam egbea la dzi.”

< 申命記 11 >