< 歴代誌Ⅱ 4 >

1 ソロモンはまた青銅の祭壇を造った。その長さ二十キュビト、幅二十キュビト、高さ十キュビトである。
Fia Solomo wɔ akɔblivɔsamlekpui aɖe; edidi mita asieke, keke mita asieke eye wòkɔ mita ene kple afã.
2 彼はまた海を鋳て造った。縁から縁まで十キュビトであって、周囲は円形をなし、高さ五キュビトで、その周囲は綱をもって測ると三十キュビトあった。
Etsɔ gayibɔ wɔ gazɔ si le nogo, eƒe ta ƒe kekeme anɔ mita eve kple afã kpe ɖo, gazɔ la ƒe kɔkɔme anɔ mita ɖeka kple afã. Ne wodzidze zɔ la ƒe kekeme blibo la, anɔ mita wuietɔ̃ kple afã.
3 海の下には三十キュビトの周囲をめぐるひさごの形があって、海の周囲を囲んでいた。そのひさごは二並びで、海を鋳る時に鋳たものである。
Wowɔ nyitsu siwo ƒe lolome anɔ mita afã la, ɖe zɔ la te. Wowɔ nyitsuawo ɖe fli eve me eye fliawo tsyia ɖe wo nɔewo nu, abe gazɔ la ke ene.
4 その海は十二の牛の上に置かれ、その三つは北に向かい、三つは西に向かい、三つは南に向かい、三つは東に向かっていた。海はその上に置かれ、牛のうしろはみな内に向かっていた。
Wotsɔ zɔ la da ɖe nyitsu wuieve dzi. Etɔ̃ dze ŋgɔ anyiehe, etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, etɔ̃ dze ŋgɔ dziehe eye etɔ̃ dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Wotsɔ zɔ la da ɖe wo tame eye zɔ la ƒe afɔwo le woƒe titina.
5 海の厚さは手の幅で、その縁は杯の縁のように、ゆりの花に似せて造られた。海には水を三千バテ入れることができた。
Zɔ la tri sentimita enyi, eƒe to le abe tsinokplu tɔ ene eye wowɔe abe ale si dzogbenya ƒe seƒoƒo le ene. Exɔa tsi kilolita blaade-vɔ-ade.
6 彼はまた物を洗うために洗盤十個を造って、五個を南側に、五個を北側に置いた。その中で燔祭に用いるものを洗った。しかし海は祭司がその中で身を洗うためであった。
Solomo gawɔ gagba ewo da ɖi be woaklɔ numevɔsanuwo ɖe wo me; atɔ̃ le dziehe gome eye atɔ̃ hã le dziehe gome na gazɔ gã la. Nunɔlawo mewɔa gagbawo ŋudɔ le tsilele me o, ke boŋ wowɔa gazɔ la ŋu dɔ.
7 彼はまた金の燭台十個をその定めに従って造り、拝殿の中の南側に五個、北側に五個を置き、
Solomo wɔ Mawu ƒe ɖoɖowo dzi eye wòwɔ sikakaɖiti ewo da ɖe gbedoxɔ la me, atɔ̃ nɔ gli ŋu le dziehe gome eye atɔ̃ hã nɔ gli ŋu le anyiehe gome.
8 また机十個を造り、神殿の中の南側に五個、北側に五個を置き、また金の鉢百を造った。
Ewɔ kplɔ̃ ewo hã; eda atɔ̃ ɖe gli ŋu le dziehe gome, atɔ̃ hã nɔ gli ŋu le anyiehe gome eye wòwɔ sikatre ewo hã.
9 彼はまた祭司の庭と大庭および庭の戸を造り、その戸を青銅でおおった。
Ewɔ xɔxɔnu ɖeka na nunɔlawo, bubu na ame mamlɛawo eye wòfa akɔbli ɖe xɔxɔnu sia ƒe gliwo ŋu.
10 彼は海を宮の東南のすみにすえた。
Gazɔ gã la nɔ gbedoxɔ la ƒe gotaxɔwo ƒe dzogoe si nɔ dziehe kple ɣedzeƒe dome.
11 ヒラムはまたつぼと十能と鉢とを造った。こうしてヒラムはソロモン王のため、神の宮の工事を終えた。
Huram gawɔ zewo, sofiwo kple tre siwo ŋudɔ woawɔ le vɔsasa me. Ale wòwu dɔ si Fia Solomo de asi nɛ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu nu.
12 すなわち二本の柱と玉と、柱の頂にある二つの柱頭と、柱の頂にある柱頭の二つの玉をおおう二つの網細工と、
Dɔ siawoe nye sɔti eveawo tutu; tameɖonu ɖeka ɖeka na sɔti eveawo; wotsi kɔsɔkɔsɔ eve ɖe tameɖonu nogoawo ŋu le sɔtiawo tame,
13 その二つの網細工のためのざくろ四百、このざくろはおのおの網細工に二並びにつけて、柱の頂にある柱頭の二つの玉を巻いていた。
yevuboɖa alafa ene le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu ne woxe ta mligo eve siwo le sɔtiawo tame la ŋu.
14 彼はまた台と台の上の洗盤と、
Gagbawo kple woƒe zɔwo,
15 一つの海とその下の十二の牛を造った。
gazɔ ɖeka kple nyitsu wuieve siwo le ete;
16 つぼ、十能、肉さしなどすべてこれらの器物を、達人ヒラムはソロモン王のため、主の宮のために、光のある青銅で造った。
zewo, sofiwo kple gaflowo. Huram Abi, aɖaŋutɔ gã la wɔ nu siawo katã kple akɔbli si woƒo la na Fia Solomo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la.
17 王はヨルダンの低地で、スコテとゼレダの間の粘土の地でこれを鋳た。
Fia la na wololõ ga la kɔ ɖe nu si wowɔ ɖe nuawo ƒe nɔnɔme me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Sukɔt kple Zereda dome.
18 このようにソロモンはこれらのすべての器物を非常に多く造ったので、その青銅の重量は、量ることができなかった。
Akɔbli siwo ŋu dɔ Solomo wɔ la sɔ gbɔ ale gbegbe be, womete ŋu dae o.
19 こうしてソロモンは神の宮のすべての器物を造った。すなわち金の祭壇と、供えのパンを載せる机、
Solomo na wotsɔ sika nyuitɔ wɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la me nuwo katã. Nu siawoe nye: vɔsamlekpui kple kplɔ̃ siwo dzi wodaa Ŋkumeɖobolo ɖo.
20 また定めのように本殿の前で火をともす純金の燭台と、そのともしび皿を造った。
Etsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖitiawo kple woƒe akaɖiawoe be woanɔ bibim le Kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la ŋgɔ abe ale si woɖoe da ɖi ene.
21 その花、ともしび皿、心かきは精金であった。
Wotsɔ sika wɔ seƒoƒowo eye wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiawo kple ɖovulãnuwo.
22 また心切りばさみ、鉢、香の杯、心取り皿は純金であった。また宮の戸、すなわち至聖所の内部の戸および拝殿の戸のひじつぼは金であった。
Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖimeɖovulãnuwo, ʋuhlẽgbawo, nuɖugbawo kple dzudzɔdonuwo eye wotsɔ sika wɔ gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo, ʋɔtru emetɔ si le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu kple ʋɔtru siwo le akpata gã la nu.

< 歴代誌Ⅱ 4 >