< 歴代誌Ⅰ 2 >

1 イスラエルの子らは次のとおりである。ルベン、シメオン、レビ、ユダ、イッサカル、ゼブルン、
Esiawoe nye Israel ƒe viŋutsuwo: Ruben, Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Zebulon,
2 ダン、ヨセフ、ベニヤミン、ナフタリ、ガド、アセル。
Dan, Yosef, Benyamin, Naftali, Gad kple Aser.
3 ユダの子らはエル、オナン、シラである。この三人はカナンの女バテシュアがユダによって産んだ者である。ユダの長子エルは主の前に悪を行ったので、主は彼を殺された。
Yuda dzi ŋutsuvi etɔ̃ kple Bat Sua, Kanaan ɖetugbi aɖe. Woawoe nye Er, Onan kple Sela. Via tsitsitɔ, Er, vɔ̃ɖi le Yehowa ƒe ŋkume ale gbegbe be, Yehowa wui.
4 ユダの嫁タマルはユダによってペレヅとゼラを産んだ。ユダの子らは合わせて五人である。
Er ƒe ahosi, Tamar kple Er fofo, Yuda, wodzi evenɔviwo: Perez kple Zera; ale viŋutsuvi atɔ̃ nɔ Yuda si.
5 ペレヅの子らはヘヅロンとハムル。
Perez ƒe viwoe nye: Hezron kple Hamul.
6 ゼラの子らはジムリ、エタン、ヘマン、カルコル、ダラで、合わせて五人である。
Zera ƒe viwo nye: Zimri, Etan, Heman, Kalkol kple Dara.
7 カルミの子はアカル。アカルは奉納物について罪を犯し、イスラエルを悩ました者である。
Aka, Karmi ƒe vie nye ame si he fukpekpe va Israel dzi elabena efi nu kɔkɔewo.
8 エタンの子はアザリヤである。
Etan ƒe vie nye Azaria.
9 ヘヅロンに生れた子らはエラメル、ラム、ケルバイである。
Hezron ƒe viwoe nye Yerameel, Ram kple Kelubai.
10 ラムはアミナダブを生み、アミナダブはユダの子孫のつかさナションを生んだ。
Ram dzi Aminadab eye Aminadab dzi Nahson, ame si va zu Yuda to la ƒe kplɔla ɖeka.
11 ナションはサルマを生み、サルマはボアズを生み、
Nahson dzi Salma eye Salma hã dzi Boaz.
12 ボアズはオベデを生み、オベデはエッサイを生んだ。
Boaz dzi Obed ame si dzi Yese.
13 エッサイは長子エリアブ、次にアビナダブ、第三にシメア、
Yese ƒe vi gbãtɔe nye Eliab, eveliae nye Abinadab eye etɔ̃liae nye Simea;
14 第四にネタンエル、第五にラダイ、
eneliae nye Netanel, atɔ̃liae nye Radai,
15 第六にオゼム、第七にダビデを生んだ。
adelia nye Ozem eye adreliae nye David.
16 彼らの姉妹はゼルヤとアビガイルである。ゼルヤの産んだ子はアビシャイ、ヨアブ、アサヘルの三人である。
Srɔ̃a ma ke dzi vinyɔnuvi eve nɛ. Woawoe nye Zeruia kple Abigail. Zeruya ƒe viŋutsuwoe nye Abisai, Yoab kple Asahel.
17 アビガイルはアマサを産んだ。アマサの父はイシマエルびとエテルである。
Yeter, ame si nye ŋutsu aɖe tso Ismael nyigba dzi la ɖe Abigail eye wòdzi ŋutsuvi aɖe si wona ŋkɔe be Amasa la nɛ.
18 ヘヅロンの子カレブはその妻アズバおよびエリオテによって子をもうけた。その子らはエシル、ショバブ、アルドンである。
Kaleb, Hezron ƒe vi ɖe srɔ̃ eve, Azuba kple Yeriot. Azuba ƒe viwoe nye: Yeser, Sobab kple Ardon.
19 カレブはアズバが死んだのでエフラタをめとった。エフラタはカレブによってホルを産んだ。
Esi Azuba ku la, Kaleb ɖe Efrat eye wòdzi ŋutsuvi, Hur, nɛ.
20 ホルはウリを生み、ウリはベザレルを生んだ。
Hur ƒe vie nye Uri eye Uri hã dzi Bezalel.
21 そののちヘヅロンはギレアデの父マキルの娘の所にはいった。彼が彼女をめとったときは六十歳であった。彼女はヘヅロンによってセグブを産んだ。
Esi Hezron xɔ ƒe blaade la eɖe Makir ƒe vinyɔnu eye wòdzi ŋutsuvi, Segub nɛ. Makir ƒe vi bubue nye Gilead.
22 セグブはヤイルを生んだ。ヤイルはギレアデの地に二十三の町をもっていた。
Segub nye Yair fofo. Du blaeve-vɔ-etɔ̃ nɔ Yair ƒe kpɔkplɔ te le Gileadnyigba dzi.
23 しかしゲシュルとアラムは彼らからハボテ・ヤイルおよびケナテとその村里など合わせて六十の町を取った。これらはみなギレアデの父マキルの子孫であった。
(Ke Gesur kple Aram xɔ Havot Yair kple Kenat kple du sue blaade siwo ƒo xlãe la le esi sesẽtɔe.) Ame siawo katã nye Makir, si nye Gilead fofo la ƒe viwo.
24 ヘヅロンが死んだのち、カレブは父ヘヅロンの妻エフラタの所にはいった。彼女は彼にテコアの父アシュルを産んだ。
Esi Hezron ku le Kaleb Efrata la, Abiya, Hezron srɔ̃ dzi Asur, Tekoa fofo.
25 ヘヅロンの長子エラメルの子らは長子ラム、次はブナ、オレン、オゼム、アヒヤである。
Hezron ƒe vi tsitsitɔ, Yerameel ƒe viwoe nye: Ram ƒe viŋutsu tsitsitɔ, Buna, Oren, Ozem kple Ahiya.
26 エラメルはまたほかの妻をもっていた。名をアタラといって、オナムの母である。
Yerameel srɔ̃ evelia, Atara, dzi Onam.
27 エラメルの長子ラムの子らはマアツ、ヤミン、エケルである。
Ram ƒe viwoe nye Maaz, Yamin kple Eker.
28 オナムの子らはシャンマイとヤダである。シャンマイの子らはナダブとアビシュルである。
Onam ƒe viwoe nye Samai kple Yada. Samai dzi Nadab kple Abisur.
29 アビシュルの妻の名はアビハイルといって、アバンとモリデを産んだ。
Abisur kple srɔ̃a Abihail dzi Aban kple Molid.
30 ナダブの子らはセレデとアッパイムである。セレデは子をもたずに死んだ。
Nadab ƒe viwoe nye Seled kple Apaim. Seled medzi vi aɖeke hafi ku o.
31 アッパイムの子はイシ、イシの子はセシャン、セシャンの子はアヘライである。
Apaim ƒe vie nye Isi, ame si dzi Sesan eye eya hã dzi Ahlai.
32 シャンマイの兄弟ヤダの子らはエテルとヨナタンである。エテルは子をもたずに死んだ。
Samai nɔvi dzi ŋutsuvi eve: Yeter kple Yonatan. Yeter medzi vi aɖeke hafi ku o,
33 ヨナタンの子らはペレテとザザである。以上はエラメルの子孫である。
ke Yonatan dzi vi eve: Pelet kple Zaza. Ame siawoe nye Yerameel ƒe viwo.
34 セシャンには男の子はなく、ただ女の子のみであったが、彼はヤルハと呼ぶエジプトびとの奴隷をもっていたので、
Viŋutsu aɖeke menɔ Sesan si o; vinyɔnuwo koe nɔ esi. Egipte dɔlaŋutsu aɖe nɔ esi; eŋkɔe nye Yarha.
35 セシャンは娘を奴隷ヤルハに与えてその妻とさせた。彼女はヤルハによってアッタイを産んだ。
Sesan tsɔ via nyɔnu na eƒe dɔlaŋutsu, Yarha, wòɖe eye wodzi Atai.
36 アッタイはナタンを生み、ナタンはザバデを生み、
Atai dzi Natan, ame si dzi Zabad,
37 ザバデはエフラルを生み、エフラルはオベデを生み、
ame si dzi Eflal, ame si dzi Obed,
38 オベデはエヒウを生み、エヒウはアザリヤを生み、
ame si dzi Yehu, ame si dzi Azaria.
39 アザリヤはヘレヅを生み、ヘレヅはエレアサを生み、
Azaria dzi Helez, ame si dzi Eleasa,
40 エレアサはシスマイを生み、シスマイはシャルムを生み、
ame si dzi Sismai, ame si dzi Salum.
41 シャルムはエカミヤを生み、エカミヤはエリシャマを生んだ。
Salum dzi Yekamia ame si dzi Elisama.
42 エラメルの兄弟であるカレブの子らは長子をマレシャといってジフの父である。マレシャの子はヘブロン。
Kaleb, Yerameel nɔvi ƒe vi tsitsitɔe nye Mesa, ame si dzi Zif, ame si dzi Maresa, ame si dzi Hebron.
43 ヘブロンの子らはコラ、タップア、レケム、シマである。
Hebron ƒe viwoe nye Korah, Tapua, Rekem kple Sema.
44 シマはラハムを生んだ。ラハムはヨルカムの父である。またレケムはシャンマイを生んだ。
Sema dzi Raham ame si dzi Yorkeam. Rekem dzi Samai.
45 シャンマイの子はマオン。マオンはベテヅルの父である。
Samai dzi Maon eye Maon dzi Bet Zur.
46 カレブのそばめエパはハラン、モザ、ガゼズを産んだ。ハランはガゼズを生んだ。
Kaleb kple eƒe ahiãvi, Efa, wodzi Haran, Moza kple Gazez. Haran dzi Gazez.
47 エダイの子らはレゲム、ヨタム、ゲシャン、ペレテ、エパ、シャフである。
Yahdai dzi Regem, Yotam, Gesan, Pelet, Efa kple Saaf.
48 カレブのそばめマアカはシベルとテルハナを産み、
Kaleb ƒe ahiãvi, Maaka, dzi Seber kple Tirhana.
49 またマデマンナの父シャフおよびマクベナとギベアの父シワを産んだ。カレブの娘はアクサである。
Egadzi Saaf, ame si nye Madmana fofo kple Seva, Makbena fofo kple Gibea. Kaleb ƒe vinyɔnue nye Aksa.
50 これらはカレブの子孫であった。エフラタの長子ホルの子らはキリアテ・ヤリムの父ショバル、
Hur, ame si nye Kaleb kple Efrata ƒe vi tsitsitɔ la, dzi Sobal, Kiriat Yearim fofo,
51 ベツレヘムの父サルマおよびベテガデルの父ハレフである。
Salma, Betlehem fofo kple Haref, Bet Gader fofo.
52 キリアテ・ヤリムの父ショバル子らはハロエとメヌコテびとの半ばである。
Sobal ƒe viwoe nye Kiriat Yearim kple Haroe, ame si ƒe dzidzimeviwoe nye Menuhot tɔwo ƒe afã.
53 キリアテ・ヤリムの氏族はイテルびと、プテびと、シュマびと、ミシラびとであって、これらからザレアびとおよびエシタオルびとが出た。
Kiriat Yearim ƒe dzidzimeviwoe nye Yatiritɔwo, Putitɔwo, Sumatitɔwo kple Misraitɔwo, ame siwo me Zoratitɔwo kple Estaolitɔwo do tso.
54 サルマの子らはベツレヘム、ネトパびと、アタロテ・ベテ・ヨアブ、マナハテびとの半ばおよびゾリびとである。
Salma ƒe viwoe nye: Betlehem, Netofatitɔwo, Atrot Bet Yoab, Manahatitɔwo ƒe afã kple Zoritɔwo,
55 またヤベヅに住んでいた書記の氏族テラテびと、シメアテびと、スカテびとである。これらはケニびとであってレカブの家の先祖ハマテから出た者である。
agbalẽŋlɔlawo ƒe ƒome siwo nɔ Yabez: Tiratitɔwo, Imeatitɔwo kple Sukatitɔwo. Ame siawo katã nye Kenitɔwo eye wodzɔ tso Hamat me, ame si nye Rekab ƒe ƒome la fofo.

< 歴代誌Ⅰ 2 >