< 詩篇 27 >

1 ヱホバはわが光わが救なり われ誰をかおそれん ヱホバはわが生命のちからなり わが懼るべきものはたれぞや
David ƒe ha. Yehowae nye nye kekeli kple nye ɖeɖe. Ame ka mavɔ̃? Yehowae nye mɔ sesẽ na nye agbe, ame ka adzi ŋɔ nam?
2 われの敵われの仇なるあしきもの襲ひきたりてわが肉をくらはんとせしが蹶きかつ仆れたり
Ne ame vɔ̃ɖiwo lũ ɖe dzinye be woavuvum, ne nye futɔwo kple nye ketɔwo lũ ɖe dzinye la, woakli nu adze anyi.
3 縦ひいくさびと營をつらねて我をせむるともわが心おそれじ たとひ戰ひおこりて我をせむるとも我になほ恃あり
Togbɔ be aʋakɔ gã aɖe ɖe to ɖem hã la, nye dzi mavɔ̃ o, togbɔ be wodze aʋa ɖe ŋunye hã la, azɔ koŋ dzi aɖo ƒonye.
4 われ一事をヱホバにこへり我これをもとむ われヱホバの美しきを仰ぎその宮をみんがためにわが世にあらん限りはヱホバの家にすまんとこそ願ふなれ
Nu ɖeka mebia Yehowa, esiae nye be manɔ Yehowa ƒe aƒe me le nye agbemeŋkekewo katã me, ne malé ŋku ɖe Yehowa ƒe nyonyo ŋu, eye madii le eƒe gbedoxɔ me.
5 ヱホバはなやみの日にその行宮のうちに我をひそませその幕屋のおくにわれをかくし巌のうへに我をたかく置たまふべければなり
Elabena le xaxaɣiwo la, atsyɔ nu dzinye le eƒe nɔƒe la me; aɣlam ɖe eƒe agbadɔ ƒe bebeƒe, eye wòakɔm aɖo agakpe kɔkɔ aɖe dzi.
6 今わが首はわれをめぐれる仇のうへに高くあげらるべし この故にわれヱホバのまくやにて歓喜のそなへものを献ん われうたひてヱホバをほめたたへん
Ekema nye ta akɔ dzi agbɔ nye futɔ siwo ƒo xlãm godoo la ta; matsɔ dzidzɔɣli asa vɔ nɛ le eƒe agbadɔ kɔkɔe la me. Madzi ha, eye maƒo saŋku na Yehowa.
7 わが聲をあげてさけぶときヱホバよきき給へ また憐みてわれに應へたまへ
O! Yehowa, se nye gbe, ne meyɔ wò; kpɔ nublanui nam, eye nàtɔ nam.
8 なんぢらわが面をたづねもとめよと(斯る聖言のありしとき)わが心なんぢにむかひてヱホバよ我なんぢの聖顔をたづねんといへり
Nye dzi le gbɔgblɔm le ŋuwò be, “Di eƒe ŋkume!” Yehowa, wò ŋkumee madi.
9 ねがはくは聖顔をかくしたまふなかれ 怒りてなんぢの僕をとほざけたまふなかれ汝はわれの助なり 噫わがすくひの神よ われをおひいだし我をすてたまふなかれ
Mègaɣla wò ŋkume ɖem o, mègatrɔ wò dɔla ɖo ɖa le dɔmedzoe me o, elabena wòe nye nye xɔnametɔ. O! Mawu, nye Ɖela, mègagbe nu le gbɔnye alo agblem ɖi o.
10 わが父母われをすつるともヱホバわれを迎へたまはん
Togbɔ be tɔnye kple nɔnye gblem ɖi hã la, Yehowa axɔm.
11 ヱホバよなんぢの途をわれにをしへ わが仇のゆゑに我をたひらかなる途にみちびきたまへ
O! Yehowa, fia wò mɔwom; kplɔm to mɔ dzɔdzɔe dzi, le ame siwo tem ɖe to la ta.
12 いつはりの證をなすもの暴厲を吐もの我にさからひて起りたてり 願くはわれを仇にわたしてその心のままに爲しめたまふなかれ
Mègatsɔm de asi na nye futɔwo ƒe didi o, elabena alakpaɖasefowo tso ɖe ŋutinye kpe ɖe ame siwo lɔ ŋutasesẽ ƒe gbɔgbɔtsixɛ ɖe ƒo la ŋuti.
13 われもしヱホバの恩寵をいけるものの地にて見るの侍なからましかば奈何ぞや
Esia nye nu si dzi meka ɖo la be: Makpɔ Yehowa ƒe nu nyuiwo le agbagbeawo ƒe anyigba dzi.
14 ヱホバを俟望ぞめ雄々しかれ汝のこころを堅うせよ 必ずやヱホバをまちのぞめ
Kpɔ mɔ na Yehowa; sẽ ŋu, eye nàlé dzi ɖe ƒo. Kpɔ mɔ na Yehowa.

< 詩篇 27 >