< Marco 16 >

1 ORA, passato il sabato, Maria Maddalena, e Maria [madre] di Giacomo, e Salome, avendo comperati degli aromati, per venire ad imbalsamar Gesù,
Le fiẽ me, esi Dzudzɔgbe ŋkeke la wu enu la, Maria Magdalatɔ, Salome kple Maria Yakobo dada woyi ɖaƒle ami ʋeʋĩ si wosina na ame kuku be magblẽ kaba o la da ɖi.
2 la mattina del primo giorno della settimana, molto per tempo, vennero al monumento, in sul levar del sole.
Le Kɔsiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ, le ŋdi kanya la, wofɔ, tsɔ amiawo ɖe asi dze mɔ ɖo ta Yesu ƒe yɔdo to.
3 E dicevan fra loro: Chi ci rotolerà la pietra dall'apertura del monumento?
Esi wole mɔa dzi yina la, wobia wo nɔewo be, “Ame kae amli kpe gã si le yɔdo la nu la ɖa na mí?”
4 E riguardando, vedono che la pietra era stata rotolata, perciocchè era molto grande.
Gake nukutɔe la, esi wova ɖo teƒea la, wokpɔ be womli kpe si wotsɔ tu yɔdo la nu la da ɖe adzɔge eye yɔdoa le ʋuʋu.
5 Ed essendo entrate nel monumento, videro un giovanetto, che sedeva dal lato destro, vestito d'una roba bianca; e furono spaventate.
Woge ɖe yɔdo la me eye wokpɔ ɖekakpui aɖe wònɔ awu ɣi tititi me, nɔ anyi ɖe yɔdo la ƒe ɖusime. Le nyateƒe me la, vɔvɔ̃ ɖo nyɔnuawo ale gbegbe be dzidzi ƒo wo.
6 Ed egli disse loro: Non vi spaventate; voi cercate Gesù, il Nazareno, ch'è stato crocifisso; egli è risuscitato, egli non è qui; ecco il luogo ove l'aveano posto.
Gake mawudɔla la gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Menye Yesu Nazaretitɔ, si woklã ɖe ati ŋu la dim miele oa? Mele afi sia o, etsi tsitre. Mikpɔ afi si wokɔ eƒe ŋutilã mlɔe ɖa.
7 Ma andate, e dite a' suoi discepoli ed a Pietro, ch'egli va innanzi a voi in Galilea; quivi lo vedrete, come egli vi ha detto.
Azɔ miyi ɖagblɔ nya sia na Petro kple nusrɔ̃la bubuawo be: ‘Yesu dze mia ŋgɔ yina ɖe Galilea. Miakpɔe le afi ma abe ale si wògblɔe na mi hafi ku ene.’”
8 Ed esse, uscite prontamente, se ne fuggirono dal monumento; perciocchè tremito e spavento le avea occupate; e non dissero nulla ad alcuno, perciocchè aveano paura.
Nyɔnuawo si do go le yɔdo la me kple vɔvɔ̃ gã aɖe. Wovɔ̃ ale gbegbe be womagate ŋu aƒo nu gɔ̃ hã o. [
9 (note: The most reliable and earliest manuscripts do not include Mark 16:9-20.) OR Gesù, essendo risuscitato la mattina del primo [giorno] della settimana, apparve prima a Maria Maddalena, della quale avea cacciati sette demoni.
(note: The most reliable and earliest manuscripts do not include Mark 16:9-20.) Kɔsiɖagbe ƒe ŋdi kanyae Yesu fɔ tso ame kukuwo dome eye ame gbãtɔ si kpɔe lae nye Maria Magdalatɔ, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre do goe le.
10 Ed ella andò, e [l]'annunziò a coloro ch'erano stati con lui, i quali facevan cordoglio, e piangevano.
Eɖake ɖe nusrɔ̃lawo ŋu, woƒo ƒu ɖe teƒe ɖeka henɔ konyi fam, henɔ avi fam.
11 Ed essi, udito ch'egli viveva, e ch'era stato veduto da lei, no[l] credettero.
Egblɔ na wo be yekpɔ Yesu wòle agbe, gake nusrɔ̃lawo mexɔ nya sia dzi se o.
12 Ora, dopo queste cose, apparve in altra forma a due di loro, i quali erano in cammino, andando a' campi.
Esia megbe la, Yesu ɖe eɖokui fia ŋutsu eve siwo nɔ mɔ zɔm yina teƒe aɖe si tso abo, ke womekpɔe dze sii gbã o.
13 E quelli andarono, e [l]'annunziarono agli altri; [ma] quelli ancora non credettero.
Esi wova kpɔe dze sii mlɔeba be Yesue la, wotrɔ yi ɖagblɔe na wo tɔwo gake womexɔe se o.
14 Ultimamente, apparve agli undici, mentre erano a tavola; e rimproverò [loro] la loro incredulità, e durezza di cuore; perciocchè non avean creduto a coloro che l'avean veduto risuscitato.
Emegbe la, Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃la wuiɖekɛawo esime wonɔ teƒe ɖeka nɔ nu ɖum. Ehe nya ɖe wo ŋu vevie le woƒe dzimaxɔse kple tosesẽ ta, elabena wogbe be yewomaxɔ ame siwo kpɔe le eƒe tsitretsitsi megbe la ƒe nya dzi ase o.
15 Ed egli disse loro: Andate per tutto il mondo, e predicate l'evangelo ad ogni creatura.
Azɔ egblɔ na wo be, “Fifia la, miyi ɖe xexe blibo la me eye miagblɔ nyanyui la na ame sia ame le afi sia afi.
16 Chi avrà creduto, e sarà stato battezzato, sarà salvato; ma chi non avrà creduto sarà condannato.
Ame siwo axɔ nyanyui la, eye woade mawutsi ta na wo la akpɔ ɖeɖe, ke ame siwo asẽ to, agbe nyanyui la xɔxɔ la, woabu fɔ wo.
17 Or questi segni accompagneranno coloro che avranno creduto: Cacceranno i demoni nel mio nome; parleranno nuovi linguaggi;
Dzesi siawo akplɔ ame siwo axɔe se la ɖo: le nye ŋkɔ me woanya gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe. Woaƒo nu kple aɖe yeyewo.
18 torranno via i serpenti; ed avvegnachè abbiano bevuta alcuna cosa mortifera, quella non farà loro alcun nocimento; metteranno le mani sopra gl'infermi, ed essi staranno bene.
Woalé dawo kple woƒe asiwo, eye ne wono aɖi vɔ̃ɖi hã la, masi wo o. Woada woƒe asiwo ɖe dɔnɔwo dzi eye woƒe lãme asẽ.”
19 Il Signore adunque, dopo ch'ebbe lor parlato, fu raccolto nel cielo, e sedette alla destra di Dio.
Esi Aƒetɔ Yesu wu nya siawo nu la, wokɔe dzoe yi dziƒo eye wòɖanɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime.
20 Ed essi, essendo usciti, predicarono in ogni luogo, operando insieme il Signore, e confermando la parola per i segni che seguivano.
Nusrɔ̃lawo ɖo gbe henɔ mawunya gblɔm na amewo tso teƒe yi teƒe, Aƒetɔ la nɔ kpli wo eye wòɖo kpe eƒe nya la dzi to dzesi siwo kplɔ eƒe nyawo ɖo la me.]

< Marco 16 >