< Esodo 1 >

1 OR questi [sono] i nomi de' figliuoli d'Israele, che vennero in Egitto: essi [vi] vennero con Giacobbe, ciascuno con la sua famiglia.
Israel ƒe viŋutsu siwo kplɔ Yakob ɖo yi Egipte kple woƒe ƒometɔwoe nye:
2 Ruben, Simeone, Levi, e Giuda;
Ruben, Simeon, Levi, Yuda,
3 Issacar, Zabulon, e Beniamino;
Isaka, Zebulon, Benyamin,
4 Dan, Neftali, Gad, e Aser.
Dan, Naftali, Gad kple Aser.
5 E tutte le persone, uscite dell'anca di Giacobbe, erano settanta. Or Giuseppe era [già] in Egitto.
Ame siwo katã kplɔ Yakob ɖo yi Egipte la anɔ ame blaadre. Yosef ya nɔ afi ma xoxo.
6 E Giuseppe morì, e tutti i suoi fratelli, e tutta quella generazione.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yosef kple nɔviawo katã ku, eye dzidzime ma nu tso.
7 E i figliuoli d'Israele fruttarono e moltiplicarono copiosamente, e crebbero, e divennero grandemente possenti, talchè il paese fu ripieno di essi.
Azɔ la, Israelviwo ƒe dzidzimeviwo dzina kabakaba. Wodzi sɔ gbɔ ale gbegbe be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wozu dukɔ gã aɖe, eye woyɔ anyigba la dzi fũu.
8 Or sorse un nuovo re sopra l'Egitto, il qual non avea conosciuto Giuseppe.
Eva eme be fia yeye aɖe va ɖu Egipte dzi, ame si menya Yosef o.
9 [Costui] disse al suo popolo: Ecco, il popolo de' figliuoli d'Israele [è] più grande [e] più possente di noi.
Fia sia gblɔ na eƒe amewo be, “Kpɔ ɖa, Israelvi siawo sɔ gbɔ wu mí akpa.
10 Ora procediamo saggiamente intorno ad esso; che talora non moltiplichi; onde, se alcuna guerra avvenisse, egli non si congiunga anche esso co' nostri nemici, e non guerreggi contro a noi, o se ne vada via dal paese.
Mina míato ayemɔ aɖe dzi atsi nu sia nu. Ne míetsi nu sia nu o, eye aʋa dzɔ la, woade míaƒe futɔwo dzi, awɔ aʋa kpli mí asi adzo le anyigba la dzi.”
11 Furono adunque costituiti sopra il popolo d'Israele commissari d'angherie, per affliggerlo con le lor gravezze. E il [popolo] edificò a Faraone delle città da magazzini, [cioè], Pitom e Raamses.
Ale Egiptetɔwo wɔ Israelviwo woƒe kluviwoe. Wotsɔ dɔdzikpɔla ŋutasẽlawo ɖo wo nu be woana woawɔ dɔ sesẽ, woatu nudzraɖoƒe gãwo ɖe Pitom kple Rameses na Farao.
12 Ma quanto [più] l'affliggevano, tanto [più] cresceva, e tanto [più] moltiplicava fuor di modo; onde [gli Egizj] portavano gran noia de' figliuoli d'Israele.
Togbɔ be Egiptetɔwo nɔ fu wɔm Israelviwo, eye wonɔ wo tem ɖe to wu tsã gɔ̃ hã la, Israelviwo ganɔ dzidzim ɖe edzi kokoko! Nu sia gado ŋɔdzi na Egiptetɔwo wu
13 E gli Egizj facevano servire i figliuoli d'Israele con asprezza.
eye wogazi wo dzi wu tsã.
14 E li facevano vivere in amaritudine, con dura servitù, [adoperandoli] intorno all'argilla, e a' mattoni, e ad ogni servigio de' campi; tutta la servitù, nella quale li adoperavano, [era] con asprezza.
Wona agbenɔnɔ ti wo to dɔ sesẽ wɔwɔ le anyikpewo meme kple agbledɔwo wɔwɔ me. Egiptetɔwo na wowɔ dɔ sesẽ siawo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
15 Il re di Egitto disse ancora alle levatrici delle donne Ebree, il nome dell'una delle quali [era] Sifra, e quel dell'altra Pua:
Egipte fia gblɔ na Hebri nyɔnu siwo nye vixelawo, ame siwo ŋkɔwoe nye Sipra kple Pua be,
16 Quando voi ricoglierete i parti delle [donne] Ebree, e [le] vedrete in su la seggiola, se il parto [è] un figliuol [maschio], uccidetelo; ma se [è] una figliuola [femmina], lasciatela vivere.
“Ne miekpe ɖe Hebri nyɔnu aɖe ŋu wòdzi vi, eye miekpɔ le vidziƒea be ŋutsuvi wòdzi la, miwu ɖevi la enumake, gake ne nyɔnuvi wòdzi la, mina ɖevia natsi agbe.”
17 Ma quelle levatrici temettero Iddio, e non fecero secondo che il re di Egitto avea loro detto; anzi lasciarono vivere i fanciulli.
Ke vixela siawo vɔ̃a Mawu, eye womewɔ ɖe Egipte fia la ƒe se la dzi o, wona ŋutsuviawo hã tsi agbe.
18 E il re di Egitto chiamò le levatrici, e disse loro: Perchè avete voi fatto questo, di lasciar vivere i fanciulli?
Fia la yɔ vixelawo, eye wòbia wo be, “Nu ka ta miegbe nye se la dzi wɔwɔ, eye miena ŋutsuviawo hã le agbe tsim ɖo?”
19 E le levatrici dissero a Faraone: Le donne Ebree non [sono] come l'Egizie, perciocchè sono vigorose; avanti che la levatrice sia venuta a loro, hanno partorito.
Woɖo eŋu na Farao be, “Aƒetɔ, Hebri nyɔnuwo ƒe vidzidzi tsɔna ale gbegbe be, míeɖoa wo gbɔ hafi wodzia vi le wo ɖokuiwo si o. Woawo ƒe vidzidzi mexɔa ɣeyiɣi abe míaƒe Egipte nyɔnuwo tɔ ene o!”
20 E Iddio fece del bene a quelle levatrici; e il popolo crebbe, e divenne grandemente possente.
Le esia ta Mawu yra vixelawo. Ale Israelviwo dzi ɖe edzi, eye wokpɔ ŋusẽ ŋutɔ.
21 E perchè quelle levatrici temettero Iddio, egli edificò loro delle case.
Esi vixelawo vɔ̃a Mawu ta la, Mawu na viwo woawo hã.
22 Allora Faraone comandò a tutto il suo popolo, dicendo: Gittate nel fiume ogni figliuol [maschio] che nascerà, e lasciate vivere tutte le figliuole [femmine].
Fia Farao va de se na eƒe amewo katã be, “Miatsɔ ŋutsuvi ɖe sia ɖe si woadzi la aƒu gbe ɖe Nil tɔsisi la me, ke miana nyɔnuviwo ya natsi agbe.”

< Esodo 1 >