< תהילים 5 >

למנצח אל-הנחילות מזמור לדוד ב אמרי האזינה יהוה בינה הגיגי 1
David ƒe ha na hɛnɔ la. Woadzii kple kpẽ. O! Yehowa, ɖo to nye nyawo, eye nàse nye hũɖeɖe.
הקשיבה לקול שועי--מלכי ואלהי כי-אליך אתפלל 2
Fianye kple Mawunye, ɖo to nye ɣlidodo, elabena wòe mele gbe dom ɖa na.
יהוה--בקר תשמע קולי בקר אערך-לך ואצפה 3
O! Yehowa, le ŋdi me la, àse nye gbe; le ŋdi me la, matsɔ nye biabiawo aɖo ŋkuwò me, eye manɔ lalam kple mɔkpɔkpɔ.
כי לא אל חפץ רשע אתה לא יגרך רע 4
Menye Mawu si kpɔa dzidzɔ le vɔ̃ ŋutie nènye o; wò la, ame vɔ̃ɖiwo mate ŋu anɔ gbɔwò o.
לא-יתיצבו הוללים לנגד עיניך שנאת כל-פעלי און 5
Ɖokuiŋudzelawo mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋkuwò me o; elabena èlé fu nu vlo wɔlawo katã.
תאבד דברי כזב איש-דמים ומרמה יתעב יהוה 6
Ètsrɔ̃ aʋatsokalawo; Yehowa tsri hlɔ̃dolawo kple ameblelawo.
ואני--ברב חסדך אבוא ביתך אשתחוה אל-היכל-קדשך ביראתך 7
Ke nye ya, mava wò aƒe me to wò nublanuikpɔkpɔ gã la me. Matsɔ bubu ade ta agu ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ.
יהוה נחני בצדקתך--למען שוררי הושר (הישר) לפני דרכך 8
Kplɔm, O! Yehowa, le wò dzɔdzɔenyenye nu le nye futɔwo ta, eye wɔ wò mɔwo dzɔdzɔe le ŋkunye me.
כי אין בפיהו נכונה--קרבם הוות קבר-פתוח גרנם לשונם יחליקון 9
Womate ŋu axɔ nya siwo doa go tso woƒe nu me la ɖeka pɛ hã dzi ase o, woƒe dzi yɔ fũu kple gbegblẽ. Woƒe ve me le abe yɔdo si le ʋuʋu ɖi la ene, eye wotsɔa woƒe aɖe gblɔa alakpanyawoe.
האשימם אלהים-- יפלו ממעצותיהם ברב פשעיהם הדיחמו-- כי-מרו בך 10
O! Mawu, bu fɔ wo! Na be woƒe ayemɔwo naƒu wo anyi. Ɖe wo ɖa le woƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta, elabena wodze aglã ɖe ŋuwò.
וישמחו כל-חוסי בך לעולם ירננו-- ותסך עלימו ויעלצו בך אהבי שמך 11
Ke na ame siwo si wò tso la nakpɔ dzidzɔ, eye na be woadzi ha kple dzidzɔ tegbee. Keke wò ametakpɔkpɔ ɖe wo dzi, ale be ame siwo lɔ̃ wò ŋkɔ la natso aseye le mewò.
כי-אתה תברך צדיק יהוה--כצנה רצון תעטרנו 12
O! Yehowa, èyraa ame dzɔdzɔewo vavã, eye nètsɔa wò amenuveve ƒoa xlã wo abe akpoxɔnu ene.

< תהילים 5 >