< איוב 34 >

ויען אליהוא ויאמר 1
Tete Elihu gblɔ be,
שמעו חכמים מלי וידעים האזינו לי 2
“Mise nye nyawo, mi nunyalawo, miɖo tom, mi nugɔmeselawo,
כי-אזן מלין תבחן וחך יטעם לאכל 3
elabena to doa nyawo kpɔ abe ale si aɖe ɖɔa nuɖuɖu kpɔe ene.
משפט נבחרה-לנו נדעה בינינו מה-טוב 4
Mina míadze si nu si le dzɔdzɔe la na mía ɖokui eye mina míasrɔ̃ nu si nyo la ɖekae.
כי-אמר איוב צדקתי ואל הסיר משפטי 5
“Hiob gblɔ be, ‘Nyemeɖi fɔ o gake Mawu gbe afiatsotso nam
על-משפטי אכזב אנוש חצי בלי-פשע 6
Togbɔ be tɔnye dzɔ hã la, wobum alakpatɔe, togbɔ be nyemeɖi fɔ o hã la, eƒe aŋutrɔ de abi makumaku ŋutinye’
מי-גבר כאיוב ישתה-לעג כמים 7
Ame kae le abe Hiob, ame si no fewuɖuɖu abe tsi ene?
וארח לחברה עם-פעלי און וללכת עם-אנשי-רשע 8
Edea ha kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo eye wòbɔa ha kple ame vɔ̃ɖiwo.
כי-אמר לא יסכן-גבר-- ברצתו עם-אלהים 9
Elabena egblɔ be, ‘Viɖe aɖeke mele eme ne èdze agbagba be yeadze Mawu ŋu o.’
לכן אנשי לבב-- שמעו-לי חללה לאל מרשע ושדי מעול 10
“Eya ta miɖo tom, mi ŋutsu nugɔmeselawo. Nete ɖa xaa tso Mawu gbɔ, be wòawɔ nu vɔ̃ɖi kple Ŋusẽkatãtɔ la, be wòawɔ nu gbegblẽ.
כי פעל אדם ישלם-לו וכארח איש ימצאנו 11
Ewɔna na ame ɖe nu si wòwɔ la nu eye wòhea nu si eƒe nuwɔnawo dze na la vaa edzii.
אף-אמנם אל לא-ירשיע ושדי לא-יעות משפט 12
Mele be wòava ame ƒe ta me gɔ̃ hã be Mawu awɔ nu gbegblẽ alo be Ŋusẽkatãtɔ la atso afia ŋkunɔ o.
מי-פקד עליו ארצה ומי שם תבל כלה 13
Ame kae tsɔe ɖo anyigbadzikpɔlae? Ame kae tsɔe ɖo xexea me katã nu?
אם-ישים אליו לבו רוחו ונשמתו אליו יאסף 14
Ne enye eƒe tameɖoɖo eye wòɖo asi eƒe gbɔgbɔ kple agbegbɔgbɔ dzi la,
יגוע כל-בשר יחד ואדם על-עפר ישוב 15
amegbetɔwo katã atsrɔ̃ eye ame atrɔ azu anyi.
ואם-בינה שמעה-זאת האזינה לקול מלי 16
“Ne gɔmesese le asiwò la, se nya sia, lé to ɖe nu si gblɔ ge mele la ŋuti.
האף שונא משפט יחבוש ואם-צדיק כביר תרשיע 17
Ɖe ame si tsri afia nyui tsotso la ate ŋu akplɔ dua? Ɖe nàbu fɔ dzɔdzɔetɔ kple Ŋusẽtɔ la?
האמר למלך בליעל-- רשע אל-נדיבים 18
Ɖe menye Eyae nye ame si gblɔ na fiawo be, ‘Mienyo na naneke o’ eye na bubumewo be, ‘Ame vɔ̃ɖiwo mienye’ oa,
אשר לא-נשא פני שרים ולא נכר-שוע לפני-דל כי-מעשה ידיו כלם 19
ame si medea amegãwo dzi o eye mewɔa nyui na kesinɔtɔwo, gblẽa ame dahewo ɖi o, elabena wo katã nye eƒe asinudɔwɔwɔwo oa?
רגע ימתו-- וחצות לילה יגעשו עם ויעברו ויסירו אביר לא ביד 20
Wokuna kpata le zãtitina, ameawo ʋuʋuna eye wo nu va yina ale woɖea kalẽtɔwo ɖa amegbetɔ ƒe asi manɔmee.
כי-עיניו על-דרכי-איש וכל-צעדיו יראה 21
“Eƒe ŋkuwo le amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu, ekpɔa woƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe.
אין-חשך ואין צלמות-- להסתר שם פעלי און 22
Teƒe doblukɔ alo teƒe doviviti tsiɖitsiɖitsiɖi aɖeke meli si nu tovo wɔlawo asi abe ɖo o.
כי לא על-איש ישים עוד-- להלך אל-אל במשפט 23
Mehiã be Mawu nado amegbetɔwo kpɔ ayi ŋgɔ alo woava eŋkume wòadrɔ̃ ʋɔnu wo o.
ירע כבירים לא-חקר ויעמד אחרים תחתם 24
Mekua nya gɔme hafi kakaa ŋusẽtɔwo, eye wòtsɔa ame bubuwo ɖoa wo teƒe o.
לכן--יכיר מעבדיהם והפך לילה וידכאו 25
Elabena eƒe ŋku le woƒe nuwɔnawo ŋu eya ta etua asi wo ƒua anyi le zã me, eye wogbãna gudugudugudu.
תחת-רשעים ספקם-- במקום ראים 26
Ehea to na wo ɖe woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta, le afi si ame sia ame ate ŋu akpɔ wo le
אשר על-כן סרו מאחריו וכל-דרכיו לא השכילו 27
elabena wotrɔ le eyome eye womegatsɔ ɖeke le eme na eƒe mɔ aɖeke o.
להביא עליו צעקת-דל וצעקת עניים ישמע 28
Wona ame dahewo ƒe konyifafa va eŋkume, ale be wòse hiãtɔwo ƒe ɣlidodo
והוא ישקט ומי ירשע-- ויסתר פנים ומי ישורנו ועל-גוי ועל-אדם יחד 29
Ke ne ezi ɖoɖoe kpoo la, ame ka abu fɔe? Ne eɣla eƒe mo la, ame ka ate ŋu akpɔe? Ke hã la, ele amewo kple dukɔwo tame sɔsɔe,
ממלך אדם חנף-- ממקשי עם 30
be maɖe mɔ na Mawumavɔ̃la wòaɖu fia o eye be maɖe mɔ nɛ wòaɖo mɔ na ameawo o.
כי-אל-אל האמר נשאתי-- לא אחבל 31
“Tsɔe be ame aɖe gblɔ na Mawu be, ‘Medze agɔ gake nyemagawɔe azɔ o.
בלעדי אחזה אתה הרני אם-עול פעלתי לא אסיף 32
Fia nu si nyemate ŋu akpɔ o lam, ne mewɔ nu gbegblẽ la, nyemagawɔe azɔ o.’
המעמך ישלמנה כי-מאסת--כי-אתה תבחר ולא-אני ומה-ידעת דבר 33
Ɖe Mawu aɖo eteƒe na wò le wò didi nu, esi nègbe be yematrɔ dzi me oa? Wòe wòle be nàɖo eŋu, menye nyee o eya ta gblɔ nu si nènya la nam.
אנשי לבב יאמרו לי וגבר חכם שמע לי 34
“Nugɔmeselawo gblɔe eye nunyala siwo se nye nyawo la gblɔ nam be,
איוב לא-בדעת ידבר ודבריו לא בהשכיל 35
‘Hiob ƒoa nu nugɔmemasemasetɔe eye susu mele eƒe nyawo me o.’
אבי--יבחן איוב עד-נצח על-תשבת באנשי-און 36
O, ɖe woado Hiob akpɔ va se ɖe nuwuwu, be wòɖo nya ŋu abe ame vɔ̃ɖi ene la, ne anyo ŋutɔ!
כי יסיף על-חטאתו פשע בינינו יספוק וירב אמריו לאל 37
Etsɔ aglãdzedze kpe ɖe eƒe nu vɔ̃ ŋuti, esia akpe fewuɖutɔe le mía dome eye wòle nyawo gblɔm fũu ɖe Mawu ŋu.”

< איוב 34 >