< איוב 31 >

ברית כרתי לעיני ומה אתבונן על-בתולה 1
“Mebla nu kple nye ŋku be megakpɔ ɖetugbi aɖeke ahiãdzetɔe o.
ומה חלק אלוה ממעל ונחלת שדי ממרמים 2
Elabena nu kae nye amegbetɔ tɔ gome tso Mawu si le dziƒo la gbɔ kple eƒe domenyinu tso Ŋusẽkatãtɔ si le dziƒo ʋĩi la gbɔ?
הלא-איד לעול ונכר לפעלי און 3
Ɖe menye gbegblẽ wònye na ame vɔ̃ɖiwo kple dzɔgbevɔ̃e na nu tovo wɔlawo oa?
הלא-הוא יראה דרכי וכל-צעדי יספור 4
Ɖe mekpɔ nye mɔwo eye wòxlẽ nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe oa?
אם-הלכתי עם-שוא ותחש על-מרמה רגלי 5
“Nenye be mezɔ le aʋatsokaka me alo nye afɔ ɖe abla ɖe amebeble ŋuti la,
ישקלני במאזני-צדק וידע אלוה תמתי 6
ekema Mawu nedam le nudanu nyuitɔ dzi eye wòanya be nyemeɖi fɔ o.
אם תטה אשרי מני הדרך ואחר עיני הלך לבי ובכפי דבק מאום 7
Nenye be nye afɔ tra le mɔ la dzi, nenye be nye dzi kplɔ nu si nye ŋkuwo kpɔ la ɖo alo nye asiwo ƒo ɖi la,
אזרעה ואחר יאכל וצאצאי ישרשו 8
ekema ame bubuwo neɖu nu siwo meƒã eye woneho nye nukuwo le bo dzi.
אם-נפתה לבי על-אשה ועל-פתח רעי ארבתי 9
“Ne nyɔnu aɖe flu nye dzi alo mede xa ɖe nye aƒelika ƒe ʋɔtru nu la,
תטחן לאחר אשתי ועליה יכרעון אחרין 10
ekema srɔ̃nye netu bli na ŋutsu bubu eye ŋutsu bubuwo nedɔ kplii.
כי-הוא (היא) זמה והיא (והוא) עון פלילים 11
Elabena esia anye ŋukpenanu kple nu vɔ̃ si dze na ʋɔnudɔdrɔ̃.
כי אש היא עד-אבדון תאכל ובכל-תבואתי תשרש 12
Enye dzo si bina hena gbegblẽ, eye wòaho nye nukuwo akɔ ɖi.
אם-אמאס--משפט עבדי ואמתי ברבם עמדי 13
“Ne nyemetso afia nyui na nye dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo ne wotsɔ nya ɖe ŋunye o la,
ומה אעשה כי-יקום אל וכי-יפקד מה אשיבנו 14
nu ka mawɔ ne Mawu bia gbem? Ŋuɖoɖo ka mana ne eyɔm be mana akɔnta?
הלא-בבטן עשני עשהו ויכננו ברחם אחד 15
Ɖe menye ame si wɔm ɖe vidzidɔ me lae wɔ woawo hã oa? Ɖe menye eya koe wɔ mí ame evea katã ɖe mía dadawo ƒe dɔ me oa?
אם-אמנע מחפץ דלים ועיני אלמנה אכלה 16
“Nenye be mete hiãtɔwo woƒe didiwo alo mena nu te ahosiwo ƒe ŋkuwo ŋu,
ואכל פתי לבדי ולא-אכל יתום ממנה 17
nenye be nye ɖeɖe meɖu nye abolo heku ŋɔ tsyɔ̃evi la, eya ko woagblɔ nya aɖe,
כי מנעורי גדלני כאב ומבטן אמי אנחנה 18
evɔ la tso nye ɖekakpuime ke, menyi tyɔẽviwo abe fofo ene eye tso nye ɖevime ke, mefia mɔ ahosiwo.
אם-אראה אובד מבלי לבוש ואין כסות לאביון 19
Ne mekpɔ ame aɖe wòle tsɔtsrɔ̃m le avɔmanɔamesi ta alo hiãtɔ si mekpɔ awu ne wòado o
אם-לא ברכוני חלצו ומגז כבשי יתחמם 20
eye eƒe dzi meyram be metsɔ avɔ si wowɔ kple nye alẽwo ƒe fu nɛ be wòade dzo lãme nɛ o,
אם-הניפותי על-יתום ידי כי-אראה בשער עזרתי 21
ne mekɔ nye asi dzi ɖe tsyɔ̃evi ŋu, evɔa menya be woxɔa nye nya le ʋɔnu la,
כתפי משכמה תפול ואזרעי מקנה תשבר 22
ekema na be nye abɔ nage le abɔgba ŋu eye wòaŋe le ekpeƒe.
כי פחד אלי איד אל ומשאתו לא אוכל 23
Elabena gbegblẽ si tso Mawu gbɔ la le ŋɔ dzim nam, eye vɔvɔ̃ na eƒe atsyɔ̃ mana mawɔ nu mawo o.
אם-שמתי זהב כסלי ולכתם אמרתי מבטחי 24
“Nenye ɖe meɖo dzi ɖe sika ŋu alo megblɔ na sika nyuitɔ be, ‘Wòe nye nye sitsoƒe,’
אם-אשמח כי-רב חילי וכי-כביר מצאה ידי 25
nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye kesinɔnu gbogboawo ta, nu siwo nye alɔ wɔ dɔ kpɔ,
אם-אראה אור כי יהל וירח יקר הלך 26
nenye ɖe mede bubu ɣe ŋuti le ale si wòle keklẽm alo ɣleti le ale si wòle yiyim kple atsyɔ̃,
ויפת בסתר לבי ותשק ידי לפי 27
ale be woflu nye dzi le adzame eye metsɔ nye asi wɔ dzesi na wo be melɔ̃ wo, de bubu wo ŋu la,
גם-הוא עון פלילי כי-כחשתי לאל ממעל 28
ekema esiawo hã anye nu vɔ̃ siwo wòle be woahe ayi ʋɔnu, elabena adze ƒãa be nyemeto nyateƒe na Mawu le dziƒo o.
אם-אשמח בפיד משנאי והתעררתי כי-מצאו רע 29
“Nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye futɔ ƒe dzɔgbevɔ̃e me dzedze ŋu alo dzɔ dzi le hiã siwo tui ta la, eya ko magblɔ nya aɖe.
ולא-נתתי לחטא חכי-- לשאל באלה נפשו 30
Gake nyemeɖe mɔ na nye nu be wòawɔ nu vɔ̃ to ɖiŋudodo na eƒe agbe me o.
אם-לא אמרו מתי אהלי מי-יתן מבשרו לא נשבע 31
Nenye ɖe ame siwo le aƒenye me la se megblɔ kpɔ be, ‘Ame kae meɖu Hiob ƒe abolo ɖi ƒo kpɔ o?’ la, anye ne enye nya bubu
בחוץ לא-ילין גר דלתי לארח אפתח 32
elabena mele na amedzro aɖeke be wòatsi mɔto adɔ o elabena nye ʋɔtru le ʋuʋu ɖi ɣe sia ɣi na mɔzɔlawo.
אם-כסיתי כאדם פשעי-- לטמון בחבי עוני 33
Nenye ɖe meɣla nye nu vɔ̃ abe ale si amewo wɔna ene, be meɣla nye dzidada ɖe nye dzi me,
כי אערוץ המון רבה-- ובוז-משפחות יחתני ואדם לא-אצא פתח 34
elabena mevɔ̃ na ameha la ŋutɔ eye mevɔ̃ na dukɔ la ƒe vlododo ale gbegbe be, mezi ɖoɖoe hegbe gododo ɖe gota la, anye ne enye nya bubu kura.
מי יתן-לי שמע לי-- הן-תוי שדי יענני וספר כתב איש ריבי 35
“O, ɖe ame aɖe le asinye aɖo tom ɖe! Kpɔ ɖa mede asi ɖokuinyetaʋlinyawo te, azɔ la, Ŋusẽkatãtɔ la neɖo eŋu nam, ame si le nunye tsom la hã neŋlɔ nunyetsonyawo ɖe agbalẽ dzi.
אם-לא על-שכמי אשאנו אענדנו עטרות לי 36
Vavã malée ɖe nye abɔta eye maɖɔe ɖe ta abe fiakuku ene.
מספר צעדי אגידנו כמו-נגיד אקרבנו 37
Mana nutsotsoe tso nye afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋuti eye mate ɖe eŋu abe fiavi ene.
אם-עלי אדמתי תזעק ויחד תלמיה יבכיון 38
“Nenye ɖe nye anyigba fa avi ɖe ŋutinye eye eƒe boliƒowo yɔ kple aɖatsi,
אם-כחה אכלתי בלי-כסף ונפש בעליה הפחתי 39
nenye be meɖu eƒe kutsetsewo femaxee alo mena dɔwɔla siwo le agblea dzi la ƒe gbɔgbɔ gbã gudugudugudu la,
תחת חטה יצא חוח--ותחת-שערה באשה תמו דברי איוב 40
ekema aŋɔkawo nemie nam ɖe lu teƒe eye gbe wuwluiwo nemie ɖe ƒo teƒe.” Esiae nye Hiob ƒe nyawo ƒe nuwuwu.

< איוב 31 >