< ישעה 13 >

משא בבל--אשר חזה ישעיהו בן אמוץ 1
Esia nye ŋutega si Mawu ɖe fia Yesaya, Amoz ƒe vi la, tso Babilonia ƒe gbegblẽ ŋuti.
על הר נשפה שאו נס הרימו קול להם הניפו יד ויבאו פתחי נדיבים 2
Mitu aflaga ɖe togbɛ ƒuƒlu tame. Mido ɣli yɔ nye aʋawɔlawo. Mimia asi wo, be woage ɖe bubumewo ƒe agbowo me.
אני צויתי למקדשי גם קראתי גבורי לאפי עליזי גאותי 3
Meɖe gbe na nye aʋawɔla, meyɔ nye kalẽtɔwo be woaɖe nye dɔmedzoe afia, ame siwo tsoa aseye ɖe nye dziɖuɖu ŋu.
קול המון בהרים דמות עם רב קול שאון ממלכות גוים נאספים--יהוה צבאות מפקד צבא מלחמה 4
Miƒu to anyi, ɣli le ɖiɖim le towo dzi abe ameha gã aɖewoe le afi ma ene. Miƒu to anyi, zi tɔ le fiaɖuƒewo me abe dukɔ geɖewoe le ƒu ƒom ene. Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae le amewo nu ƒom ƒu hena aʋawɔwɔ.
באים מארץ מרחק מקצה השמים יהוה וכלי זעמו לחבל כל הארץ 5
Wotso anyigba didiwo dzi va, tso keke dziƒowo ƒe mlɔewo nu ke. Wova kple Yehowa kple eƒe dɔmedzoe ƒe aʋawɔnuwo be woagbã dukɔ la katã.
הילילו כי קרוב יום יהוה כשד משדי יבוא 6
Mido ɣli, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Ava abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ.
על כן כל ידים תרפינה וכל לבב אנוש ימס 7
Le esia ta la, asiwo katã aku yigbaa ɖe amewo ŋu, eye amegbetɔwo katã ƒe dzi alolo ɖe dɔ me na wo.
ונבהלו--צירים וחבלים יאחזון כיולדה יחילון איש אל רעהו יתמהו פני להבים פניהם 8
Vevesese kple nuxaxa alé wo, eye woaŋe abe nyɔnu si le ku lém la ene. Woƒe mo anɔ vevem hẽe, eye woafɔ ŋku ɖe wo nɔewo dzi gaa.
הנה יום יהוה בא אכזרי ועברה וחרון אף--לשום הארץ לשמה וחטאיה ישמיד ממנה 9
Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna. Egbɔna kple dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ be woana anyigba la nazu gbegbe, eye wòatsrɔ̃ mi vɔ̃wɔla siwo le edzi.
כי כוכבי השמים וכסיליהם לא יהלו אורם חשך השמש בצאתו וירח לא יגיה אורו 10
Ɣletivi hamehame siwo le dziŋgɔli ŋu la magaklẽ o, ne ɣe dze la, ado viviti, eye dzinu magaɖi o.
ופקדתי על תבל רעה ועל רשעים עונם והשבתי גאון זדים וגאות עריצים אשפיל 11
Mahe to na xexea me le eƒe nu tovowo wɔwɔ ta, eye maxe fe na ame vɔ̃ɖiwo le woƒe nu vɔ̃wo ta. Matsi dadalawo ƒe dada nu, eye mate ŋutasẽlawo ƒe ɖokuidodoɖedzi ɖe to.
אוקיר אנוש מפז ואדם מכתם אופיר 12
Mana amegbetɔwo nave wu sika nyuitɔ, eye amegbetɔ kodzogbeawo hã ave wu sika si tso Ofir.
על כן שמים ארגיז ותרעש הארץ ממקומה--בעברת יהוה צבאות וביום חרון אפו 13
Eya ta mana dziƒowo naʋuʋu kpekpekpe, eye anyigba naʋuʋu le eƒe agunu ke le Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoe ta le eƒe dziku helĩhelĩ ƒe ŋkeke la dzi.
והיה כצבי מדח וכצאן ואין מקבץ איש אל עמו יפנו ואיש אל ארצו ינוסו 14
Abe sãde aɖe si wonya ɖe nu ene alo alẽha si ŋu kplɔla mele o ene la, ame sia ame agatrɔ ayi ɖe eƒe amewo gbɔ, eye ame sia ame asi ayi wo denyigba dzi.
כל הנמצא ידקר וכל הנספה יפול בחרב 15
Woaƒo lãnu ɖe ame sia ame si wolé, eye ame si dzi asi su la atsi yi nu.
ועלליהם ירטשו לעיניהם ישסו בתיהם ונשיהם תשגלנה (תשכבנה) 16
Woatsɔ woƒe vidzĩwo axlã ɖe anyi le wo ŋkume. Woaha woƒe aƒewo, eye woadɔ kple wo srɔ̃wo sesẽtɔe.
הנני מעיר עליהם את מדי אשר כסף לא יחשבו וזהב לא יחפצו בו 17
Kpɔ ɖa, made adã ta me na Mediatɔwo ɖe wo ŋu; ame siwo mebua klosalo ɖe naneke me o, eye sika gɔ̃ hã medoa dzidzɔ na wo o.
וקשתות נערים תרטשנה ופרי בטן לא ירחמו על בנים לא תחוס עינם 18
Woƒe aŋutrɔwo tea ɖekakpuiwo ƒua anyi. Womekpɔa nublanui na funɔdɔmee o, alo ɖeviwo ƒe nu mewɔa nublanui na wo o.
והיתה בבל צבי ממלכות תפארת גאון כשדים כמהפכת אלהים את סדם ואת עמרה 19
Babilonia, fiaɖuƒewo ƒe nu xɔasi, Mawu amu Babiloniatɔwo ƒe dada aƒu anyi abe Sodom kple Gomora ene.
לא תשב לנצח ולא תשכן עד דור ודור ולא יהל שם ערבי ורעים לא ירבצו שם 20
Amewo magatso aƒe ɖe afi ma akpɔ gbeɖe o, eye wòazu aƒedo tso dzidzime yi dzidzime. Arabiatɔ aɖeke matu eƒe agbadɔ ɖe afi ma o, alẽkplɔla aɖeke mana eƒe lãwo natsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma o.
ורבצו שם ציים ומלאו בתיהם אחים ושכנו שם בנות יענה ושעירים ירקדו שם 21
Ke gbemelãwo koe atsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma. Favieʋuto ayɔ woƒe xɔwo me, golowo atso aƒe ɖe afi ma eye azizãwo aɖi adrɔ le afi ma.
וענה איים באלמנותיו ותנים בהיכלי ענג וקרוב לבוא עתה וימיה לא ימשכו 22
Gbevuwo hã anɔ afi ma, Amegaxiwo axɔ woƒe dziƒoxɔ sesẽwo awɔ wo nɔƒewo. Eƒe ɣeyiɣi tu aƒe, eye eƒe ŋkekewo mahe ɖe megbe o.

< ישעה 13 >