< Lévitique 8 >

1 L'Eternel parla aussi à Moïse en disant:
Yehowa gblɔ na Mose be,
2 Prends Aaron et ses fils avec lui, les vêtements, l'huile d'onction, et un veau [pour le sacrifice] pour le péché, deux béliers, et une corbeille de pains sans levain.
“Kplɔ Aron kple via ŋutsuwo vɛ, nàtsɔ woƒe awuwo, ami sisi la, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanyitsu la, agbo eveawo kple kusi si me abolo maʋamaʋã le,
3 Et convoque toute l'assemblée à l'entrée du Tabernacle d'assignation.
eye nàna ameha blibo la naƒo ƒu ɖe Mawu ƒe Agbadɔ la ƒe mɔnu.”
4 Et Moïse fit comme l'Eternel lui avait commandé; et l'assemblée fut convoquée à l'entrée du Tabernacle d'assignation.
Mose wɔ abe ale si Yehowa de se nɛ be ene eye ameawo katã ƒo ƒu ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu.
5 Et Moïse dit à l'assemblée: C'[est] ici ce que l'Eternel a commandé de faire.
Ale Mose gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Ale Yehowa ɖo nam be mawɔe nye esi.”
6 Et Moïse fit approcher Aaron et ses fils, et les lava avec de l'eau.
Mose na Aron kple via ŋutsuwo te va eye wòle tsi na wo,
7 Et il mit sur Aaron la chemise, et le ceignit du baudrier, et le revêtit du Rochet, et mit sur lui l'Ephod, et le ceignit avec le ceinturon exquis de l'Ephod, dont il le ceignit par dessus.
eye wòdo awutewui tɔxɛ la, alidziblanu la, dziwui kple kɔmewu la na Aron.
8 Puis il mit sur lui le Pectoral, après avoir mis au Pectoral Urim et Thummim.
Edo akɔtatsyɔnu la hã nɛ, eye wòtsɔ nu si wotsɔna bia gbe Mawui, “Urim” kple “Tumim,” de akɔtatsyɔnu la ƒe kotoku me.
9 Il lui mit aussi la tiare sur la tête, et il mit sur le devant de la tiare la lame d'or, qui est la couronne de sainteté, comme l'Eternel l'avait commandé à Moïse.
Emegbe la, etsɔ tablanu la bla ta nɛ, eye wòtsi sikaŋgoblanu kɔkɔe la ɖe tablanu la ŋu le ŋgɔgbe abe ale si Yehowa de se nɛ ene.
10 Puis Moïse prit l'huile de l'onction, et oignit le Tabernacle, et toutes les choses qui y étaient, et les sanctifia.
Emegbe la, Mose tsɔ ami sisi la, eye wòwui ɖe Agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋu, eye wòkɔ wo ŋuti.
11 Et il en fit aspersion sur l'autel par sept fois, et en oignit l'autel, tous ses ustensiles, la cuve, et son soubassement, pour les sanctifier.
Esi wòɖo vɔsamlekpui la gbɔ la, ewu ami sisi la ɖe eŋu zi adre, eye wògawui ɖe nu siwo le vɔsamlekpui la dzi kple tsileze la kple eƒe zɔ ŋu hekɔ wo ŋu.
12 Il versa aussi de l'huile de l'onction sur la tête d'Aaron, et l'oignit pour le sanctifier.
Emegbe la, eɖo Aron nunɔlae to amikɔkɔ ɖe ta me nɛ me, eye to esia hã me wòkɔ eŋu.
13 Puis Moïse ayant fait approcher les fils d'Aaron, les revêtit des chemises, et les ceignit de baudriers, et leur attacha des calottes, comme l'Eternel l'avait commandé à Moïse.
Le esia yome la, Mose do awu na Aron ƒe viŋutsuwo, bla alidziblanuawo na wo, eye wòɖɔ kuku la na wo abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene.
14 Alors il fit approcher le veau de l'offrande pour le péché, et Aaron et ses fils posèrent leurs mains sur la tête du veau de [l'offrande pour le] péché.
Mose lé nyitsu la hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la. Aron kple via ŋutsuwo da asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi.
15 Et Moïse l'ayant égorgé prit de son sang, et en mit avec son doigt sur les cornes de l'autel à l'entour, et fit propitiation pour l'autel, et il répandit le reste du sang au pied de l'autel; ainsi il le sanctifia pour faire la propitiation sur lui.
Mose wu nyitsu la, tsɔ eƒe ʋu ƒe ɖe, eye wòtsɔ eƒe asibidɛ sisi ʋua ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo katã ŋu be yeakɔ vɔsamlekpui la ŋuti. Ekɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Ale wòkɔ eŋuti, eye wòwɔe wòanye avuléle nɛ.
16 Puis il prit toute la graisse qui était sur les entrailles, et la taie du foie, les deux rognons avec leur graisse, et Moïse les fit fumer sur l'autel.
Mose ɖe ami siwo katã le dɔmenuawo, aklã kple ayiku eveawo ŋu, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi.
17 Mais il fit brûler au feu hors du camp le veau avec sa peau, sa chair, et sa fiente, comme l'Eternel l'avait commandé à Moïse.
Etɔ dzo nyitsu la ƒe lã mamlɛa, eƒe agbalẽ kple dɔmenuwo le asaɖa la godo abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene.
18 Il fit aussi approcher le bélier de l'holocauste, et Aaron et ses fils posèrent leurs mains sur la tête du bélier.
Emegbe la, etsɔ agbo la hena numevɔsasa na Yehowa. Aron kple via ŋutsuwo da woƒe asiwo ɖe agbo la ƒe ta dzi.
19 Et Moïse l'ayant égorgé, répandit le sang sur l'autel tout à l'entour.
Mose wui, eye wòhlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ŋuti godoo.
20 Puis il mit le [bélier] en pièces, et en fit fumer la tête, les pièces, et la fressure.
Efli agbo la, eye wòtɔ dzo lãkɔ la, eƒe ta kple eƒe ami.
21 Et il lava dans l'eau les entrailles et les jambes, et fit fumer tout le bélier sur l'autel; car c'était un holocauste de bonne odeur, c'était une offrande faite par feu à l'Eternel, comme l'Eternel l'avait commandé à Moïse.
Le esia megbe la, etsɔ tsi klɔ agbo la ƒe dɔmenuwo kple afɔwo, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Ale agbo blibo la fia le Yehowa ŋkume. Esia nye numevɔsa si dze Yehowa ŋu ŋutɔ, elabena Mose zɔ ɖe nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la dzi pɛpɛpɛ.
22 Il fit aussi approcher l'autre bélier, [savoir] le bélier des consécrations; et Aaron et ses fils posèrent les mains sur la tête du bélier.
Mose trɔ ɖe agbo evelia si nye ameŋukɔkɔ ƒe agbo la ŋu. Aron kple via ŋutsuwo da woƒe asiwo ɖe agbo la ƒe ta dzi.
23 Et Moïse l'ayant égorgé prit de son sang, et le mit sur le mol de l'oreille droite d'Aaron, et sur le pouce de sa main droite, et sur le gros orteil de son pied droit.
Mose wui, eye wòsisi ʋua ɖe Aron ƒe nuɖusito, eƒe asi ƒe adegblefetsu ɖusitɔ kple eƒe ɖusifɔ ƒe adegblefetsu ŋu.
24 Il fit aussi approcher les fils d'Aaron, et mit du même sang sur le mol de leur oreille droite, et sur le pouce de leur main droite, et sur le gros orteil de leur pied droit, et il répandit le reste du sang sur l'autel tout à l'entour.
Le esia yome la, esisi ʋua ɖe Aron ƒe viŋutsuwo ƒe ɖusitowo, woƒe asi adegblefetsu ɖusitɔwo kple woƒe ɖusifɔwo ƒe adegblefetsu ŋu, eye wòhlẽ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo.
25 Après il prit la graisse, la queue, et toute la graisse qui [est] sur les entrailles, et la taie du foie, et les deux rognons avec leur graisse, et l'épaule droite.
Mose tsɔ agbo la ƒe ami, asike la, ami si le dɔmenuwo ŋu, aklã kple ayiku eveawo kple wo ŋu miwo kpe ɖe eƒe ɖusita ŋu.
26 Il prit aussi de la corbeille des pains sans levain qui étaient devant l'Eternel, un gâteau sans levain, et un gâteau de pain fait à l'huile, et un beignet, et les mit sur les graisses, et sur l'épaule droite.
Nu siwo wòtsɔ da ɖe agbo la ƒe lã ƒe akpa siawo dzi la woe nye abolo maʋamaʋã ɖeka si tso kusi si wotsɔ ɖo Yehowa ŋkume la me, abolo si wode amii kple akpɔnɔ ɖeka.
27 Puis il mit toutes ces choses sur les paumes des mains d'Aaron, et sur les paumes des mains de ses fils, et les tournoya en offrande tournoyée devant l'Eternel.
Mose tsɔ nu siawo katã de asi na Aron kple via ŋutsuwo, eye wonye wo le yame abe vɔsa tɔxɛ na Yehowa ene.
28 Après Moïse les reçut d'entre leurs mains, et les fit fumer sur l'autel par dessus l'holocauste; car ce sont les consécrations de bonne odeur, c'est un sacrifice fait par feu à l'Eternel.
Mose gaxɔ nu siawo le wo si, eye wòtɔ dzo wo kpe ɖe numevɔsa la ŋuti na Yehowa le vɔsamlekpui la dzi. Vɔsa sia dze Yehowa ŋu.
29 Moïse prit aussi la poitrine du bélier des consécrations, et la tournoya devant l'Eternel, et ce fut la portion de Moïse, comme l'Eternel l'avait commandé à Moïse.
Azɔ la, Mose tsɔ agbo la ƒe akɔ, eye wòtsɔe na Yehowa to enyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Ameŋukɔkɔ ƒe agbo la ƒe akpa siae nye Mose tɔ abe ale si Yehowa ɖoe ene.
30 Et Moïse prit de l'huile de l'onction, et du sang qui était sur l'autel, et il en fit aspersion sur Aaron et sur ses vêtements; sur ses fils, et sur les vêtements de ses fils avec lui; ainsi il sanctifia Aaron [et] ses vêtements; ses fils, et les vêtements de ses fils avec lui.
Mose tsɔ ami sisi la azɔ kple ʋu si wòhlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu la ƒe ɖe, eye wòhlẽe ɖe Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu. Ale wòkɔ Aron kple via ŋutsuwo kple woƒe awuwo ŋu, be Yehowa nawɔ wo ŋu dɔ.
31 Après cela, Moïse dit à Aaron et à ses fils: Faites bouillir la chair à l'entrée du Tabernacle d'assignation, et vous la mangerez là, avec le pain qui est dans la corbeille des consécrations, comme [le Seigneur] me l'a commandé, en disant: Aaron et ses fils mangeront ces choses.
Le esia megbe la, Mose gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo be, “Miɖa lã la le Agbadɔ la ƒe mɔnu, eye miaɖui kple abolo si le ameŋukɔkɔ ƒe kusi la me abe ale si Yehowa de se na mi ene.
32 Mais vous brûlerez au feu ce qui sera demeuré de reste de la chair et du pain.
Mitɔ dzo lã la kple aboloawo ƒe mamlɛawo.
33 Et vous ne sortirez point pendant sept jours de l'entrée du Tabernacle d'assignation, jusqu'au temps que les jours de vos consécrations soient accomplis; car on emploiera sept jours à vous consacrer.
“Minɔ Agbadɔ la ƒe mɔnu ŋkeke adre, eye le ŋkeke adreawo megbe la, miawu miaƒe ŋutikɔkɔ nu, elabena ŋkeke adree wòaxɔ.
34 L'Eternel a commandé de faire [en ces autres jours] comme on a fait en celui-ci, pour faire la propitiation en votre faveur.
Nu siwo katã wowɔ egbe la, Yehowae de se be woawɔ wo hena miaƒe ŋutikɔkɔ.
35 Vous demeurerez donc pendant sept jours à l'entrée du Tabernacle d'assignation, jour et nuit, et vous observerez ce que l'Eternel vous a ordonné d'observer, afin que vous ne mouriez point; car il m'a été ainsi commandé.
Ele be mianɔ Agbadɔ la ƒe mɔnu zã kple keli ŋkeke adre, eye miawɔ nu siwo Yehowa de se na mi be miawɔ. Ne miewɔe o la, miaku. Esiawoe nye se siwo Yehowa de nam.”
36 Ainsi Aaron et ses fils firent toutes les choses que l'Eternel avait commandées par le moyen de Moïse.
Ale Aron kple via ŋutsuwo wɔ nu siwo katã Yehowa ɖo na Mose.

< Lévitique 8 >