< 1 Rois 1 >

1 Or le Roi David devint vieux, [et] avancé en âge; et quoiqu'on le couvrît de vêtements, il ne pouvait pourtant point se réchauffer.
Esi Fia David tsi xɔ ƒe geɖe la, vuvɔ wɔnɛ ale gbegbe be, ne wotsyɔ avɔ geɖe nɛ hã la, vuvɔ gawɔnɛ kokoko.
2 Et ses serviteurs lui dirent: Qu'on cherche au Roi notre seigneur une jeune fille vierge, qui se tienne devant le Roi, et qui en ait soin, et qu'elle dorme en son sein, afin que le Roi notre Seigneur se réchauffe.
Esia ta eƒe dɔlawo gblɔ nɛ be, “Na míadi ɖetugbi si menya ŋutsu o la ne wòanɔ fia la gbɔ anɔ edzi kpɔm. Ate ŋu amlɔ egbɔ ale be wòade dzo lãme na míaƒe aƒetɔ, fia la.”
3 On chercha donc dans toutes les contrées d'Israël une fille qui fût belle; et on trouva Abisag Sunamite, qu'on amena au Roi.
Wodi nyɔnuvi dzetugbe aɖe le Israelnyigba blibo la dzi, wokpɔ Abisag, Sunamitɔ la eye wokplɔe vɛ na fia la.
4 Et cette jeune fille était fort belle, et elle avait soin du Roi, et le servait; mais le Roi ne la connut point.
Nyɔnuvia dze tugbe ŋutɔ. Elé be na fia la eye wòsubɔe gake fia la medɔ kplii o.
5 Alors Adonija fils de Haggith s'éleva, en disant: Je régnerai. Il s'établit des chariots, des gens de cheval, et cinquante hommes qui couraient devant lui.
Le ɣeyiɣi ma me la, David ƒe viŋutsu, Adoniya, ame si dadae nye Hagit la ɖo be yeatsɔ ye ɖokui aɖo fiae ɖe ye fofo amegãɖeɖi la teƒe. Ale wòdi tasiaɖamwo kple sɔdolawo kple ame blaatɔ̃ siwo anɔ du ƒum le fia la ŋgɔ la na eɖokui.
6 Or son père ne voulait point le chagriner de son temps, et lui dire: Pourquoi agis-tu ainsi? Il était aussi de fort belle taille, et [sa mère] l'avait enfanté après Absalom.
Azɔ fofoa, David, mehe nya ɖe eŋu kpɔ alo he to nɛ kpɔ le eƒe agbe me o. Enye ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe eye eyae dzɔ ɖe Absalom yome.
7 Et il communiqua ses affaires à Joab, fils de Tséruja, et au Sacrificateur Abiathar, qui l'aidèrent, et furent de son parti.
Adoniya he Aʋafia Yoab kple nunɔla Abiata ɖe eƒe akpa dzi eye wodo ŋugbe nɛ be, yewoakpe ɖe eŋu wòazu fia.
8 Mais le Sacrificateur Tsadok, et Bénaja fils de Jéhojadah, et Nathan le Prophète, et Simhi, et Réhi, et les vaillants hommes de David n'étaient point du parti d'Adonija.
Ke ame siwo ganɔ Fia David yome eye womede Adoniya dzi o la dometɔ aɖewoe nye, Zadok kple Benaya, ame siwo nye nunɔlawo, Nyagblɔɖila Natan, Simei, Rei kple David ƒe aʋafiawo.
9 Or Adonija fit tuer des brebis et des bœufs et des bêtes grasses près de la pierre de Zohéleth, qui était auprès de la fontaine de Roguel; et il convia tous ses frères les fils du Roi, et tous ceux de Juda qui étaient au service du Roi;
Adoniya yi En Rogel eye wòtsɔ alẽwo, nyitsuwo kple gbɔ̃vi damiwo sa vɔe le Sohelet kpe la gbɔ. Ebia tso Fia David ƒe viŋutsu bubuawo katã kple fiaŋume siwo katã nɔ Yuda la si be woava kpɔ ale si woaɖo fia ye la teƒe.
10 Mais il ne convia point Nathan le Prophète, ni Bénaja, ni les vaillants hommes, ni Salomon son frère.
Ke mekpe Nyagblɔɖila Natan kple Benaya kple aʋafia siwo le David dzi kple nɔvia ŋutsu, Solomo ya o.
11 Alors Nathan parla à Bath-sebah, mère de Salomon, en disant: N'as-tu pas entendu qu'Adonija fils de Hagguith a été fait Roi? et David notre Seigneur n'en sait rien.
Nyagblɔɖila Natan yi Batseba, Solomo dada gbɔ eye wòbiae be, “Ènya be Hagit ƒe vi, Adoniya, zu fia azɔ eye míaƒe aƒetɔ David menya naneke tso eŋu oa?
12 Maintenant donc viens, et que je te donne un conseil, je te prie, et sauve ta vie, et la vie de ton fils Salomon.
Ne èdi be yeaɖe ye ŋutɔ ƒe agbe kple ye vi Solomo tɔ la, ekema nàwɔ nu si magblɔ na wò la pɛpɛpɛ.
13 Va, et te présente au Roi David, et lui dis: Mon Seigneur, n'as-tu pas juré à ta servante, en disant: Certainement ton fils Salomon régnera après moi, et sera assis sur mon trône? pourquoi donc Adonija a-t-il été fait Roi?
Yi Fia David gbɔ enumake eye nàbiae be, ‘Nye aƒetɔ, menye wòe do ŋugbe nam be vinye Solomo aɖu fia ɖe ye yome eye wòanɔ yeƒe fiazikpui dzi oa? Ekema nu ka ta Adoniya le fia ɖum?’
14 Et voici, lorsque tu seras encore là, et que tu parleras avec le Roi, je viendrai après toi, et je continuerai le discours que tu auras commencé.
Ne èle nu ƒom kplii ko la, mava ɖo kpe nya si gblɔm nèle la dzi.”
15 Bath-sebah donc vint vers le Roi dans sa chambre; or le Roi était fort vieux, et Abisag Sunamite le servait.
Ale Batseba yi fia la ƒe xɔ gã me. Fia la tsi ŋutɔ azɔ eye Abisag nɔ esubɔm.
16 Et Bath-sebah s'inclina et se prosterna devant le Roi; et le Roi [lui] dit: Qu'as-tu?
Batseba bɔbɔ hede ta agu ɖe fia la ŋkume. Fia la biae be, “Nu kae hiã wò?”
17 Et elle lui répondit: Mon Seigneur, tu as juré par l'Eternel ton Dieu à ta servante, et tu lui as dit: Certainement ton fils Salomon régnera après moi, et sera assis sur mon trône.
Eɖo eŋu nɛ be, “Nye aƒetɔ, wò ŋutɔe ka atam na nye, wò dɔla, le Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ me be, ‘Viwò Solomo aɖu fia ɖe yonyeme eye wòanɔ nye fiazikpui dzi.’
18 Mais maintenant voici, Adonija a été fait Roi, et tu n'en sais rien, ô Roi, mon Seigneur!
Ke Adoniya boŋ va zu fia fifia eye wò, nye aƒetɔ, fia la, mènya naneke tso eŋu gɔ̃ hã o.
19 Il a même fait tuer des bœufs, des bêtes grasses, et des brebis en grand nombre, et a convié tous les fils du Roi, avec Abiathar le Sacrificateur, et Joab Chef de l'Armée, mais il n'a point convié ton serviteur Salomon.
Etsɔ nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo sa vɔe le eƒe fiaɖogbe eye wòkpe fia la ƒe viŋutsuwo katã, nunɔla Abiata kple Aʋafia Yoab, ke mekpe Solomo, wò dɔla, ya o.
20 Or quant à toi, ô Roi mon Seigneur! les yeux de tout Israël sont sur toi, afin que tu leur déclares qui doit être assis sur le trône du Roi mon Seigneur après lui.
Azɔ la, nye aƒetɔ kple fia, Israel blibo la ƒe ŋku le dziwò be woanya ame si anɔ nye aƒetɔ, fia la ƒe fiazikpui dzi aɖu fia ɖe eyome.
21 Autrement il arrivera qu'aussitôt que le Roi mon Seigneur sera endormi avec ses pères, nous serons traités comme coupables, moi, et mon fils Salomon.
Ne menye nenema o la, ne wotsɔ nye aƒetɔ, fia la mlɔ anyi be wòadzudzɔ le fofoawo gbɔ teti ko la, woawɔ fu nye kple vinye Solomo abe hlɔ̃dolawoe míenye ene.”
22 Et comme elle parlait encore avec le Roi, voici venir Nathan le Prophète.
Esi wòganɔ nu ƒom kple fia la ko la, Nyagblɔɖila Natan va do.
23 Et on le fit savoir au Roi en disant: Voici Nathan le Prophète; et il se présenta devant le Roi, et se prosterna devant lui sur son visage en terre.
Wogblɔ na fia la bena, “Nyagblɔɖila Natan le diwòm.” Ale wòdo ɖe fia la gbɔ eye wòde ta agu nɛ.
24 Et Nathan dit: Ô Roi mon Seigneur! as-tu dit: Adonija régnera après moi, et sera assis sur mon trône?
Natan gblɔ be, “Ɖe wò, nye aƒetɔ, fia ɖe gbeƒã be Adoniya aɖu fia ɖe tewòƒe eye be wòanɔ wò fiazikpui dzia?
25 Car il est descendu aujourd'hui, et il a fait tuer des bœufs, des bêtes grasses, et des brebis en grand nombre, et a convié tous les fils du Roi, et les Chefs de l'armée, et le Sacrificateur Abiathar; et voilà ils mangent et boivent devant lui; et ils ont dit: Vive le Roi Adonija.
Egbe la, etsɔ nyitsuwo, nyivi damiwo kple alẽwo sa vɔe eye wòkpe fia la ƒe viŋutsuwo katã. Ekpe Aʋafia Yoab kple nunɔla Abiata hã, wole nu ɖum eye wole nu nom kplii fifi laa. Wole ɣli dom be, ‘Fia Adoniya nanɔ agbe tegbee!’
26 Mais il n'a convié ni moi ton serviteur, ni le Sacrificateur Tsadok, ni Bénaja, fils de Jéhojadah, ni Salomon ton serviteur.
Ke mekpe nye, wò dɔla Zadok, nunɔla la kple Benaya, Yehoiada ƒe vi kple wò dɔla Solomo ya o.
27 Ceci aurait-il été fait de par le Roi mon Seigneur, sans que tu eusses fait savoir à ton serviteur qui est celui qui doit être assis sur le trône du Roi mon Seigneur après lui?
Ɖe esia nye nane si nye aƒetɔ, fia la wɔ, ke mena eƒe dɔlawo nya ame si anɔ nye aƒetɔ ƒe fiazikpui dzi aɖu fia ɖe eteƒe oa?”
28 Et le Roi David répondit, et dit: Appelez-moi Bath-sebah; et elle se présenta devant le Roi, et se tint devant lui.
Fia la gblɔ be, “Miyɔ Batseba nam!” Ale Batseba gbugbɔ va xɔ la me eye wòtsi tsitre ɖe fia la ŋkume.
29 Alors le Roi jura et dit: L'Eternel qui m'a délivré de toute angoisse, est vivant;
Tete fia la ka atam be, “Esi Yehowa, ame si ɖem tso dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me le agbe la,
30 Que comme je t'ai juré par l'Eternel le Dieu d'Israël, en disant: Certainement ton fils Salomon régnera après moi, et sera assis sur mon trône en ma place; je le ferai ainsi aujourd'hui.
meka atam bena viwò Solomoe aɖu fia ɖe yonyeme eye wòanɔ nye fiazikpui dzi abe ale si meka atam na wò le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋkume kpɔ ene.”
31 Alors Bath-sebah s'inclina le visage contre terre, et se prosterna devant le Roi, et dit: Que le Roi David mon Seigneur vive éternellement!
Batseba gabɔbɔ, gade ta agu le Fia la ŋkume eye wòdo ɣli be, “Oo, nye aƒetɔ, meda akpe na wò. Nye aƒetɔ, fia la nanɔ agbe tegbee!”
32 Et le Roi David dit: Appelez-moi Tsadok le Sacrificateur, et Nathan le Prophète, et Bénaja fils de Jéhojadah; et ils se présentèrent devant le Roi.
Fia David ɖe gbe be, “Miyɔ Zadok, nunɔla la kple Natan, nyagblɔɖila la kple Benaya, Yehoiada ƒe vi, ɖa!” Esi wova la,
33 Et le Roi leur dit: Prenez avec vous les serviteurs de votre Seigneur, et faites monter mon fils Salomon sur ma mule, et faites-le descendre vers Guihon.
egblɔ na wo be, “Kplɔ wò aƒetɔ ƒe subɔlawo, nàtsɔ vinye Solomo ɖo nye ŋutɔ nye tedzi dzi eye nàkplɔe yi Gihon.
34 Et que Tsadok le Sacrificateur, et Nathan le Prophète, l'oignent en ce lieu-là pour Roi sur Israël, puis vous sonnerez de la trompette, et vous direz: Vive le Roi Salomon.
Na Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan nasi ami na Solomo le afi ma abe Israel fia ene. Ekema miaku kpẽ eye miado ɣli be, ‘Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!’
35 Et vous monterez après lui, et il viendra, et s'assiéra sur mon trône, et il régnera en ma place; car j'ai ordonné qu'il soit Conducteur d'Israël et de Juda.
Ne miekplɔe gbɔ va ɖo afi sia la, mina wòanɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi abe fia yeye la ene elabena metiae be wòanye fia na Israel kple Yuda.”
36 Et Bénaja fils de Jéhojadah répondit au Roi, et dit: Amen! que l'Eternel le Dieu du Roi mon Seigneur l'ordonne ainsi!
Benaya, Yehoiada ƒe vi, gblɔ be, “Neva eme! Yehowa, wò Mawu la naɖo kpe edzi.
37 Comme l'Eternel a été avec le Roi mon Seigneur, qu'il soit aussi avec Salomon, et qu'il élève son trône encore plus que le trône du Roi David mon Seigneur.
Yehowa nanɔ kple Solomo abe ale si wònɔ kple wò ene eye Mawu nana Solomo ƒe fiaɖuɖu nadze edzi wu wò ŋutɔ tɔ gɔ̃ hã!”
38 Puis Tsadok le Sacrificateur descendit avec Nathan le Prophète, et Bénaja fils de Jéhojadah, les Kéréthiens et les Péléthiens, et ils firent monter Salomon sur la mule du Roi David, et le menèrent vers Guihon.
Ale Nunɔla Zadok, Nyagblɔɖila Natan, Benaya kple David ŋu dzɔlawo kplɔ Solomo yi Gihon eye Solomo do Fia David ƒe tedzisɔ.
39 Et Tsadok le Sacrificateur prit du Tabernacle une corne pleine d'huile, et oignit Salomon; puis on sonna de la trompette, et tout le peuple dit: Vive le Roi Salomon.
Zadok tsɔ lãdzo si me ami kɔkɔe le la tso Agbadɔ la me yi Gihon eye wòkɔe ɖe tame na Solomo. Woku kpẽawo eye ameawo katã do ɣli be, “Fia Solomo nanɔ agbe tegbee!”
40 Et tout le monde monta après lui, et le peuple jouait de la flûte, et était dans la joie tellement que la terre se fendait des cris qu'ils jetaient.
Le esia megbe la, wo katã wotrɔ va Yerusalem eye wonɔ dzidzɔɣli dom le mɔa dzi.
41 Or Adonija et tous les conviés qui étaient avec lui, entendirent [ce bruit] comme ils achevaient de manger; et Joab entendant le son de la trompette, dit: Que veut dire ce bruit de la ville qui est ainsi émue?
Adoniya kple eƒe ame kpekpewo se dzidzɔɣli la esime wonɔ woƒe nuɖuɖu kple nunono la nu wum. Yoab bia be, “Nya kae le dzɔdzɔm? Nu ka ta ɣli le ɖiɖim bobobo ale le dua me?”
42 Et comme il parlait encore, voici Jonathan fils d'Abiathar le Sacrificateur arriva; et Adonija lui dit: Entre; car tu es un vaillant homme, et tu apporteras de bonnes nouvelles.
Yoab mekpɔ ɖe nu le nya siawo me hafi Yonatan, nunɔla Abiata ƒe vi, ƒu du va do ɖe wo dzi o. Adoniya gblɔ nɛ be, “Ge ɖe eme elabena ame nyuie nènye. Nya nyui aɖe anya nɔ asiwò kokoko.”
43 Mais Jonathan répondit, et dit à Adonija: Certainement le Roi David notre Seigneur a établi Roi Salomon.
Yonatan ɖo eŋu na Adoniya be, “Ao! Míaƒe aƒetɔ, Fia David, tsɔ Solomo ɖo fiae.
44 Et le Roi a envoyé avec lui Tsadok le Sacrificateur, Nathan le Prophète, Bénaja fils de Jéhojadah, et les Kéréthiens, et les Péléthiens, et ils l'ont fait monter sur la mule du Roi.
Fia la ɖoe ɖa kple nunɔla Zadok, Nyagblɔɖila Natan, Benaya, Yehoiada ƒe vi, Keretitɔwo kple Peletitɔwo eye wodae ɖe fia ƒe tedzisɔ dzi.
45 Et Tsadok le Sacrificateur, et Nathan le Prophète l'ont oint pour Roi à Guihon, d'où ils sont remontés avec joie, et la ville est ainsi émue; c'est là le bruit que vous avez entendu.
Nunɔla Zadok kple Nyagblɔɖila Natan si ami nɛ heɖoe fiae le Gihon. Wole aseye tsom tso afi ma eye du blibo la hã gli kple aseyetsotso. Eyae nye ɣli si sem miele.
46 Et même Salomon s'est assis sur le trône du Royaume.
Gawu la, Solomo nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi.
47 Et les serviteurs du Roi sont venus pour bénir le Roi David notre Seigneur, en disant: Que Dieu rende le nom de Salomon encore plus grand que ton nom, et qu'il élève son trône encore plus que ton trône! Et le Roi s'est prosterné sur le lit.
Hekpe ɖe esia ŋu la, fiaŋumewo va yra míaƒe aƒetɔ, Fia David eye wogblɔ nɛ be, ‘Wò Mawu nana Solomo ƒe ŋkɔ nade dzi wu tɔwò eye eƒe fiazikpui nali ke wu tɔwò!’ Fia la de ta agu le eƒe aba dzi, subɔ Mawu
48 Qui plus est, le Roi a dit ainsi: Béni [soit] l'Eternel le Dieu d'Israël, qui a fait aujourd'hui asseoir sur mon trône un successeur, lequel je vois de mes yeux.
eye wogblɔ be, ‘Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si na be nye ŋkuwo kpɔ ame si anɔ nye fiazikpui dzi egbe.’”
49 Alors tous les conviés qui étaient avec Adonija furent dans un grand trouble, et se levèrent, et s'en allèrent chacun son chemin.
Vɔvɔ̃ ɖo Adoniya ƒe ame kpekpewo katã eye wokaka gbẽe.
50 Et Adonija craignant Salomon, se leva et s'en alla, et empoigna les cornes de l'autel.
Ke Adoniya ƒe vɔvɔ̃ na Solomo na wòyi ɖalé vɔsamlekpui la ƒe dzowo ɖe asi.
51 Et on le rapporta à Salomon, en disant: Voilà Adonija qui a peur du Roi Salomon, et voilà il a empoigné les cornes de l'autel, en disant: Que le Roi Salomon me jure aujourd'hui qu'il ne fera point mourir son serviteur par l'épée.
Wogblɔ na Solomo be, “Adoniya le vɔvɔ̃m na Fia Solomo eye wòle sitsoƒe dim le agbadɔ la me. Adoniya gblɔ be, ‘Mina Fia Solomo naka atam nam egbe be yematsɔ yi awu eƒe subɔla o.’”
52 Et Salomon dit: Si [à l'avenir] il se porte en homme de bien il ne tombera [pas un] de ses cheveux en terre; mais s'il se trouve du mal en lui, il mourra.
Fia Solomo gblɔ be, “Ne elé eɖokui nyuie la, ame aɖeke mawɔ nuvevi aɖekee o, ke ne melé eɖokui nyuie o la, aku.”
53 Alors le Roi Salomon envoya, et on le ramena de l'autel, et il vint, et se prosterna devant le Roi Salomon; et Salomon lui dit: Va-t'en en ta maison.
Ale Fia Solomo na woyi ɖakplɔe tso vɔsamlekpui la gbɔ vɛ. Esi wòva ɖo la, ebɔbɔ, de ta agu le fia la ŋkume. Solomo gblɔ nɛ kpuie ko be, “Yi wò aƒe me!”

< 1 Rois 1 >