< 1 Thessaloniciens 2 >

1 Vous savez vous-mêmes, frères, que notre arrivée chez vous n’a pas été sans résultat.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo ŋutɔ mienya ale si míaƒe mia gbɔ vava ɖe vi na mie.
2 Après avoir souffert et reçu des outrages à Philippes, comme vous le savez, nous prîmes de l’assurance en notre Dieu, pour vous annoncer l’Évangile de Dieu, au milieu de bien des combats.
Mienya ale si wowɔ funyafunya mí kple ale si míekpe fu le Filipi hafi va ɖo mia gbɔ la hã. Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ mí, be míagblɔ nyanyui ma ke na mi, togbɔ be futɔwo ƒo xlã mí gɔ̃ hã.
3 Car notre prédication ne repose ni sur l’erreur, ni sur des motifs impurs, ni sur la fraude;
Eya ta miakpɔe adze sii be míele mawunya gblɔm ɖe didi vɔ̃wo alo tameɖoɖo vɔ̃wo ta o, ke boŋ míele egblɔm le anukwareɖiɖi kple dzitsinya nyui me,
4 mais, selon que Dieu nous a jugés dignes de nous confier l’Évangile, ainsi nous parlons, non comme pour plaire à des hommes, mais pour plaire à Dieu, qui sonde nos cœurs.
elabena míawo la míele nya la gblɔm abe dɔla siwo tso Mawu gbɔ, ame siwo wòtsɔ nyanyuie la de asi na la ene; eya ta míetrɔ eƒe nya la ƒe akpa aɖeke be wòasɔ ɖe nyaselawo ƒe didi nu o elabena míawo la, míesubɔa Mawu ɖeka hɔ̃ɔ si dzroa amewo ƒe dzimesusuwo ƒe gogloƒe ke me.
5 Jamais, en effet, nous n’avons usé de paroles flatteuses, comme vous le savez; jamais nous n’avons eu la cupidité pour mobile, Dieu en est témoin.
Abe ale si mienya nyuie ene la, míedze agbagba zi ɖeka pɛ hã kpɔ be míahe mi va mía gbɔe to mia nu beble me o, eye Mawu ŋutɔ hã nya be menye ɖe míebua be míenye mia xɔlɔ̃wo ale be miana ga mí o.
6 Nous n’avons point cherché la gloire qui vient des hommes, ni de vous ni des autres; nous aurions pu nous produire avec autorité comme apôtres de Christ,
Míebia kafukafu tso miawo alo ame bubu aɖeke gbɔ kpɔ o; evɔ abe Kristo ƒe apostolowo ene la, míedze na bubu tɔxɛ tso mia gbɔ hafi.
7 mais nous avons été pleins de douceur au milieu de vous. De même qu’une nourrice prend un tendre soin de ses enfants,
Le esia teƒe la, míegbɔ dzi ɖi na mi abe ale si vi dada gbɔa dzi ɖi doa nuɖuɖu na viawo, eye wòléa be na wo ene.
8 nous aurions voulu, dans notre vive affection pour vous, non seulement vous donner l’Évangile de Dieu, mais encore nos propres vies, tant vous nous étiez devenus chers.
Míelɔ̃ mi vevie, eye míaƒe lɔlɔ̃ la de to ale gbegbe be míetsɔ Mawu ƒe nyanyui la ɖeɖe ko vɛ na mi o, ke boŋ míetsɔ míawo ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã kpe ɖe eŋuti na mi.
9 Vous vous rappelez, frères, notre travail et notre peine: nuit et jour à l’œuvre, pour n’être à charge à aucun de vous, nous vous avons prêché l’Évangile de Dieu.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, mieɖo ŋku ale si míewɔ dɔ kple kutrikuku geɖe le mia dome la dzi oa? Zã kple keli míewɔa dɔ kple kutrikuku, eye míetea fifia be míate ŋu akpɔ nu anɔ agbe ɖe eŋuti, ale be míaganye agba na ame aɖeke le afi ma esi míele Mawu ƒe nyanyui la gblɔm le mia dome o.
10 Vous êtes témoins, et Dieu l’est aussi, que nous avons eu envers vous qui croyez une conduite sainte, juste et irréprochable.
Miawo ŋutɔ kple Mawu siaa mienye ɖasefowo na mí be míenɔ agbe dzadzɛ, agbe kɔkɔe kple agbe si ŋu mokaka mele o la le mia dome.
11 Vous savez aussi que nous avons été pour chacun de vous ce qu’un père est pour ses enfants,
Ɖe mieɖo ŋku edzi be, míeƒoa nu na mi abe ale si fofo ƒoa nu na viawoe la ene oa?
12 vous exhortant, vous consolant, vous conjurant de marcher d’une manière digne de Dieu, qui vous appelle à son royaume et à sa gloire.
Míeɖea kuku na mi, dea dzi ƒo na mi, eye kura gɔ̃ hã la, míedina tso mia si be miaƒe agbenɔnɔ naganye nuɖiaɖia na Mawu o, ke boŋ wòahe dzidzɔ vɛ na eya ame si yɔ mí va eƒe fiaɖuƒe la me be míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe la me.
13 C’est pourquoi nous rendons continuellement grâces à Dieu de ce qu’en recevant la parole de Dieu, que nous vous avons fait entendre, vous l’avez reçue, non comme la parole des hommes, mais, ainsi qu’elle l’est véritablement, comme la parole de Dieu, qui agit en vous qui croyez.
Eye míadzudzɔ akpedada na Mawu ɖe esia ta o, elabena esi míegblɔ nyanyui la na mi la, miebu nya la abe nya siwo míawo ŋutɔ míesusu la ene o, ke boŋ miexɔe abe Nya si tso Mawu ŋutɔ gbɔ la ene, eye le nyateƒe me eya ŋutɔ gbɔe wòtso, eya ta esi miexɔe se la, etrɔ miaƒe agbenɔnɔ.
14 Car vous, frères, vous êtes devenus les imitateurs des Églises de Dieu qui sont en Jésus-Christ dans la Judée, parce que vous aussi, vous avez souffert de la part de vos propres compatriotes les mêmes maux qu’elles ont soufferts de la part des Juifs.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia yomedzenue nye be miawo hã miekpe fu abe ale si Mawu ƒe hame siwo le Yudea le Yesu Kristo me la kpee ene. Miawo ŋutɔ miaƒe dukɔmetɔwo ti mia yome abe ale si woawo hã kpe fu tso woawo ŋutɔ ƒe amewo, Yudatɔwo ƒe asi me ene.
15 Ce sont ces Juifs qui ont fait mourir le Seigneur Jésus et les prophètes, qui nous ont persécutés, qui ne plaisent point à Dieu, et qui sont ennemis de tous les hommes,
Esi wowu woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo vɔ la, woklã Aƒetɔ Yesu gɔ̃ hã ɖe atitsoga ŋuti, eye azɔ la, woti míawo hã yome kutɔkutɔe henya mí do goe le dua me. Wotsi tsitre ɖe Mawu kple amegbetɔ siaa ŋuti,
16 nous empêchant de parler aux païens pour qu’ils soient sauvés, en sorte qu’ils ne cessent de mettre le comble à leurs péchés. Mais la colère a fini par les atteindre.
eye wole agbagba dzem be woaxe mɔ na mí ne míagagblɔ nya la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ɖe vɔvɔ̃ be wo dometɔ aɖewo akpɔ ɖeɖe ta. Ale ame siawo ƒe nu vɔ̃wo gale tsitsim ɖe edzi. Mlɔeba la, Mawu ƒe dziku va wo dzi azɔ.
17 Pour nous, frères, après avoir été quelque temps séparés de vous, de corps mais non de cœur, nous avons eu d’autant plus ardemment le vif désir de vous voir.
Nɔvi lɔlɔ̃awo, esi míedzo le mia gbɔ le ɣeyiɣi kpui si va yi me la (míaƒe dziwo ya medzo le mia gbɔ o), míedze agbagba ɖe sia ɖe be míagava kpɔ mi ɖa, gake mete ŋu dze edzi o.
18 Aussi voulions-nous aller vers vous, du moins moi Paul, une et même deux fois; mais Satan nous en a empêchés.
Edzro mí vevie ŋutɔ be míava mia gbɔ, eye nye, Paulo, medze agbagba zi geɖe be mava, gake Satana meɖe mɔ na mí o.
19 Qui est, en effet, notre espérance, ou notre joie, ou notre couronne de gloire? N’est-ce pas vous aussi, devant notre Seigneur Jésus, lors de son avènement?
Nu ka gɔ̃ míele agbe na? Nu kae na mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ mí, eye wònye míaƒe fetu vavã kple fiakuku la? Miawoe! Ɛ̃, miahe dzidzɔ geɖe vɛ na mí, ne mí katã míetsi tsitre ɖe míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkume, ne etrɔ va,
20 Oui, vous êtes notre gloire et notre joie.
elabena miawoe nye míaƒe ŋutikɔkɔe kple dzidzɔ.

< 1 Thessaloniciens 2 >