< 2 Samuel 24 >

1 La colère du Seigneur s'enflamma encore contre Israël; et il poussa David contre le peuple, en lui disant: Va, et fais le dénombrement d'Israël et de Juda.
Yehowa gado dziku ɖe Israel ŋu eye wòna be David tso ɖe wo ŋu gblɔ na wo be, “Miyi miaxlẽ ame siwo le Israel kple Yuda.”
2 Et le roi dit à Joab, général de ses troupes, qui était avec lui: Parcours toutes les tribus d'Israël et de Juda, depuis Dan jusqu'à Bersabée; fais le recensement du peuple, et j'en saurai le nombre.
Ale fia la dɔ Aʋafia Yoab kple aʋafia bubuwo eye wògblɔ na wo be, “Miyi ne miatsa le Israel ƒe toawo katã me tso Dan va se ɖe Beerseba eye miaŋlɔ ŋutsu siwo ate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔ ne manya woƒe xexlẽme.”
3 Joab répondit au roi: Puisse le Seigneur Dieu ajouter à ce peuple, et le rendre cent fois aussi nombreux qu'il l'est; puisse le roi mon maître le voir de ses yeux; mais pourquoi le roi mon maître a-t-il formé ce dessein?
Ke Yoab ɖo eŋu na fia la be, “Yehowa, wò Mawu la nadzi wò aʋakɔwo ɖe edzi zi alafa eye wòana be nye aƒetɔ, fia la ƒe ŋkuwo nakpɔ esia gake nu ka ŋuti nye aƒetɔ, fia la di be yeawɔ nu sia ɖo?”
4 Mais la volonté du roi prévalut sur Joab et les autres chefs de l'armée. Joab partit donc avec les chefs des forces qui entouraient David, pour faire le recensement du peuple d'Israël.
Ke fia la ƒe nya ɖu Yoab kple aʋafia bubuawo tɔ dzi ale wodzo le fia la ŋkume be woaɖaŋlɔ ŋutsu siwo katã ate ŋu ayi aʋa le Israel la ƒe ŋkɔ.
5 Et ils traversèrent le Jourdain, et ils campèrent dans les champs d'Aroer, à droite de la ville, au milieu de la gorge de Gad et d'Eliézer.
Esi wotso Yɔdan tɔsisi la vɔ la, woƒu asaɖa anyi ɖe Aroer gbɔ le du si le balime la ƒe dziehe gome eye wozɔ to Gad va ɖo Yazer.
6 Ils allèrent ensuite en Galaad et dans la terre de Thabason, la même qu'Adasaï; ils passèrent par Danidan, par Udan, et ils firent le tour de Sidon.
Tso afi ma woyi Gilead le Tatimhodsinyigba dzi heyi Dan Yaan eye woƒo xlã yi Sidon.
7 Puis, ils allèrent à Mapsar de Tyr, et dans toutes les villes de l'Evéen et du Chananéen; et ils retournèrent au sud de Juda en Bersabée.
Tso afi ma woyi Tiro mɔ la me kple Hivitɔwo kple Kanaantɔwo ƒe duwo katã me. Mlɔeba la, woyi Beerseba le Yuda ƒe gbegbe.
8 Et ils parcoururent toute la terre; enfin, ils rentrèrent à Jérusalem au bout de neuf mois et vingt jours.
Esi wotsa le anyigba blibo la dzi vɔ la, wotrɔ gbɔ va Yerusalem, esi wotsa le ɣleti asiekɛ kple ŋkeke blaeve kple vɔwo megbe.
9 Et Joab remit au roi le dénombrement du peuple qu'il avait recensé. Il y avait en Israël huit cent mille hommes dans la force de l'âge, portant l'épée, et en Juda cinq cent mille combattants.
Yoab gblɔ na fia la be ŋutsu siwo tsi na aʋayiyi la le ame akpe alafa enyi le Israel eye wole akpe alafa atɔ̃ le Yuda.
10 Et le cœur de David le tourmenta, après qu'il eut compté le peuple, et il dit au Seigneur: J'ai gravement péché en ce que je viens de faire, ô Seigneur; remettez à votre serviteur son iniquité, car j'ai commis une insigne folie.
David ƒe dzitsinya ɖe fu nɛ esi wòna woxlẽ ame siwo ate ŋu ayi aʋa la vɔ. Tete wògblɔ na Yehowa be, “Mewɔ nu vɔ̃ gã aɖe le nu si mewɔ la ta. Oo Yehowa, azɔ la meɖe kuku na wò, ɖe wò dɔla ƒe vodada ɖa elabena mewɔ bometsinu gã aɖe.”
11 Et David se leva de grand matin, et la parole du Seigneur vint à Gad le voyant, le prophète, et le Seigneur lui dit:
Hafi David nafɔ le ŋdi la, Yehowa ƒe gbe va na Nyagblɔɖila Gad, David ƒe nukpɔla be,
12 Va, et parle à David, disant: Voici ce que dit le Seigneur: Je t'apporte trois choses: choisis pour toi l'une d'elles, et tu l'auras.
“Yi nàgblɔ na David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: mele nu etɔ̃ ɖom ŋkuwò me. Tia wo dometɔ ɖeka esi mawɔ ɖe ŋutiwò.’”
13 Et Gad entra chez le roi, lui parla, et lui dit: Choisis pour toi ce que tu veux qui arrive; il y aura ou trois années de famine en ta terre, ou trois mois, pendant lesquels tu fuiras devant tes ennemis qui te poursuivront, ou trois jours de mortalité dans ton royaume. Réfléchis, et vois ce que je dois répondre à Celui qui m'envoie.
Gad yi David gbɔ eye wòbiae be, “Ɖe nàtia be dɔwuame nava anyigba dzi ƒe adre loo, alo nàsi le wò futɔwo nu ɣleti etɔ̃ loo, alo dɔvɔ̃ nava anyigba la dzi ŋkeke etɔ̃a? Bu nu siawo ŋu nyuie eye nàna manya ŋuɖoɖo si mana ame si dɔm la.”
14 Et David dit à Gad: De toutes parts le choix m'est cruel; mais j'aime mieux me livrer aux mains du Seigneur, parce qu'il a eu souvent compassion de moi; je ne tomberai point dans les mains des hommes.
David gblɔ na Gad be, “Meɖo xaxa gã aɖe me. Na míadze Yehowa ƒe asi me le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ la ta, ke mègana madze amegbetɔ ƒe asi me o.”
15 David choisit donc la mortalité; or, on était au temps de la moisson; et le Seigneur envoya la mort en Israël depuis le point du jour jusqu'à midi; la peste commença à frapper le peuple, et, de Dan à Bersabée, soixante-dix mille hommes périrent.
Ale Yehowa na dɔvɔ̃ va Israelnyigba dzi ŋdi ma; enɔ anyi va se ɖe ɣeyiɣi si wòɖo nɛ eye ame akpe blaadre ku le dukɔ la me, tso Dan va se ɖe Beerseba.
16 Et l'ange de Dieu étendit la main sur Jérusalem pour la détruire; mais le Seigneur eut compassion de ses maux, et il dit à l'ange exterminateur qui détruisait le peuple: C'est assez, arrête ta main. Or, l'ange du Seigneur était auprès de l'aire d'Orna le Jébuséen.
Esi mawudɔla la do eƒe asi ɖa be yeatsrɔ̃ Yerusalem la, dzɔgbevɔ̃e la ve Yehowa eye wògblɔ na mawudɔla si le nu gblẽm le ameawo dome la be, “Enyo gbɔ! Ɖe wò asi ɖa.” Yehowa ƒe dɔla la ɖo Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe le ɣe ma ɣi me.
17 David, quand il vit l'ange du Seigneur frapper le peuple, parla au Seigneur, et lui dit: Me voici, c'est moi qui ai péché; mais ces brebis qu'ont-elles fait? Que votre main soit contre moi et contre la maison de mon père.
David kpɔ mawudɔla la eye wògblɔ na Yehowa be, “Kpɔ ɖa, nyee nye ame si wɔ nu vɔ̃! Nu ka alẽ siawo ya wɔ? Na wò dɔmedzoe nabi ɖe nye kple nye ƒometɔwo ɖeɖe ko ŋuti.”
18 Et ce jour-là, Gad vint à David, et il lui dit: Lève-toi, et dresse un autel au Seigneur dans l'aire d'Orna le Jébuséen.
Nyagblɔɖila Gad va David gbɔ gbe ma gbe eye wògblɔ nɛ be, “Yi nàtu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa le Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe.”
19 Et David se leva, comme le lui prescrivait Gad, et comme à Gad l'avait prescrit le Seigneur.
David yi be yeawɔ nu si Yehowa to Gad dzi gblɔ nɛ.
20 Orna était penché à sa fenêtre, et voyant le roi qui venait à lui avec ses serviteurs, il sortit, se prosterna devant le roi la face contre terre,
Esi Arauna kpɔ fia la kple eŋumewo gbɔna egbɔ la, eyi hede ta agu tsyɔ mo anyi ɖe fia la ŋkume.
21 Et dit: Pourquoi le roi mon maître est-il venu chez son serviteur? David répondit: C'est pour t'acheter ton aire, et y bâtir un autel au Seigneur, afin que cette peste cesse d'atteindre le peuple.
Ebia wo be, “Nu ka wɔ ge mieva?” David ɖo eŋu be, “Míeva be míaƒle wò lugbɔƒea eye matu vɔsamlekpui aɖe na Yehowa ɖe afi sia ale be wòana dɔvɔ̃ la nu natso.”
22 Et Orna dit à David: Que le roi mon maître prenne et consacre ce que bon lui semble; voici mes bœufs pour l'holocauste; les jougs et le chariot serviront à les brûler.
Arauna gblɔ na David be, “Nye aƒetɔ fia, wɔ nu sia nu si hiã wò la ŋu dɔ faa. Nyitsuwoe nye esiawo na numevɔsa; àte ŋu awɔ lugbɔnuwo kple nyitsuwo ƒe kɔkutiwo ŋu dɔ hena dzododo ɖe vɔsamlekpui la dzi.
23 Ainsi, Orna donna tout au roi, et il lui dit: Que le Seigneur ton Dieu te bénisse.
Matsɔ wo katã na wò faa. Yehowa, wò Mawu la naxɔ wò vɔsa.”
24 Mais le roi repartit: Je n'accepte point, je t'achèterai ce que tu m'offres, moyennant un bon prix; je ne présenterai point au Seigneur un holocauste qui ne me coûte rien. Et David acheta l'aire avec les bœufs cinquante sicles d'argent.
Ke Fia David gblɔ na Arauna be, “Ao, nyemaxɔ nu siawo abe nunanawo ene o, elabena nyemedi be masa numevɔ la na Yehowa, nye Mawu la kple nu siwo ta nyemexe fe aɖeke ɖo o.” Ale David xe klosaloga blaatɔ̃ nɛ ɖe lugbɔƒe la kple nyitsuawo ta.
25 Aussitôt, David bâtit l'autel au Seigneur; puis, il y offrit des holocaustes et des hosties pacifiques. Salomon embellit plus tard l'autel, qui était d'abord fort petit. Pour le moment, le Seigneur exauça les vœux de la terre, et la peste cessa en Israël.
David ɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa eye wòsa numevɔ kple akpedavɔ. Yehowa se eƒe gbedodoɖa eye wòna dɔvɔ̃ la nu tso.

< 2 Samuel 24 >