< Psalmowo 98 >

1 Hadzidzi. Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nu dzɔatsuwo; eƒe nuɖusi kple eƒe abɔ kɔkɔe la wɔ ɖeɖedɔ nɛ. 2 Yehowa na wonya eƒe ɖeɖe, eye wòklo nu le eƒe dzɔdzɔenyenye dzi na dukɔwo. 3 Eɖo ŋku eƒe lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ dzi na Israel ƒe aƒe la, eye anyigba ƒe mlɔenu ke hã kpɔ míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe. 4 Mi anyigbawo katã, mido dzidzɔɣli na Yehowa, migli kple hadzidzi kple saŋkuƒoƒo. 5 Midzi ha na Yehowa kple kasaŋku, mitsɔ kasaŋku, hadzidzi, 6 kpẽkuku kple lãdzokuku kpakple dzidzɔɣli do ɖe Yehowa, fia la ŋkume. 7 Mina atsiaƒu kple nu siwo katã le eme la nado ɣli, anyigba kple edzinɔlawo katã hã. 8 Mina tɔsisiwo naƒo asikpe, eye towo katã nadzi ha ɖekae le dzidzɔkpɔkpɔ ta. 9 Wonedzi ha le Yehowa ŋkume, elabena eva ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba la. Adrɔ̃ ʋɔnu anyigba la le dzɔdzɔenyenye me kple dukɔwo ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.

< Psalmowo 98 >