< Psalmowo 93 >

1 Yehowa le fia ɖum, eta gãnyenye, Yehowa ta gãnyenye, eye ŋusẽ le esi. Eli ke xexea me, maʋã o. 2 Woɖo wò fiazikpui anyi tso blema ke, eye nèli tso mavɔ me ke. 3 Atsiaƒuwo dze agbo, o Yehowa, atsiaƒuwo le ɣli dom, atsiaƒuwo dze agbo, eye woƒe tsotsoewo le ŋeŋem. 4 Ke ètri akɔ wu tɔsisi gãwo ƒe gbeɖeɖe, ètri akɔ wu atsiaƒu ƒe agbodzedze, ɛ̃, Yehowa le dziƒo tri akɔ. 5 Wò sewo le te goŋgoŋgoŋ; O! Yehowa, kɔkɔenyenye ɖo atsyɔ̃ na wò aƒe ɣeawo katã ɣi.

< Psalmowo 93 >