< Psalmowo 87 >

1 Korah ƒe viwo ƒe ha. Eɖo eƒe agunu anyi ɖe to Kɔkɔe la dzi. 2 Yehowa lɔ̃ Zion ƒe agbowo wu Yakob ƒe nɔƒewo katã. 3 O! Mawu ƒe du, wogblɔ nu nyui geɖewo tso ŋuwò. (Sela) 4 “Maŋlɔ Rahab kple Babilon ƒe ŋkɔ ɖe ame siwo nyam la dome, nenema kee nye Filistia kple Tiro hekpe ɖe Kus ŋuti, magblɔ be, ‘Wodzi esia le Zion.’” 5 Vavã, woagblɔ le Zion ŋu be, “Wodzi esia kple ekemɛ le afi ma, eye Dziƒoʋĩtɔ la ŋutɔ aɖo egɔme anyi.” 6 Yehowa aŋlɔ ɖe dukɔwo ƒe agbalẽ me be, “Wodzi esia le Zion.” (Sela) 7 Ne wole ha dzim la, woadzi ha be, “Nye agunuwo katã le mewò.”

< Psalmowo 87 >