< Psalmowo 82 >

1 Asaf ƒe ha. Mawu nɔ zi me na takpekpe gã la, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu le “mawuwo” dome. 2 “Va se ɖe ɣe ka ɣi miaʋli ame baɖa la ta, eye miatso afia ade ame vɔ̃ɖi la dzi?” (Sela) 3 “Miʋli ame gblɔewo kple tsyɔ̃eviwo ta, eye miwɔ dɔmenyo na hiãtɔwo kple ame siwo wote ɖe to. 4 Mixɔ na ame gblɔewo kple hiãtɔwo, eye miɖe wo tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me. 5 “Womenya naneke o, womese naneke gɔme o. Wole zɔzɔm le blukɔ me, eye anyigba ƒe agunuwo katã ʋuʋu. 6 “Megblɔ be, ‘Mawuwoe mienye; mi katã mienye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viŋutsuwo’, 7 gake miaku abe amegbetɔwo ko ene eye miatsi aʋa abe fia ɖe sia ɖe ko ene.” 8 O! Mawu, tso, eye nàdrɔ̃ ʋɔnu anyigba la elabena dukɔwo katã nye wò domenyinu.

< Psalmowo 82 >