< Psalmowo 75 >

1 Asaf ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzii ɖe “Mègagblẽ nu o” ƒe gbeɖiɖi nu. O! Mawu, míeda akpe na wò, míeda akpe na wò, elabena wò ŋkɔ tsɔ ɖe mía gbɔ, eye amewo le wò nukunuwo xlẽm fia.
Unto you, O God, do we give thanks, unto you do we give thanks: for that your name is near your wondrous works declare.
2 Ègblɔ be, “Meɖo ɣeyiɣi da ɖi, elabena nyee adrɔ̃ ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye me.
When I shall receive the congregation I will judge uprightly.
3 Ne anyigba kple edzinɔlawo ʋuʋu kpekpekpe la, nyee léa eƒe sɔtiwo ɖe asi sesĩe. (Sela)
The earth and all the inhabitants thereof are dissolved: I bear up the pillars of it. (Selah)
4 Megblɔ na ɖokuiŋudzelawo be, ‘Midzudzɔ dada,’ eye na ame vɔ̃ɖi be, ‘Mègakɔ wò dzo ɖe dzi o.
I said unto the fools, Deal not foolishly: and to the wicked, Lift not up the horn:
5 Mègakɔ wò dzowo ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu o, eye mègahe ve hafi nànɔ nu ƒom o.’”
Lift not up your horn on high: speak not with a stiff neck.
6 Dodoɖedzi metsoa ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe alo gbegbe vana na ame o,
For promotion comes neither from the east, nor from the west, nor from the south.
7 ke boŋ Mawue nye afiatsola, eɖea ame sia le zi dzi, eye wòdoa ame kemɛ ɖe dzi.
But God is the judge: he puts down one, and sets up another.
8 Kplu aɖe le Yehowa ƒe asi me, wain si lɔ fu ɖe nu, eye wotsɔ nu ʋeʋĩ tɔtɔe la le eme; ekui na ame vɔ̃ɖi siwo le anyigba dzi, wonoe, no ahaƒã si le egɔme la hã ƒiaƒiaƒia.
For in the hand of the LORD there is a cup, and the wine is red; it is full of mixture; and he pours out of the same: but the dregs thereof, all the wicked of the earth shall wring them out, and drink them.
9 Ke nye la, manɔ esia gblɔm ɖaa be; madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la;
But I will declare for ever; I will sing praises to the God of Jacob.
10 maŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe dzowo, ke woado ame dzɔdzɔewo ƒe dzowo ɖe dzi.
All the horns of the wicked also will I cut off; but the horns of the righteous shall be exalted.

< Psalmowo 75 >