< Psalmowo 70 >

1 David ƒe ha na hɛnɔ la. Kukuɖeɖe. O! Mawu, netsɔ nàɖem; O! Yehowa, va kaba nàxɔ nam. 2 Ŋukpe kple tɔtɔ neva ame siwo le nye agbe yome tim la dzi. Ame siwo le nye gbegblẽ dim la negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe. 3 Na be ame siwo le gbɔgblɔm be, “Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃!” la natrɔ megbe adzo kple ŋukpe. 4 Ke ame siwo dia wò la netso aseye; woakpɔ dzidzɔ le mewò, eye ame siwo lɔ̃a wò xɔname la negblɔ ɖaa be, “Woado Mawu ɖe dzi ɖaa!” 5 Ke nye la, O Mawu, meda ahe, eye hiã tum, eya ta va gbɔnye kaba. O! Yehowa, mègahe ɖe megbe o, elabena wòe nye nye xɔnametɔ kple nye Ɖela.

< Psalmowo 70 >