< Psalmowo 67 >

1 Ha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. Mawu, ve mía nu, eye nàyra mí, na wò mo naklẽ ɖe mía dzi, (Sela) 2 Ale be woanya wò mɔwo le anyigba dzi kple wò xɔxɔ le dukɔwo dome. 3 O! Mawu, dukɔwo akafu wò, anyigbadzidukɔwo katã akafu wò. 4 Dukɔwo akpɔ dzidzɔ, adzi ha, atso aseye, elabena èɖu dukɔwo dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye nèkplɔ anyigbadzidukɔwo. (Sela) 5 Mawu, dukɔwo katã akafu wò; wòe dukɔwo katã akafu. 6 Ekema anyigba ana woaxa eƒe nukuwo fũu, eye Mawu, míaƒe Mawu la ayra mí. 7 Mawu ayra mí, eye anyigba ƒe mlɔenutɔwo katã avɔ̃e.

< Psalmowo 67 >