< Psalmowo 3 >

1 David ƒe ha, esi wòsi le via Absalom nu. O, Yehowa, aleke nye futɔwo sɔ gbɔ ale! Aleke ame geɖewo tso ɖe ŋunye ale! 2 Ame geɖewo le gbɔgblɔm tso ŋutinye be, “Mawu maɖee akpɔ o.” (Sela) 3 O, Yehowa, ke wò la, ènye akpoxɔnu ƒo xlãm; ètsɔ ŋutikɔkɔe kɔ ɖe dzinye, eye nèkɔ nye ta dzi. 4 Yehowae medo ɣli na sesĩe, eye wòtɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi. (Sela) 5 Memlɔ anyi hedɔ alɔ̃; meganyɔ, elabena Yehowae kpɔ tanye. 6 Nyemavɔ̃ na ame akpe nane siwo ho, ɖe to ɖem godoo la o. 7 Tso, O, Yehowa! Ɖem, O, nye Mawu! Ƒo tome na nye futɔwo katã; eye nàŋe aɖu na ame vɔ̃ɖiwo. 8 Yehowa gbɔe ɖeɖe tsona. Na be wò yayra nanɔ wò amewo dzi. (Sela)

< Psalmowo 3 >