< Psalmowo 149 >

1 Mikafu Yehowa. Midzi ha yeye na Yehowa, midzi eƒe kafukafuha le ame kɔkɔewo ƒe asaɖa me. 2 Israel nekpɔ dzidzɔ le woƒe Wɔla me, Zionviwo netso aseye ɖe woƒe fia la ŋu. 3 Wonekafu eƒe ŋkɔ kple ɣeɖuɖu, eye woneƒo ha nɛ kple asiʋuiwo kple kasaŋku. 4 Elabena Yehowa do dzidzɔ ɖe eƒe dukɔ ŋu, eye wòtsɔ ɖeɖe ɖɔ na ame gblɔewo. 5 Ame kɔkɔewo nekpɔ dzidzɔ le eƒe bubu me, eye woadzi ha kple dzidzɔ le woƒe abawo dzi. 6 Mawu kafukafu nenɔ woƒe nu me, eye wòanye yi nuevee anɔ woƒe asiwo me, 7 ne woatsɔ abia hlɔ̃ dukɔwo, eye woatsɔe ahe toe na amewo, 8 ne woabla woƒe fiawo kple gakɔsɔkɔsɔ, eye woade kunyowu woƒe bubumewo, 9 ne woawɔ fɔ si wobu wo, woŋlɔ da ɖi ɖe wo ŋu la dzi. Esia nye eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe ŋutikɔkɔe. Mikafu Yehowa.

< Psalmowo 149 >