< Psalmowo 137 >

1 Babilonia tɔsisiwo toe míenɔ, hɛnɔ avi fam, esi míeɖo ŋku Zion dzi. 2 Míetsɔ míaƒe kasaŋkuwo ku amuti siwo le afi ma, 3 elabena afi mae ame siwo ɖe aboyo mí la bia ha tso mía si le; ame siwo wɔ fu mí la bia dzidzɔhawo tso mía si hegblɔ be, “Midzi Zion hawo dometɔ ɖeka na mí!” 4 Aleke miadzi Yehowa ƒe hawo le dzronyigba dzi? 5 O! Yerusalem, ne meŋlɔ wò be la, nye nuɖusibɔ nèŋlɔ eƒe ŋusẽ be, 6 eye nye aɖe nelé ɖe nye nu me, ne nyemeɖo ŋku dziwò o, ne nyemebu Yerusalem, nye dzidzɔ kɔkɔtɔ kekeake o. 7 O! Yehowa, ɖo ŋku nu si Edomtɔwo wɔ la dzi, gbe si gbe wogbã Yerusalem. Wodo ɣli be, “Mimui ƒu anyi, migbãe, va se ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi ke!” 8 O! Babilonia vinyɔnu, woɖo wò ɖi na tsɔtsrɔ̃, woayra ame si aɖo nu si nèwɔ mí la teƒe na wò, 9 ame si alé wò vidzĩwo axlã ɖe agakpewo.

< Psalmowo 137 >