< Psalmowo 136 >

1 Mida akpe na Yehowa, elabena enyo. 2 Mida akpe na mawuwo dzi Mawu la, 3 Mida akpe na aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la, 4 Eya ɖeka hɔ̃ɔ koe wɔa nukunu dzɔatsuwo, 5 Eya ame si tsɔ eƒe nugɔmesese wɔ dziƒowoe, 6 Ame si keke anyigba ɖe tsiwo dzi, 7 Ame si wɔ nu keklẽ gãwo, 8 Be ɣe naɖu ŋkeke dzi, 9 Be ɣleti kple ɣletiviwo naɖu zã dzi, 10 Eya ame si ƒo Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo ƒu anyi, 11 Eye wòkplɔ Israel do goe le wo dome, 12 Kple asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi, 13 Eya ame si ma Ƒu Dzĩ la ɖe eve, 14 Eye wòkplɔ Israel to eƒe titina, 15 Ke ekplɔ Farao kple eƒe aʋakɔ la de Ƒu Dzĩ la me, 16 Eya ame si kplɔ eƒe dukɔ la to gbedzi, 17 Ame si ƒo fia gãwo ƒu anyi, 18 Eye wòwu fia sesẽwo, 19 Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, 20 kple Ɔg, Basantɔwo ƒe fia, 21 Eye wòtsɔ woƒe anyigba wɔ domenyinu, 22 Domenyinu na eƒe dɔla, Israel, 23 Eya ame si ɖo ŋku mía dzi, esime wobɔbɔ mí ɖe anyi, 24 Eye wòɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me, 25 Eya ame si naa nuɖuɖu nu gbagbe ɖe sia ɖe, 26 Mida akpe na Dziƒo Mawu la,

< Psalmowo 136 >