< Psalmowo 134 >

1 Mɔzɔha. Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo katã, mi ame siwo subɔna le Yehowa ƒe aƒe me le zã me. 2 Mido miaƒe asiwo ɖe dzi le kɔkɔeƒe la me, eye mikafu Yehowa. 3 Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla, neyra mi tso Zion.

< Psalmowo 134 >