< Psalmowo 130 >

1 Mɔzɔha. O! Yehowa, mele koko ƒom na wò tso nye dzi me ke. 2 O! Aƒetɔ, ɖo to nye gbe. Wò to nenɔ te nàse nye nublanuiɣli. 3 O! Yehowa, ne àlé amewo ƒe nu vɔ̃wo ɖe agbalẽ me ada ɖi la, O! Aƒetɔ, ame ka ate ŋu anɔ te? 4 Ke wò la, tsɔtsɔke le gbɔwò, eya ta wovɔ̃a wò ɖo. 5 Mele Yehowa ƒe asinu kpɔm, nye luʋɔ le lalam, eye metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe nya dzi. 6 Nye luʋɔ le lalam na Aƒetɔ la wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke; mebe wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke. 7 O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi, elabena lɔlɔ̃ matrɔ le Yehowa si, eye ɖeɖe blibo le eya amea gbɔ. 8 Eya ŋutɔ aɖe Israel tso eƒe nu vɔ̃wo katã me.

< Psalmowo 130 >