< Psalmowo 129 >

1 Mɔzɔha. Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke. Israel negblɔ be, 2 “Wotem ɖe anyi ale gbegbe tso nye ɖekakpuime ke, gake womeɖu dzinye o. 3 Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nye dzimegbe, eye woɖe boliƒowo wodidi, 4 gake Yehowa nye dzɔdzɔetɔ, etso kam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe babla me.” 5 Na be ame siwo katã tsri Zion la, nagbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe. 6 Na be woanɔ abe gbe si wotsɔ gbã xɔe ene, gbe si yrɔna, hafi ayi miemie ge. 7 Ale gbetsola mate ŋu atsoe alɔ ɖe asime loo, alo ame si le elɔm la, nayi elɔ ge ɖe abɔdome o. 8 Ame siwo to afi ma yi la megagblɔ be, “Yehowa ƒe yayra nenɔ dziwò; míeyra wò le Yehowa ƒe ŋkɔ me” o.

< Psalmowo 129 >