< Psalmowo 128 >

1 Mɔzɔha. Woayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, ame siwo zɔna le eƒe mɔwo dzi. 2 Àɖu wò ŋutɔ wò dɔwɔwɔ ƒe kutsetse, eye yayra kple dzidzedze anye tɔwò gome. 3 Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me; viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo. 4 Kpɔ ɖa, aleae woyraa ŋutsu si vɔ̃a Yehowa lae. 5 Yehowa neyra wò tso Zion le wò agbemeŋkekewo katã me, eye àkpɔ Yerusalem ƒe dzidzedze. 6 Ànɔ agbe akpɔ viwòwo ƒe viwo. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.

< Psalmowo 128 >