< Psalmowo 127 >

1 Solomo ƒe mɔzɔha. Ne Yehowa metu xɔ o la, etulawo le agbagba dzem dzodzro. Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la, dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ. 2 Dzodzroe miefɔna kaba le ŋdi, henɔa agbagba dzem le nu si miaɖu la ŋuti va se ɖe fiẽ, ke ame siwo wòlɔ̃na la, enana wodɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme. 3 Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ. 4 Viŋutsu siwo ame aɖe dzi le eƒe ɖekakpuime la, le abe aŋutrɔ le kalẽtɔ si ene. 5 Woayra ŋutsu si ƒe daku me wole fũu. Ŋu makpe wo o, ne woawo kple futɔwo wɔ avu le agbo la me.

< Psalmowo 127 >