< Psalmowo 122 >

1 David ƒe mɔzɔha. Mekpɔ dzidzɔ kple ame siwo gblɔ nam be, “Mina míayi Yehowa ƒe aƒe me.” 2 O! Yerusalem, míaƒe afɔwo le wò agbowo nu. 3 Wotso Yerusalem, eye nèle abe du si tsyia ɖe wo nɔewo nu ene. 4 Afi ma to vovovoawo yina, Yehowa ƒe toawo, be woakafu Yehowa, le ɖoɖo si wòna Israel nu. 5 Afi ma woɖo ʋɔnudrɔ̃zikpuiwo ɖo, David ƒe aƒe la ƒe fiazikpuiwo. 6 Mido gbe ɖa, abia ŋutifafa na Yerusalem be, “Ame siwo lɔ̃ wò la nenɔ dedie. 7 Ŋutifafa nenɔ wò gliwo me kple dedinɔnɔ le wò fiasãwo me.” 8 Le nɔvinye ŋutsuwo kple xɔ̃nyewo ta, magblɔ be, “Ŋutifafa nenɔ mewò.” 9 Le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe aƒe la ta, madi dzidzedze na wò.

< Psalmowo 122 >