< Psalmowo 120 >

1 Mɔzɔha. Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam. 2 O! Yehowa, ɖem, tso aʋatsonuyiwo kple alakpaɖewo ƒe asi me. 3 O! Alakpaɖe, nu ka wòawɔ na wò, eye nu ka wòatsɔ akpee na wò? 4 Atsɔ aʋawɔla ƒe aŋutrɔ ɖaɖɛwo ahe to na wòe kpe ɖe yɔkuti ƒe dzoka xɔxɔwo ŋuti. 5 Baba nam be mele Mesek, eye mele Kedar ƒe agbadɔwo me! 6 Menɔ ame siwo lé fu ŋutifafa la dome wòdidi fũu akpa. 7 Ŋutifafamee menye, gake ne meƒo nu la, woawo kpea aʋa.

< Psalmowo 120 >