< Psalmowo 117 >

1 Mi dukɔwo katã, mikafu Yehowa; midoe ɖe dzi, mi ame siwo katã le anyigba dzi. 2 Elabena eƒe lɔlɔ̃ na mí sɔ gbɔ ŋutɔ, eye Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ li tegbee. Mikafu Yehowa.

< Psalmowo 117 >