< Psalmowo 114 >

1 Esi Israel do go tso Egipte, esi Yakob ƒe aƒe la do go tso gbe bubu gblɔlawo dome la, 2 Yuda zu Mawu ƒe kɔkɔeƒe, eye Israel zu eƒe fiaɖuƒe. 3 Atsiaƒu kpɔe, eye wòsi dzo, Yɔdan tɔsisi hã te yi megbe. 4 Towo ti kpo abe agbowo ene, eye togbɛwo abe alẽviwo ene. 5 O! Atsiaƒu, nu ka ta nèsi ɖo, O! Yɔdan tɔsisi, nu ka ta nète yi megbe ɖo? 6 Mi towo, nu ka ta mieti kpo abe agbowo ene, eye mi togbɛwo abe alẽviwo ene ɖo? 7 O! Anyigba, dzo nyanyanya le Aƒetɔ la ŋkume, le Yakob ƒe Mawu la ŋkume, 8 eya ame si trɔ agakpe wòzu tɔʋu kple agakpe sesẽ wòzu tsidzɔƒe.

< Psalmowo 114 >