< Psalmowo 110 >

1 David ƒe ha. Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ la be, “Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui.” 2 Yehowa adidi wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖe edzi tso Zion, eye àɖu fia le wò futɔwo dome. 3 Wò aʋakɔwo alɔ̃ faa ade megbe na wò le wò aʋakpegbe. Ànɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe, si do go tso fɔŋli ƒe dɔ me ke la me, axɔ wò ɖekakpuimezãmu. 4 Yehowa ka atam, eye matrɔ eƒe susu akpɔ o, be “Wòe nye nunɔla tegbee, le Melkizedek ƒe ɖoɖo la nu.” 5 Aƒetɔ la le wò nuɖusime, agbã fiawo nyanyanya le eƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi. 6 Adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo, eye wòali kɔ woƒe kukuawo, nenema ke wòagbã dziɖulawo le anyigba blibo la dzi. 7 Ano tsi le tɔʋu si le mɔto la me, eya ta afɔ eƒe ta dzi.

< Psalmowo 110 >