< Lododowo 8 >

1 Ɖe nunya mele ɣli dom le ame yɔm oa? Ɖe gɔmesese mekɔ eƒe gbe dzi oa?
Does not wisdom cry? and understanding put forth her voice?
2 Etsi tsitre ɖe kɔkɔƒe siwo le mɔto la tame, afi si afɔmɔwo do go le.
She stands in the top of high places, by the way in the places of the paths.
3 Ele tsitre ɖe dua ƒe agbowo ƒe mɔ xa kple agbo la me le ɣli dom sesĩe be,
She cries at the gates, at the entry of the city, at the coming in at the doors.
4 “O ŋutsuwo, miawoe mele ɣli dom na eye mekɔ nye gbe dzi na amegbetɔƒomea katã.
Unto you, O men, I call; and my voice is to the sons of man.
5 Mi bebewuwo, midze nunya; mi bometsilawo gɔmesese nesu mia si.
O all of you simple, understand wisdom: and, all of you fools, be all of you of an understanding heart.
6 Miɖo to elabena nya xɔasiwo le asinye be magblɔ; meke nye nu be magblɔ nu si le dzɔdzɔe.
Hear; for I will speak of excellent things; and the opening of my lips shall be right things.
7 Nye nu gblɔa nu si le eteƒe, elabena nye nuyi tsri vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.
For my mouth shall speak truth; and wickedness is an abomination to my lips.
8 Nye numenyawo katã le dzɔdzɔe; ɖeke meglɔ̃ alo nye ayemenya o.
All the words of my mouth are in righteousness; there is nothing perverse or perverse in them.
9 Wo katã le dzɔdzɔe na ame si si sidzedze le; fɔɖiɖi mele wo ŋu na ame siwo si gɔmesese le o.
They are all plain to him that understands, and right to them that find knowledge.
10 Tia nye amehehe ɖe klosalo teƒe kple nye gɔmesese ɖe sika nyuitɔ teƒe
Receive my instruction, and not silver; and knowledge rather than choice gold.
11 elabena nunya xɔ asi wu adzagba eye nu siwo dim wò dzi le la ƒe ɖeke mesɔ kplii o.
For wisdom is better than rubies; and all the things that may be desired are not to be compared to it.
12 “Nye, nunya kple ŋuɖɔɖoe nɔa teƒe ɖeka; gɔmesese kple sidzedze le asinye.
I wisdom dwell with prudence, and find out knowledge of witty inventions.
13 Yehowa vɔvɔ̃e nye be nàlé fu vɔ̃, eya ta metsri dada kple ɖokuidodoɖedzi, agbe baɖa nɔnɔ kple nya dzodzrowo gbɔgblɔ.
The fear of the LORD is to hate evil: pride, and arrogancy, and the evil way, and the perverse mouth, do I hate.
14 Tɔnyee nye aɖaŋudede kple afia nyui tsotso, gɔmesese kple ŋusẽ le asinye.
Counsel is mine, and sound wisdom: I am understanding; I have strength.
15 Dzinyee fiawo tona ɖua fia eye dziɖulawo dea se siwo le dzɔdzɔe.
By me kings reign, and princes decree justice.
16 Dzinyee dumegãwo tona kplɔa du eye nenema kee nye bubume siwo le dzi ɖum le anyigba dzi.
By me princes rule, and nobles, even all the judges of the earth.
17 Melɔ̃a ame siwo lɔ̃am eye ame siwo diam la kpɔam.
I love them that love me; and those that seek me early shall find me.
18 Hotsui kple bubu bɔ ɖe asinye, nenema kee nye kesinɔnu siwo megblẽna o kple dzidzedze.
Riches and honour are with me; yea, durable riches and righteousness.
19 Nye kutsetse nyo wu sika nyuitɔ, eye nu si dona tso menye la ƒo klosalo nyuitɔ ta sãa.
My fruit is better than gold, yea, than fine gold; and my revenue than choice silver.
20 Mezɔna le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi kple nuteƒewɔwɔ ƒe toƒewo,
I lead in the way of righteousness, in the midst of the paths of judgment:
21 eye mekɔa kesinɔnu ɖe ame siwo lɔ̃am la dzi, henana woƒe nudzraɖoƒewo gbagbana.
That I may cause those that love me to inherit substance; and I will fill their treasures.
22 “Yehowa dzim abe eƒe nuwɔwɔwo ƒe ŋgɔgbetɔ ene, hafi wòava wɔ nuwo le blema.
The LORD possessed me in the beginning of his way, before his works of old.
23 Etɔ asi dzinye tso mavɔ me ke, tso gɔmedzedzea me, hafi xexea me nava dzɔ.
I was set up from everlasting, from the beginning, before even the earth was.
24 Wodzim esime atsiaƒuwo menɔ anyi o, eye vudo siwo dzia tsi fũu la hã menɔ anyi o.
When there were no depths, I was brought forth; when there were no fountains abounding with water.
25 Hafi woatsɔ towo ada ɖe woƒe nɔƒewo, eye togbɛwo nadzɔ la, nye la, wodzim xoxo.
Before the mountains were settled, before the hills was I brought forth:
26 Hafi wòava wɔ anyigba alo gbegbe alo anyigbadziʋuʋudediwo gɔ̃ hã la, wodzim xoxo.
While yet he had not made the earth, nor the fields, nor the highest part of the dust of the world.
27 Menɔ afi ma hafi wòtsɔ dziƒowo ɖo wo nɔƒe eye wòdzidze dzite da ɖe gogloƒewo tame.
When he prepared the heavens, I was there: when he set a compass upon the face of the depth:
28 Esi wòɖo lilikpowo ɖe dziƒo, eye wòli ke tɔ goglowo ƒe dzɔtsoƒe,
When he established the clouds above: when he strengthened the fountains of the deep:
29 esi wòɖo liƒo na atsiaƒu be eƒe tsiwo magbɔ teƒe si wòde se be woase la dzi o eye wòɖo anyigba gɔme la, medzɔ xoxo.
When he gave to the sea his decree, that the waters should not pass his commandment: when he appointed the foundations of the earth:
30 Ale menye aɖaŋudɔwɔla nɔ eƒe axadzi, dzidzɔ yɔ menye gbe sia gbe eye metsoa aseye le eŋkume ɣe sia ɣi.
Then I was by him, as one brought up with him: and I was daily his delight, rejoicing always before him;
31 Medzɔ dzi le eƒe xexe blibo la me eye amegbetɔwo ƒe nu do dzidzɔ nam.
Rejoicing in the habitable part of his earth; and my delights were with the sons of men.
32 “Eya ta, azɔ la, mi vinyewo, miɖo tom; woayra ame siwo lé nye mɔwo me ɖe asi.
Now therefore hearken unto me, O all of you children: for blessed are they that keep my ways.
33 Ɖo to nye sededewo eye nàdze nunya, mègado tokue o.
Hear instruction, and be wise, and refuse it not.
34 Woayra ame si ɖoa tom, nɔa ŋudzɔ le nye ʋɔtru nu gbe sia gbe eye wòlalana le nye kpui nu
Blessed is the man that hears me, watching daily at my gates, waiting at the posts of my doors.
35 elabena ame si ke ɖe ŋutinye la, ke ɖe agbe ŋu eye wòxɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ.
For whoso finds me finds life, and shall obtain favour of the LORD.
36 Ke ame si mete ŋu ke ɖe ŋutinye o la, wɔa nu vevi eɖokui eye ame siwo katã léa fum la lɔ̃a ku.”
But he that sins against me wrongs his own soul: all they that hate me love death.

< Lododowo 8 >