< Lododowo 30 >

1 Yake vi Agur ƒe nyagblɔɖi. Ŋutsu sia gblɔ na Itiel, kple Ukal be:
雅基的儿子亚古珥的言语就是真言。 这人对以铁和乌甲说:
2 “Nyee tsi bome wu le amewo dome; ame ƒe nugɔmesese mele asinye o.
我比众人更蠢笨, 也没有人的聪明。
3 Nyemesrɔ̃ nunya alo nya naneke le Kɔkɔetɔ la ŋu o.
我没有学好智慧, 也不认识至圣者。
4 Ame kae lia yi dziƒo gagbɔ kpɔ? Ame kae lɔ ya ɖe eƒe asiƒome? Ame kae bla tsiwo katã ɖe eƒe awu ʋlaya me? Ame kae ɖo anyigba ƒe mlɔenu ke anyi? Eŋkɔ ɖe, via ŋkɔ ɖe? Gblɔe nam, ne ènyae!
谁升天又降下来? 谁聚风在掌握中? 谁包水在衣服里? 谁立定地的四极? 他名叫什么? 他儿子名叫什么? 你知道吗?
5 “Kpɔtsɔtsɔ mele Mawu ƒe nya aɖeke ŋu o; enye akpoxɔnu na ame siwo sii tso.
神的言语句句都是炼净的; 投靠他的,他便作他们的盾牌。
6 Mègatsɔ nya kpe eƒe nyawo o, ne menye nenema o la, aka mo na wò eye woakpɔe be ènye alakpatɔ.
他的言语,你不可加添, 恐怕他责备你,你就显为说谎言的。
7 “O Yehowa, nu evee mebia wò; mègatem hafi maku o.
我求你两件事, 在我未死之先,不要不赐给我:
8 Te aʋatsokaka kple alakpa ɖa xaa tso gbɔnye, mègatsɔ ahedada alo hotsuikpɔkpɔ nam o, ke boŋ na nye gbe sia gbe ƒe abolo kom.
求你使虚假和谎言远离我; 使我也不贫穷也不富足; 赐给我需用的饮食,
9 Ne menye nenema o la, mava ɖi ƒo akpa, agbe nu le gbɔwò ahabia be, ‘Ame kae nye Yehowa?’ Alo mada ahe akpa, afi fi.
恐怕我饱足不认你,说: 耶和华是谁呢? 又恐怕我贫穷就偷窃, 以致亵渎我 神的名。
10 “Mègagblẽ dɔla ŋu na eƒe aƒetɔ o, ne menye nenema o la, ado ɖiŋu na wò eye nàkpe fu ɖe eta.
你不要向主人谗谤仆人, 恐怕他咒诅你,你便算为有罪。
11 “Ame aɖewo li, siwo doa ɖiŋu na wo fofowo eye womeyraa wo dadawo hã o;
有一宗人,咒诅父亲, 不给母亲祝福。
12 ame siwo dza le woawo ŋutɔ ƒe ŋkume, evɔ womeklɔ ɖi si woƒo la ɖa le wo ŋuti o;
有一宗人,自以为清洁, 却没有洗去自己的污秽。
13 ame siwo si ŋku gã le ɣe sia ɣi, eye wokpɔa ame ɖeƒomevie;
有一宗人,眼目何其高傲, 眼皮也是高举。
14 ame siwo ƒe aɖu le abe yi ene eye woƒe glãwo le abe hɛ ɖaɖɛwo ene, ne woavuvu ame dahewo le anyigba dzi eye woaɖe hiãtɔwo ɖa le amegbetɔwo dome.
有一宗人,牙如剑,齿如刀, 要吞灭地上的困苦人和世间的穷乏人。
15 “Vinyɔnu eve le axɔ̃ si, wole avi fam be, ‘Nam! Nam!’ “Nu etɔ̃ li siwo nu meɖia ƒo na gbeɖe o, eye enelia megblɔna be, ‘Enyo gbɔ!’ o:
蚂蟥有两个女儿, 常说:给呀,给呀! 有三样不知足的, 连不说“够的”共有四样:
16 woawoe nye, yɔdo, vidzidɔ si tsi ko, anyigba si tsi meɖia kɔ na o, kple dzo si megblɔna gbeɖe be, ‘Enyo gbɔ!’ o. (Sheol h7585)
就是阴间和石胎, 浸水不足的地,并火。 (Sheol h7585)
17 “Ŋku si ɖua fewu le fofoa ŋu, eye wòdoa vlo bubudede dadaa ŋu la, balime ƒe akpaviãwo ahoe le etome, eye akagawo aɖui.
戏笑父亲、藐视而不听从母亲的, 他的眼睛必为谷中的乌鸦啄出来,为鹰雏所吃。
18 “Nu etɔ̃ li siwo wɔ nuku nam akpa, eye nyemese enelia gɔme o:
我所测不透的奇妙有三样, 连我所不知道的共有四样:
19 hɔ̃ ƒe mɔ le yame, da ƒe mɔ le agakpe dzi, tɔdziʋu ƒe mɔ le atsiaƒuwo dzi kple ŋutsu ƒe mɔ le ɖetugbi gbɔ.
就是鹰在空中飞的道; 蛇在磐石上爬的道; 船在海中行的道; 男与女交合的道。
20 “Esiae nye nyɔnu ahasitɔ ƒe mɔ. Eɖua nu hetutua nuto gblɔna be, ‘Nyemewɔ nu gbegblẽ aɖeke o.’
淫妇的道也是这样: 她吃了,把嘴一擦就说: 我没有行恶。
21 “Nu etɔ̃ tee anyigba ʋuʋuna le kpekpekpe, eye le enelia te ya la, mate ŋu atsɔe o:
使地震动的有三样, 连地担不起的共有四样:
22 woawoe nye, dɔla si va zu fia, bometsila si si nuɖuɖu bɔ ɖo fũu,
就是仆人作王; 愚顽人吃饱;
23 ne nyɔnu si ame aɖeke melɔ̃ eƒe nya o, la ɖe srɔ̃ kple ne dɔlanyɔnu xɔ ɖe eƒe aƒenɔ teƒe.
丑恶的女子出嫁; 婢女接续主母。
24 “Nu ene le anyigba dzi le sue, gake woƒe nunya gbɔ metsɔ o:
地上有四样小物,却甚聪明:
25 anyidiwo nye nuwɔwɔ si ŋu ŋusẽ sue aɖe ko le, gake woƒoa woƒe nuɖuɖu nu ƒu le dzomeŋɔli;
蚂蚁是无力之类, 却在夏天预备粮食。
26 kpetomefiwo nye lã siwo ŋu ŋusẽ sue aɖe ko le, gake wowɔa woƒe nɔƒe ɖe agakpewo tome;
沙番是软弱之类, 却在磐石中造房。
27 Fia mele ʋetsuviwo si o, gake woƒe ha blibo la yia teƒewo le ɖoɖo me;
蝗虫没有君王, 却分队而出。
28 woate ŋu alé adoglo kple asi, gake fiawo ƒe aƒewo mee wokpɔa wo le.
守宫用爪抓墙, 却住在王宫。
29 “Nu etɔ̃e zɔa agozɔli eye nu enee zɔna abe fia ene:
步行威武的有三样, 连行走威武的共有四样:
30 dzata si nye gã le lã wɔadãwo dome eye medoa megbefɔ le naneke gbɔ o;
就是狮子—乃百兽中最为猛烈、无所躲避的,
31 koklotsu, gbɔ̃tsu, kple fia si eƒe aʋakɔwo ƒo xlãe.
猎狗,公山羊,和无人能敌的君王。
32 “Ne ètsi bome hedo ɖokuiwò ɖe dzi alo ɖo nu vɔ̃ɖi aɖe la, tsɔ wò asi tsyɔ wò nu!
你若行事愚顽,自高自傲, 或是怀了恶念,就当用手捂口。
33 Elabena abe ale si ne woƒo nyinotsi wòzua bɔta eye ne wofia ŋɔti ʋu dona ene la, nenema kee ne wode dzo dziku me la, dzre dzɔna.”
摇牛奶必成奶油; 扭鼻子必出血。 照样,激动怒气必起争端。

< Lododowo 30 >