< Lododowo 23 >

1 Ne ènɔ kplɔ̃ ŋu be yeaɖu nu kple fia la, lé ŋku ɖe nu si wotsɔ ɖo akɔwò me la ŋu nyuie 2 eye tsɔ hɛ ɖo wò ve dzi ne ènye nutsuɖula. 3 Mègadzro eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo o elabena nuɖuɖu ma nye beble. 4 Mègaku kutri vivivo, agbɔdzɔ ɖokuiwò be yeakpɔ hotsui o, dze nunya nàlé avu ɖokuiwò. 5 Kasia wò ŋku nabe yeato kesinɔnuwo dzi la, wo nu va yi xoxo elabena woato aʋala godoo eye woadzo adzo ayi ɖe dziƒo ʋĩi abe hɔ̃ ene. 6 Mègaɖu ŋutsu nuvela ƒe nuɖuɖu o, eye eƒe nuɖuɖu kpeɖiwo megadzro wò o, 7 elabena enye ame si le ga si wòagblẽ ɖe nua ɖaɖa ŋuti la ŋu bum. Egblɔ na wò be, “Ɖu nu, nàno nu” gake megblɔe tso eƒe dzi me o. 8 Àdzɔ nu sue si nèɖu la hã eye àtsɔ wò kafukafunya siwo nègblɔ la hã ada ahee. 9 Mègaƒo nu ɖe bometsila ƒe to me o, elabena ado vlo wò nunyanyawo. 10 Mègaɖe blemaliƒokpewo ɖa alo age ɖe tsyɔ̃eviwo ƒe agble me o 11 elabena ŋusẽtɔe nye wo ta ʋlila; eye awɔ avu kpli wò ɖe wo nu. 12 Tsɔ wò dzi ku ɖe nufiame ŋu eye wò towo natrɔ ɖe gɔmesese ŋu. 13 Mègagbe tohehe na ɖevi o, ne èƒoe kple ati la, mele kuku ge o. 14 Tsɔ ameƒoti he to nɛ eye àɖe eƒe luʋɔ tso ku me. (Sheol h7585) 15 Vinye, ne wò dzi dze nunya la, ekema nye hã nye dzi akpɔ dzidzɔ 16 eye nye ememe ke atso aseye ne wò nuyiwo gblɔ nu si le dzɔdzɔe. 17 Mègana wò dzi naʋã ŋu nu vɔ̃ wɔlawo o, ke boŋ tsɔ dzo ɖe Yehowavɔvɔ̃ ŋu. 18 Vavã, mɔkpɔkpɔ le asiwò hena etsɔ si gbɔna eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o. 19 Vinye, ɖo tom ne nàdze nunya eye na wò dzi nanɔ mɔ dzɔdzɔetɔ dzi. 20 Mègade ha kple ame siwo nye waintsunolawo alo lã geɖe ɖulawo o. 21 Elabena ahatsunolawo kple nutsuɖulawo la, ahee wodana eye alɔ̃ tsu dɔdɔ nana wonɔa awu vuvuwo me. 22 Ɖo to fofowò, ame si dzi wò eye mègado vlo dawò ne eku nyagã o. 23 Ƒle nyateƒe la eye mègadzrae o; ƒle nunya, amehehe kple gɔmesese. 24 Ame dzɔdzɔe fofo atso aseye geɖe eye ame si si vi nyanu le la akpɔ dzidzɔ le eŋu. 25 Dawò kple fofowò nekpɔ dzidzɔ eye nyɔnu si dzi wò la netso aseye! 26 Vinye, tsɔ wò dzi nam eye wò ŋkuwo nenɔ nye mɔwo ŋu 27 elabena gbolo la, ʋe globoe wònye eye srɔ̃nyɔnu ahasitɔ la, vudo xaxɛ wònye. 28 Ede xa ɖi abe adzodala ene eye wòdzia ŋutsu ahasitɔwo ƒe xexlẽme ɖe edzi. 29 Ame kae le hũu ɖem? Ame kae le veve sem? Ame kae le nu xam? Ame kae le eƒe nuteɖeamedziwo gblɔm? Ame kae xɔ abi yakatsyɔ? Ame ka ƒe ŋkue biã abe ʋu ene? 30 Ame siwo tsia wainze te la tɔe, ame siwo yina ɖaɖɔa wain si wotɔtɔ kpɔ la tɔe. 31 Mègaɖɔ wain kpɔ ne ebiã dzẽe, ne ele fu tsɔm le kplu me, ne eto vetome heɖiɖi ɖe dɔ me o! 32 Le nuwuwu la, eɖua ame abe da ene eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene. 33 Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔ manyatalenuwo eye wò susu anɔ nu baɖabaɖawo susum. 34 Ànɔ abe ame si mlɔ atsiaƒu gbana dzi alo ame si mlɔ abala dzi ene. 35 Àgblɔ be, “Woxlã nu ɖem gake nyemexɔ abi o! Woƒom gake mevem o! Ɣe ka ɣi gɔ̃ manyɔ ne magadi ahayomemɔ?”

< Lododowo 23 >