< Mose 4 26 >

1 Esi dɔvɔ̃ la nu tso la, Yehowa gblɔ na Mose kple Eleazar, si nye nunɔla Aron ƒe viŋutsu be, 2 “Mixlẽ Israelvi siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema ne miakpɔ ame siwo ate ŋu ayi aʋa tso to ɖe sia ɖe kple hlɔ̃ ɖe sia ɖe me.” 3 Ale le Moab tagba, le Yɔdan gbɔ tso Yeriko, Mose kple Eleazar, nunɔla la, ƒo nu kple wo, eye wogblɔ be, 4 “Mixlẽ ŋutsu siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.” Woawoe nye Israelvi siwo ʋu tso Egiptenyigba dzi. 5 Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Ruben ƒe viwoe nye Hanok, ame si dzi Hanok hlɔ̃ la. Palu, ame si dzi Palu hlɔ̃ la, 6 Hezron, ame si dzi Hezron hlɔ̃ la, Karmi, ame si dzi Karmi hlɔ̃ la. 7 Esiawoe nye Ruben ƒe hlɔ̃metɔwo; ame siwo wotia xlẽ le wo me la le ame akpe blaene-vɔ-etɔ̃, alafa adre blaetɔ̃. 8 Palu ƒe vie nye Eliab, 9 eye Eliab ƒe viwoe nye Nemuel, Datan kple Abiram. Ame eve siawo, Datan kple Abiram woe nye ame siwo wɔ ɖeka kple Korah ɖe Mose kple Aron ŋu, to esia me wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. 10 Eya ta anyigba ke nu mi wo, eye dzo tso Yehowa gbɔ wu ame alafa eve blaatɔ̃ wòzu ŋkuɖodzinu. 11 Ke hã la, Korah ƒe viwo katã metsrɔ̃ o. 12 Simeon ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Nemuel, ame si dzi Nemuel hlɔ̃ la, Yamin, ame si dzi Yamin hlɔ̃ la, Yakin, ame si dzi Yakin hlɔ̃ la, 13 Zera, ame si dzi Zera hlɔ̃ la, Saul, ame si dzi Saul hlɔ̃ la. 14 Simeon ƒe hlɔ̃metɔwo ƒe xexlẽme le ame akpe blaeve-vɔ-eve, alafa eve. 15 Gad ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Zefon, ame si dzi Zefon hlɔ̃ la, Hagi, ame si dzi Hagi hlɔ̃ la, Suni, ame si dzi Suni hlɔ̃ la, 16 Ozni, ame si dzi Ozni hlɔ̃ la, Eri, ame si dzi Eri hlɔ̃ la, 17 Arɔd, ame si dzi Arɔd hlɔ̃ la, Areli, ame si dzi Areli hlɔ̃ la. 18 Esiawoe nye Gad ƒe viŋutsuwo, ame siwo wotia xlẽ la ƒe xexlẽme le ame akpe blaene, alafa atɔ̃. 19 Yuda ƒe viwoe nye Er kple Onan, ame siwo ku le Kanaanyigba dzi. 20 Yuda ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Sela, ame si dzi Sela hlɔ̃ la, Perez, ame si dzi Perez hlɔ̃ la, Zera, ame si dzi Zera hlɔ̃ la, 21 Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron, ame si dzi Hezron hlɔ̃ la; Hamul, ame si dzi Hamul hlɔ̃ la. 22 Ame siwo wotia xlẽ le Yuda ƒe ƒome me la le ame akpe blaadre-vɔ-ade, alafa atɔ̃. 23 Isaka ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me woe nye: Tola, ame si dzi Tola hlɔ̃ la, Puva, ame si dzi Puva hlɔ̃ la. 24 Yasub, ame si dzi Yasub hlɔ̃ la; Simrɔn, ame si dzi Simrɔn hlɔ̃ la. 25 Ame siwo wotia xlẽ le Isaka ƒe hlɔ̃ me la le ame akpe blaade-vɔ-ene alafa etɔ̃. 26 Zebulon ƒe viŋutsuwo le woƒe towo nue nye: Sered, ame si dzi Sered hlɔ̃ la, Elon, ame si dzi Elon hlɔ̃ la, Yahlil, ame si dzi Yahlil hlɔ̃ la. 27 Ame siwo wotia xlẽ le Zebulon ƒe ƒome me la le ame akpe blaade, alafa atɔ̃. 28 Yosef ƒe viwoe nye Manase kple Efraim: 29 Manase ƒe viŋutsuwoe nye: Makir, ame si dzi Makir hlɔ̃ la (Makir dzi Gilead), eye Gilead hlɔ̃ la. 30 Gilead ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye esiawo. Yezer, ame si dzi Yezer hlɔ̃ la, Helek, ame si dzi Helek hlɔ̃ la, 31 Asriel, ame si dzi Asriel hlɔ̃ la, Sekem, ame si dzi Sekem hlɔ̃ la, 32 Semida, ame si dzi Semida hlɔ̃ la, Hefer, ame si dzi Hefer hlɔ̃ la, 33 (Zelofehad, medzi ŋutsuvi aɖeke o. Via nyɔnuviwo ƒe ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.) 34 Esiawoe nye Manase ƒe hlɔ̃metɔwo, ame siwo ƒe xexlẽme le ame akpe blaatɔ̃ vɔ eve alafa adre. 35 Efraim ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Sutela, ame si dzi Sutela hlɔ̃ la, Beker, ame si dzi Beker hlɔ̃ la, Tahan, ame si dzi Tahan hlɔ̃ la. 36 Sutela vi nye Eran, ame si dzi Eran hlɔ̃ la. 37 Ame siawoe nye Efraim ƒe viŋutsuwo. Ame siwo wotia xlẽ la le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa atɔ̃. Esiawoe nye Yosef ƒe viwo le woƒe hlɔ̃wo nu. 38 Benyamin ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye: Bela, ame si dzi Bela hlɔ̃ la, Asbel, ame si dzi Asbel hlɔ̃ la, Ahiram, ame si dzi Ahiram hlɔ̃ la, 39 Sefufam, ame si dzi Sefufam hlɔ̃ la, Hufam, ame si dzi Hufam hlɔ̃ la, 40 Bela viwoe nye Ard kple Naaman: Ard, ame si dzi Ard hlɔ̃ la, Naaman, ame si dzi Naaman hlɔ̃ la. 41 Esiawoe nye Benyamin ƒe hlɔ̃metɔwo, ame siwo ƒe xexlẽme nye ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃ alafa ade. 42 Dan viwoe nye esi le woƒe ƒome nu: Suham, ame si dzi Suham hlɔ̃ la. Esiae nye Dan ƒe hlɔ̃wo: 43 Wo katã nye Suham hlɔ̃ si ƒe xexlẽme nye ame akpe blaade-vɔ-ene, alafa ene. 44 Aser ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye: Imna, ame si dzi Imna hlɔ̃ la, Isvi, ame si dzi Isvi hlɔ̃ la, Beria, ame si dzi Beria hlɔ̃ la. 45 Woma Beria hlɔ̃ la ɖe akpa eve me: Heber hlɔ̃ si dzɔ tso Beria ƒe viŋutsu Heber me, Malxiel hlɔ̃ si dzɔ tso Beria ƒe vi Malxiel me. 46 Aser ƒe vinyɔnu ŋkɔe nye Sera. 47 Ame siwo wotia xlẽ le Aser ƒe viwo ƒe hlɔ̃ me la le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, alafa ene. 48 Naftali ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye: Yahzil, ame si dzi Yahzil hlɔ̃ la, Guni, ame si dzi Guni hlɔ̃ la, 49 Yezer, ame si dzi Yezer hlɔ̃ la, Silem, ame si dzi Silem hlɔ̃ la. 50 Ame siwo wotia xlẽ le Naftali ƒe hlɔ̃ me la nye ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃, alafa ene. 51 Ale Israel ŋutsu siwo katã ate ŋu ade aʋa la de ame akpe alafa ade kple ɖeka, alafa adre blaetɔ̃. 52 Azɔ Yehowa gblɔ na Mose be, 53 “Wòama anyigba la ɖe to vovovoawo dome le toawo me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ nu, abe ale si amexexlẽ la fia ene. 54 To siwo me amewo sɔ gbɔ le la, woaxɔ anyigba wòalolo, eye to siwo me amewo mesɔ gbɔ le o la ƒe anyigba nanɔ sue. 55 Yehowa ɖo na Mose be, Kpɔ egbɔ be yewodzidze nu hafi ma anyigba la, eye woaxɔ domenyinu ɖe wo fofowo ƒe towo ƒe ŋkɔ nu. 56 Woama domenyinu ɖe sia ɖe to akɔdada me ɖe to gãwo kple to suewo siaa dome.” 57 Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ siwo me woxlẽ ame le le amexexlẽa me la kple ame siwo me wodzɔ tso la woe nye: Gerson dzi Gerson hlɔ̃; Kohat dzi Kohat hlɔ̃; Merari dzi Merari hlɔ̃. 58 Levi ƒomea me tɔwoe nye, Libni ƒomea, Hebroni ƒomea, Mahli ƒomea, Musi ƒomea kple Korah ƒomea. (Kohat nye Amram tɔgbui. 59 Amram srɔ̃ ŋkɔe nye Yohebed, Levi ƒe dzidzimevi, ame si wòdzi na Levi ƒe viwo le Egipte. 60 Aron ƒe viŋutsuwoe nye Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar. 61 Nadab kple Abihu woku esi wodo dzudzɔ makɔmakɔ na Yehowa.) 62 Levi ƒe vi siwo katã woxlẽ wonye ŋutsuwo, eye woxɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃. Ke womebu Levi ƒe viwo de Israelviwo ƒe amexexlẽ ƒe nukpɔkpɔ blibo la me o, elabena womena anyigba Levi ƒe viwo esi woma anyigba ɖe toawo dome o. 63 Ale esiae nye Israelvi siwo Mose kple nunɔla Eleazar tia xlẽ le Moab gbegbe le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa. 64 Wo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã menɔ ame siwo Mose kple nunɔla Eleazar xlẽ esime woxlẽ Israelviwo le Sinai gbegbe la dome o. 65 Elabena Yehowa gblɔ na Israelvi mawo be, woaku godoo le gbegbe la; wo dometɔ aɖeke mesusɔ o, negbe Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu.

< Mose 4 26 >