< Mose 4 24 >

1 Balaam dze sii azɔ be edze Yehowa ŋu be yeayra Israel, eya ta megayi ɖaka nu abe ale si wòwɔna tsã la ene o, ke boŋ edze ŋgɔ gbegbe la. 2 Esi Balaam kpɔ eŋgɔ la, ekpɔ Israelviwo woƒu asaɖa anyi ɖe woƒe to vovovoawo me. Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe edzi, 3 eye wògblɔ nya ɖi be, “Balaam, Beor ƒe viŋutsu gblɔ be: ame si kpɔa nu nyuie la ƒe nyagblɔɖi, 4 ame si sea Mawu ƒe nya la ƒe nyagblɔɖi, ame si xɔa ɖeɖefia tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ, ame si tsyɔa mo anyi, eye eƒe ŋku nɔa te la ƒe nyawo. 5 “O! Yakob, wò agbadɔwo dzeani loo! O! Israel, wò nɔƒewo nyo! 6 “Wokeke abe balimewo ene. Wole abe amabɔ siwo le tɔsisi to ene. Wole abe aloe si Yehowa do ene. Wole abe sedati le tɔwo to ene. 7 Tsi asi tso woƒe tɔkpowo me. Tsi anɔ woƒe kuwo me fũu. “Woƒe fia axɔ ŋkɔ wu Agag. Woado woƒe fiaɖuƒe ɖe dzi. 8 “Mawu kplɔ wo do goe tso Egipte. Woƒe ŋusẽ le abe to ƒe ŋusẽ ene. Wovuvu dukɔ siwo tso ɖe wo ŋu, eye woŋe woƒe ƒuwo wuliwuli heŋɔ wo kple woƒe aŋutrɔwo. 9 Wole adeklo dzi abe dzata ene, eye abe dzatanɔ ene la, ame ka ate ŋu anyɔ wo? “Woayra ame siwo yraa wò. Eye woaƒo fi ade ame siwo ƒoa fi dea wò!” 10 Fia Balak do dɔmedzoe vevie azɔ ɖe Balaam ŋu. Eƒo asikpe hedo ɣli be, “Meyɔ wò be nàƒo fi ade nye futɔwo, ke nèyra wo boŋ zi etɔ̃. 11 Dzo le afi sia! Trɔ yi mia de! Medi be made bubu gã aɖe ŋuwò, ke Yehowa te wò ɖe megbe tso bubu gã sia gbɔ!” 12 Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Ɖe nyemegblɔe na wò ame dɔdɔwo 13 be ne Balak tsɔ klosalo kple sika de fiasã aɖe me wòyɔ kpikpikpi nam hã la, nyemate ŋu agblẽ Yehowa ƒe nyawo ɖi agblɔ nye ŋutɔ nye nyawo oa? Megblɔ be nya si Yehowa agblɔ la ko magblɔ! 14 “Ɛ̃, matrɔ azɔ ayi nye ŋutɔ nye amewo dome. Ke gbã la, na magblɔ nu si Israelviwo awɔ wò amewo la na wò!” 15 Ale wògblɔ nyagblɔɖi siawo nɛ: “Balaam, Beor ƒe viŋutsue nye ame si ƒe ŋkuwo woʋu! 16 Esea Mawu ƒe nyawo, nunya tso Dziƒoʋĩtɔ la gbɔ le esi. Ekpɔa nu si Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖena fianɛ. Etsyɔ mo anyi, eye eƒe ŋkuwo ʋu. 17 “Mekpɔe le Israel ŋgɔ be, le ŋgɔgbe ʋĩi la, ɣletivi aɖe adzɔ tso Yakob me! Dziɖula sia tso Israel. Aɖu Moabtɔwo dzi; atsrɔ̃ Set ƒe viwo. 18 Israel axɔ Edom kple Seir siaa; woaɖu woƒe futɔwo dzi. Ke Israel akpɔ ŋusẽ 19 dziɖula atso Yakob, eye wòagbã du geɖewo.” 20 Balaam kpɔ Amalektɔwo ƒe aƒewo dzi ɖa, eye wògblɔ nya ɖi be, “Amalek nye gbãtɔ le dukɔwo dome tsã Ke tsɔtsrɔ̃ koe le ŋgɔ nɛ fifia!” 21 Ekpɔ Kenitɔwo dzi ɖa hegblɔ be, “Ɛ̃, èle teƒe sesẽ aɖe, èwɔ wò atɔwo ɖe agakpewo me, 22 ke woatsrɔ̃ mi, Kenitɔwo. Asiria fia ƒe aʋakɔ sesẽ la aɖe aboyo mi tso anyigba sia dzi!” 23 Ewu eƒe nyagblɔɖi la nu be, “Aléle! Ame ka ate ŋu anɔ agbe ne Mawu wɔ nu sia? 24 Tɔdziʋuwo atso Kipro ƒuta woaɖu Eber kple Asiria dzi, ke woaɖu woawo hã dzi.” 25 Ale Balaam kple Balak klã mɔ, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ yi wo de.

< Mose 4 24 >