< Marko 5 >

1 Wotso ƒu la, eye woge ɖe Gadaratɔwo ƒe nutowo me.
かくて海の彼方なるゲラセネ人の地に到る。
2 Esi Yesu do go tso ʋua me la, ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la do go tso yɔdoawo me va kpee.
イエスの舟より上り給ふとき、穢れし靈に憑かれたる人、墓より出でて直ちに遇ふ。
3 Ame sia ƒe nɔƒee nye ameɖibɔ me, eye ame aɖeke magate ŋu ablae alo ade gakɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hãe o,
この人、墓を住處とす、鏈にてすら今は誰も繋ぎ得ず。
4 elabena zi geɖe wodea gakɔsɔkɔsɔ eƒe asiwo kple afɔwo, ke etsoa wo keŋkeŋ. Ame aɖeke mesesẽ wui, alée wòanɔ anyi kpoo o.
彼はしばしば足械と鏈とにて繋がれたれど、鏈をちぎり、足械をくだきたり、誰も之を制する力なかりしなり。
5 Le ŋkeke kple zã me siaa la, enɔa tsatsam le yɔdowo dome kple togbɛwo dzi, nɔa ɣli dom henɔa eɖokui sim kple kpe ɖaɖɛwo.
夜も晝も、絶えず墓あるひは山にて叫び、己が身を石にて傷つけゐたり。
6 Ame sia kpɔ Yesu xoxoxo esi wònɔ ƒua dzi gbɔna, eya ta esi wòɖi go ko la, eƒu du va tui hedze klo ɖe eƒe akɔme.
かれ遙にイエスを見て、走りきたり、御前に平伏し、
7 Edo ɣli sesĩe be, “Nya kae le nye kple wò dome, wò Yesu, Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Le Mawu ta mègawɔ funyafunya aɖekem o!”
大聲に叫びて言ふ『いと高き神の子イエスよ、我は汝と何の關係あらん、神によりて願ふ、我を苦しめ給ふな』
8 Elabena Yesu nɔ gbɔgblɔm nɛ be, “Do go le ŋutsu sia me, wò gbɔgbɔ vɔ̃.”
これはイエス『穢れし靈よ、この人より出で往け』と言ひ給ひしに因るなり。
9 Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eye wòɖo eŋu nɛ be, “Ŋkɔnyee nye Legio, elabena míesɔ gbɔ ɖe ame sia me.”
イエスまた『なんぢの名は何か』と問ひ給へば『わが名はレギオン、我ら多きが故なり』と答へ、
10 Azɔ gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be meganya yewo ɖo ɖe du didi aɖeke me o.
また己らを此の地の外に逐ひやり給はざらんことを切に求む。
11 Eva eme be aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le togbɛ si te ɖe toa ŋu la dzi.
彼處の山邊に豚の大なる群、食しゐたり。
12 Gbɔgbɔ vɔ̃awo gblɔ na Yesu be, “Míeɖe kuku, nya mí ɖo ɖe ha mawo me.”
惡鬼どもイエスに求めて言ふ『われらを遣して豚に入らしめ給へ』
13 Yesu na mɔ wo be woayi, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le ame la me enumake yi ɖage ɖe haawo me. Haawo ƒe habɔbɔ si anɔ abe akpe eve ene la katã ƒu du sesĩe ɖanyrɔ wo ɖokuiwo ɖe ƒu la me doo heno tsi ku.
イエス許したまふ。穢れし靈いでて、豚に入りたれば、二千 匹ばかりの群、海に向ひて崖を駈けくだり、海に溺れたり。
14 Hakplɔlawo lé du tsɔ sesĩe eye esi wonɔ yiyim la, wokaka nya la ɖe duwo kple kɔƒewo me. Esia wɔe be ame sia ame yi be yeakpɔ nu si dzɔ la.
飼ふ者ども逃げ往きて、町にも里にも告げたれば、人々 何事の起りしかを見んとて出づ。
15 Le esia ta, eteƒe medidi o ko ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe afi si Yesu le, gake esi wokpɔ ŋutsu si me legio gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ tsã la wòdo awu nyuie, nɔ anyi kpoo la, vɔvɔ̃ ɖo wo katã.
かくてイエスに來り、惡鬼に憑かれたりし者、即ちレギオンをもちたりし者の、衣服をつけ、慥なる心にて坐しをるを見て、懼れあへり。
16 Ame siwo va kpɔ nu si dzɔ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ la kple haawo dzi la hã yi ɖagblɔe na ame bubuwo,
かの惡鬼に憑かれたる者の上にありし事と、豚の事とを見し者ども、之を具に告げたれば、
17 ale amewo gava fũu, eye woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewoƒe nuto la me ne yewoakpɔ vovo.
人々イエスにその境を去り給はん事を求む。
18 Esia ta Yesu gbugbɔ ge ɖe ʋu la me be yeadzo. Tete ŋutsu si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ɖe kuku nɛ be yeayi kplii,
イエス舟に乘らんとし給ふとき、惡鬼に憑かれたりしもの偕に在らん事を願ひたれど、
19 gake egblɔ nɛ be, “Yi aƒe me le nɔviwòwo gbɔ, eye nàgblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na wò kple ale si wòkpɔ nublanui na wò la na wo.”
許さずして言ひ給ふ『なんぢの家に、親しき者に歸りて、主がいかに大なる事を汝に爲し、いかに汝を憫み給ひしかを告げよ』
20 Ŋutsu la dze mɔ, eye wòtsa le du ewo siwo le nutoa me la me henɔ gbeƒã ɖem nu gã siwo Yesu wɔ nɛ la na ame sia ame, eye eƒe nya la wɔ nuku na ameawo ŋutɔ.
彼ゆきて、イエスの如何に大なる事を己になし給ひしかを、デカポリスに言ひ弘めたれば、人々みな怪しめり。
21 Esi Yesu va ɖi go kple ʋua ɖe ƒua ƒe go evelia dzi la, ameha gã aɖe ƒo zi ɖe eŋu.
イエス舟にて復かなたに渡り給ひしに、大なる群衆みもとに集る、イエス海邊に在せり。
22 Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒedzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Yairo la va dze klo ɖe ekɔme,
會堂 司の一人、ヤイロという者きたり、イエスを見て、その足下に伏し、
23 eye wòɖe kuku nɛ vevie be wòava da gbe le ye vinyɔnuvi sue si dze dɔ la ŋu na ye. Egblɔ na Yesu be, “Vinye la ɖo kudo nu vɔ, eya ta meɖe kuku va da asi ɖe edzi be wòagbɔ agbe.”
切に願ひて言ふ『わが稚なき娘、いまはの際なり、來りて手をおき給へ、さらば救はれて活くべし』
24 Yesu tso kpla dze eyome, eye ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo.
イエス彼と共にゆき給へば、大なる群衆したがひつつ御許に押迫る。
25 Nyɔnu aɖe nɔ ameawo dome si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ.
ここに十 二年 血漏を患ひたる女あり。
26 Nyɔnu sia kpe fu, tsa le atikewɔla geɖewo dzi ƒe geɖewo, eye wògblẽ ga geɖe hã be woada dɔa na ye, gake mekpɔ dɔyɔyɔ o, dɔléle la ɖeko wòganyra ɖe edzi nɛ boŋ.
多くの醫者に多く苦しめられ、有てる物をことごとく費したれど、何の效なく、反つて増々 惡しくなりたり。
27 Ese nukunu geɖe siwo Yesu wɔ, eya ta eʋli eɖokui, to ameha la dome hezɔ va Yesu megbe, eye wòka asi eƒe awu ŋu,
イエスの事をききて、群衆にまじり、後に來りて、御衣にさはる、
28 elabena exɔe se, eye wògblɔ le eɖokui me be, “Nenye be mete ŋu ka asi eƒe awu ŋu teti ko la, nye lãme asẽ.”
『その衣にだに觸らば救はれん』と自ら謂へり。
29 Vavã esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋu teti ko la, ʋu si nɔ dodom le eŋu la tɔ enumake, eye wòse le eɖokui me hã be yehaya.
かくて血の泉ただちに乾き、病のいえたるを身に覺えたり。
30 Yesu se le eɖokui me enumake be dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ aɖe do le ye me, eya ta etrɔ kɔ hebia be, “Ame kae ka asi nye awu ŋu?”
イエス直ちに能力の己より出でたるを自ら知り、群衆の中にて、振反り言ひたまふ『誰が我の衣に觸りしぞ』
31 Eƒe nusrɔ̃lawo ɖo eŋu nɛ be, “Esi ame gbogbo siawo ƒo zi ɖe ŋuwò ɖe, aleke wɔ nègale biabiam be ame kae ka asi ŋuwò?”
弟子たち言ふ『群衆の押迫るを見て、誰が我に觸りしぞと言ひ給ふか』
32 Gake Yesu ganɔ ŋku tsam kokoko be yeakpɔ ame si wɔ nenem nu sia.
イエスこの事を爲しし者を見んとて見囘し給ふ。
33 Kasia nyɔnu la do le ameawo dome kple vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya va dze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu hegblɔ nu si wòwɔ la nɛ.
女おそれ戰き、己が身になりし事を知り、來りて御前に平伏し、ありしままを告ぐ。
34 Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyenyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò, heyi le ŋutifafa me, wò dɔléle la vɔ keŋkeŋ.”
イエス言ひ給ふ『娘よ、なんぢの信仰なんぢを救へり、安らかに往け、病いえて健かになれ』
35 Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu la la, ame dɔdɔwo tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, “Viwo la ku xoxo, eye megahiã be nàɖe fu na Nufiala la o.”
かく語り給ふほどに、會堂 司の家より人々きたりて言ふ『なんぢの娘は早や死にたり、爭でなほ師を煩はすべき』
36 Yesu se nya si wova gblɔ na Yairo, ale wòde dzi ƒo nɛ gblɔ be, “Mègavɔ̃ o, xɔ dzinye se ko.”
イエス其の告ぐる言を傍より聞きて、會堂 司に言ひたまふ『懼るな、ただ信ぜよ』
37 Azɔ Yesu tia Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ko be woakplɔ ye ɖo ayi ɖe aƒea me.
かくてペテロ、ヤコブその兄弟ヨハネの他は、ともに往く事を誰にも許し給はず。
38 Esi wòva ɖo ƒuƒoƒemegã ƒe agbonu la, Yesu kpɔ be zitɔtɔ gã aɖe nɔ teƒe la, elabena amewo nɔ avi fam henɔ ɣli dom hoo.
彼ら會堂 司の家に來る。イエス多くの人の、甚く泣きつ叫びつする騷を見、
39 Ege ɖe aƒea me, eye wòƒo nu na ameawo gblɔ be, “Nu ka ƒe avifafa kple hoowɔwɔe nye esia? Ɖevi la meku o, ke boŋ alɔ̃ wòdɔ!”
入りて言ひ給ふ『なんぞ騷ぎかつ泣くか、幼兒は死にたるにあらず、寐ねたるなり』
40 Ameawo koe ʋuu le nya si wògblɔ la ta. Ke Yesu nya wo do goe le aƒea me. Azɔ ekplɔ ɖevi la fofo, dadaa kple nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖe asi, eye woge ɖe xɔ si me wotsɔ ɖevi la mlɔ la me.
人々イエスを嘲笑ふ。イエス彼 等をみな外に出し、幼兒の父と母と己に伴へる者とを率きつれて、幼兒のをる處に入り、
41 Yesu lé ɖevi la ƒe alɔnu, eye wòdo ɣli gblɔ nɛ be “Talita kumi!” (si gɔmee nye be, “Nyɔnuvi sue, mele egblɔm na wò be fɔ!”).
幼兒の手を執りて『タリタ、クミ』と言ひたまふ。少女よ、我なんぢに言ふ、起きよ、との意なり。
42 Nyɔnuvi la ti kpo tso aba la dzi, eye wòzɔ azɔli (nyɔnuvi la xɔ ƒe wuieve). Le nyateƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo.
直ちに少女たちて歩む、その歳 十二なりければなり。彼ら直ちに甚く驚きおどろけり。
43 Ke Yesu de se na wo vevie ŋutɔ be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o. Azɔ ebia tso wo si be woadi nane na ɖevi la wòaɖu.
イエス此の事を誰にも知れぬやうにせよと、堅く彼らを戒め、また食物を娘に與ふることを命じ給ふ。

< Marko 5 >