< Malaki 1 >

1 Esia nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ na Israel dukɔa to Nyagblɔɖila Malaki dzi. Wolɔ̃ Yakob, eye wolé fu Esau.
The burden of the word of the LORD to Israel by Malachi.
2 Yehowa gblɔ be, “Melɔ̃ mi. “Gake nèbia be, ‘Aleke nèlɔ̃ mí?’” Yehowa gblɔ be: “Ɖe Yakob menye Esau nɔvi oa? Melɔ̃ Yakob.
I have loved you, says the LORD. Yet all of you say, Wherein have you loved us? Was not Esau Jacob's brother? says the LORD: yet I loved Jacob,
3 Ke Esau ya la melé fui, metrɔ eƒe nɔƒe wòzu gbegbe, eye metsɔ eƒe domenyinu na amegaxiwo.”
And I hated Esau, and laid his mountains and his heritage waste for the dragons of the wilderness.
4 Edom gblɔ be, “Togbɔ be wogbã mi hã la, míagatso aƒedoawo.” Ke Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la agblɔ be, “Migbugbɔ tso duawo ne miate ŋui, gake magagbã wo, elabena woƒe dukɔa ŋkɔe nye, Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe anyigba, ame siwo ŋu Yehowa do dziku ɖo ɖikaa.
Whereas Edom says, We are impoverished, but we will return and build the desolate places; thus says the LORD of hosts, They shall build, but I will throw down; and they shall call them, The border of wickedness, and, The people against whom the LORD has indignation for ever.
5 O, mi, Israelviwo, mitsa ŋku ne miakpɔ nu siwo wɔm Yehowa le, le xexea me godoo ekema miagblɔ be, ‘Nyateƒee, Yehowa ƒe ŋusẽ tri akɔ la gbɔ míaƒe liƒowo ŋu yi sãsãsã!’
And your eyes shall see, and all of you shall say, The LORD will be magnified from the border of Israel.
6 “Viŋutsu dea bubu fofoa ŋuti eye kluvi ɖoa bubu na eƒe aƒetɔ; ekema ne nyee nye mia fofo la, afi ka nye bubu le? Ne nye nyee nye miaƒe Aƒetɔ la, nu ka ta mievɔ̃am o? Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “O, mi nunɔlawoe ƒo ɖi nye ŋkɔ. “Gake mieɖe ɖeklemi be, ‘Ɣe ka ɣi míeƒo ɖi wò ŋkɔ kpɔ?’
A son honors his father, and a servant his master: if then I be a father, where is mine honour? and if I be a master, where is my fear? says the LORD of hosts unto you, O priests, that despise my name. And all of you say, Wherein have we despised your name?
7 “Mietsɔ nuɖuɖu makɔmakɔwo sa vɔe nam le nye vɔsamlekpui dzi, “Gake miebiam be, ‘Gbe ka gbee míewɔ nane nenema kpɔ?’ “Le esime míedoa vlo Yehowa ƒe kplɔ̃ le amewo gbɔ be megale ɖeke me o.
All of you offer polluted bread upon mine altar; and all of you say, Wherein have we polluted you? In that all of you say, The table of the LORD is contemptible.
8 Miegblɔna na amewo hã be, Mitsɔ lã siwo mede blibo o la sa vɔe le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi faa, ɛ̃, lã siwo ƒe ŋkuwo gbã kple esiwo le dɔ lém la, megblẽ naneke o? Nu sia miewɔ, eye miebe menye vɔ̃ oa? Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la be mitsɔ wo na miaƒe mɔmefia abe nunana ene, eye miakpɔe ɖa be adze eŋu hã?” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
And if all of you offer the blind for sacrifice, is it not evil? and if all of you offer the lame and sick, is it not evil? offer it now unto your governor; will he be pleased with you, or accept your person? says the LORD of hosts.
9 “Azɔ miele kuku ɖem be, Mawu, kpɔ míaƒe nublanui, Esi mietsɔ nunana madzemadze mawo vɛ ɖe, nu ka ta wòakpɔ nublanui na mi?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
And now, I pray you, plead to God that he will be gracious unto us: this has been by your means: will he regard your persons? says the LORD of hosts.
10 “O, nunɔla ɖeka pɛ hã mele mia dome si atu gbedoxɔ ƒe ʋɔtruwo, ale be miadzudzɔ vɔsanu madzemadze siawo tsɔtsɔ va vɔsamlekpui la dzi oa?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe, “eye miaƒe nu mele ŋunye nyom kura o, eye miaƒe nunana aɖeke hã medze ŋunye o.
Who is there even among you that would shut the doors for nothing? neither do all of you kindle fire on mine altar for nothing. I have no pleasure in you, says the LORD of hosts, neither will I accept an offering at your hand.
11 Tso ɣedzeƒe yi ɖe ɣetoɖoƒe ke la, dukɔ bubuwo ado nye ŋkɔ ɖe dzi tso ŋdi va se ɖe fiẽ. Le xexea me godoo woatsɔ vɔsa ʋeʋẽ lĩlĩlĩwo kple vɔsa kɔkɔewo ade bubu nye ŋkɔ ŋuti elabena mexɔ ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
For from the rising of the sun even unto the going down of the same my name shall be great among the Gentiles; and in every place incense shall be offered unto my name, and a pure offering: for my name shall be great among the heathen, says the LORD of hosts.
12 “Ke miawo ya miedo gui hele gbɔgblɔm be, ‘Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o,’ eye ‘edzinuɖuɖu le ŋu nyɔm.’
But all of you have profaned it, in that all of you say, The table of the LORD is polluted; and the fruit thereof, even his food, is contemptible.
13 Miegblɔ be, ‘Mawusubɔsubɔ kple eƒe seawo dzi wɔwɔ sesẽ loo!’ Ale miegblɔ be, ‘yewomawɔ ɖe se siwo wòde na mi la dzi o,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Mibu eŋuti kpɔ! Mietsɔ lã xɔabiwo, lã lédɔwo kple lã siwo mede blibo o la sa vɔe nam!” Yehowa be, “Enyo be maxɔ nunana sia tɔgbiwoa?
All of you said also, Behold, what a weariness is it! and all of you have snuffed at it, says the LORD of hosts; and all of you brought that which was torn, and the lame, and the sick; thus all of you brought an offering: should I accept this of your hand? says the LORD.
14 Ame si ɖe adzɔgbe be yeatsɔ lãtsu si de blibo le yeƒe lãhawo dome asa vɔe na Yehowa gake wòɖɔlii kple lã lédɔ la, fiƒode neva edzi wòaɖi eŋu kpekpekpe elabena nye la, Fiagãe menye eye ele be woatsɔ vɔvɔ̃ na nye ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ nya siawo.
But cursed be the deceiver, which has in his flock a male, and vows, and sacrifices unto the LORD a corrupt thing: for I am a great King, says the LORD of hosts, and my name is dreadful among the heathen.

< Malaki 1 >