< Luka 6 >

1 Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ to bligble aɖewo me va yina la, nusrɔ̃lawo ŋe bli aɖewo, klẽ tsro le wo ŋu henɔ ɖuɖum.
One Sabbath Jesus was walking through cornfields, and his disciples were picking the ears of wheat, and rubbing them in their hands, and eating them.
2 Farisitɔ aɖewo nɔ afi ma kpɔ wo, eye wogblɔ na Yesu be, “Nu ka ta miewɔ nu si mele se nu be woawɔ le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o mahã?”
“Why are you doing what it is not allowable to do on the Sabbath?” asked some of the Pharisees.
3 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Alo miexlẽ nu tso nu si David wɔ esi dɔ wu eya kple eŋutimewo ŋu oa?
Jesus’ answer was: “Have not you read even of what David did, when he was hungry, he and his companions —
4 Eyi ɖe Mawu ƒe aƒe la me, eye wòtsɔ abolo tɔxɛ si wotsɔ ɖo Mawu ŋkume la, eye wòɖui, togbɔ be mele se nu be ame aɖeke naɖu abolo sia o negbe nunɔlawo ko.”
That he went into the House of God, and took the consecrated bread and ate it, and gave some to his companions, though only the priests are allowed to eat it?”
5 Yesu gblɔ kpe ɖe eŋu be, “Nye Amegbetɔ Vi lae nye Aƒetɔ na Dzudzɔgbe ŋkeke la gɔ̃ hã.”
Then Jesus added: “The Son of Man is lord even of the Sabbath.”
6 Le Dzudzɔgbe bubu gbe esi wònɔ nu fiam le ƒuƒoƒe la, ekpɔ ame aɖe si tsitsi lé asi na la le afi ma.
On another Sabbath Jesus went into the Synagogue and taught; and there was a man there whose right hand was withered.
7 Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke dzie ta la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖe ŋku ɖe edzi gãa henɔ ekpɔm be ada gbe le amea ŋu le ŋkekea dzi hã. Wonɔ ŋku lém ɖe eŋu elabena wodi be wòawɔ vodada aɖe be yewoatsɔ nya ɖe eŋu.
The Teachers of the Law and the Pharisees watched Jesus closely, to see if he would work cures on the Sabbath, so that they might find a charge to bring against him.
8 Yesu nya nu si bum ame siawo nɔ xoxoxo, gake egblɔ na ŋutsua be, “Tso va nɔ tsitre ɖe afii be ame sia ame nakpɔ wò.” Ŋutsu la tso ɖe tsitrenu abe ale si wògblɔ nɛ ene.
Jesus, however, knew what was in the their minds, and said to the man whose hand was withered: “Stand up and come out into the middle.” The man stood up;
9 Azɔ Yesu trɔ ɖe Farisitɔwo kple agbalẽfialawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Biabia aɖe le asinye na mi. Ɖe woɖe mɔ be woawɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi loo alo woawɔ vɔ̃a? Enyo be woaxɔ ame ɖe agbe loo alo woawuia?”
and Jesus said to them: “I ask you, is it allowable to do good on the Sabbath — or harm? to save a life, or let it perish?”
10 Etsa ŋku le wo katã dzi ɖekaɖeka, eye wògblɔ na ŋutsua be, “Dzɔ wò asi.” Edzɔ asia kasia eƒe asi gaɖɔ ɖo.
Then, looking round at them all, he said to the man: “Stretch out your hand.” The man did so; and his hand had become sound.
11 Nuwɔna sia do dziku na Yesu ƒe futɔwo ŋutɔ. Wode asi ɖoɖowɔwɔ me le nu si woate ŋu awɔ Yesu la ŋuti.
But the Teachers of the Law and the Pharisees were goaded to madness, and consulted together what they could do to Jesus.
12 Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi gbe ɖeka be yeado gbe ɖa. Edo gbe ɖa na Mawu zã blibo katã.
Now about that time, Jesus went out, up the hill, to pray, and spent the whole night in prayer to God.
13 Esi ŋu ke la, eyɔ eyomenɔlawo katã ƒo ƒui, eye wòtia ame wuieve le wo dome bena woanye yeƒe nusrɔ̃lawo. Ame siawoe woyɔ be apostolowo.
When day came, he summoned his disciples, and chose twelve of them, whom he also named ‘Apostles.’
14 Ameawo ƒe ŋkɔwoe nye, Simɔn (ame si wòna ŋkɔe be Petro), Andrea si nye Simɔn nɔviŋutsu, Yakobo, Yohanes, Filipo, Bartolomeo,
They were Simon (whom Jesus also named Peter), and his brother Andrew, James, John, Philip, Bartholomew,
15 Mateo, Toma, Yakobo si nye Alfeo vi, Simɔn ame si nye Zelote dunyaheha sesẽ aɖe me nɔla;
Matthew, Thomas, James son of Alphaeus, Simon known as the Zealot,
16 Yuda si nye Yakobo vi, kple Yuda Iskariɔt ame si va zu yomemɔfiala.
Judas son of James, and Judas Iscariot, who proved a traitor.
17 Esi wòɖi tso toa dzi la, nusrɔ̃lawo kple eyomenɔlawo va ƒo ƒu ɖe Yesu ŋuti le gbadzaƒe aɖe. Ameha gã aɖe hã va ɖe to ɖe wo, amewo tso Yudea nutowo me katã kple Yerusalem. Ɖewo tso keke Sidon kple Tiro ƒutaduwo me ke
Afterwards Jesus came down the hill with them and took his stand on a level place. With him were a large crowd of his disciples, and great numbers of people from the whole of Judea, Jerusalem, and the coast district of Tyre and Sidon,
18 va be yewoaɖo toe alo be wòada gbe le yewo ŋu. Gbe ma gbe la, enya gbɔgbɔ vɔ̃ geɖewo le amewo me.
who had come to hear him and to be restored to health. Those, too, who were troubled with foul spirits were cured;
19 Ame geɖewo ŋutɔ nɔ didim be yewoaka asi eŋu, elabena ŋusẽ do go tso eme, eye wòda gbe le wo katã ŋu.
and every one in the crowd was trying to touch him, because a power went out from him which restored them all.
20 Azɔ etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ hegblɔ na wo be, “Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo nye ame dahewo la lalalm, elabena miawo tɔe nye mawufiaɖuƒe la.
Then, raising his eyes and looking at his disciples, Jesus spoke as follows: “Blessed are you who are poor, for yours is the Kingdom of God.
21 Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo wum dɔ le la lalam, elabena miawoe aɖi ƒo. Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo le avi fam fifia la lalam, elabena ɣeyiɣi gbɔna esi miava ko nu.
Blessed are you who hunger now, for you shall be satisfied. Blessed are you who weep now, for you shall laugh.
22 Dzidzɔ gã ŋutɔ le mia lalam, ne amewo lé fu mi, ɖe mi le woƒe ha me, eye wodzu mi, heƒo ɖi miaƒe ŋkɔ ɖe Amegbetɔ Vi la ta!
Blessed are you when men hate you, and when they expel you from among them, and taunt you, and reject your Name as an evil thing — on account of the Son of Man.
23 “Dzi nedzɔ mi, eye mitso aseye, elabena fetu nyui le mia lalam le dziƒo. Alea tututue wo fofowo wɔ ɖe nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi la hã ŋuti.
Then indeed you may be glad and dance for joy, for be sure that your reward in Heaven will be great; for that is what their ancestors did to the Prophets.
24 “Ao, baba na mi kesinɔtɔwo, elabena wokpɔ dzidzɔ le anyigba sia dzi xoxo.
But ‘alas for you who are rich,’ for you have had your comforts in full.
25 Babaa na mi ame siwo ƒe ƒodo yɔ, elabena dɔwuame sesẽ aɖe le ŋgɔ na wo gbɔna.
Alas for you who are sated now, for you will hunger. Alas for you who laugh now, for you will mourn and weep.
26 Woƒe nukoko ɖe yame fifia ava zu konyifafa na wo. Babaa na mi ame siwo ŋu amewo aƒo nu nyui le, elabena nenema kee wo fofowo wɔ na aʋatsonyagblɔɖilawo.
Alas for you when all men speak well of you; for this is what their ancestors did to the false Prophets.
27 “Ke mi ame siwo le to ɖom la, mele egblɔm na mi be: Milɔ̃ miaƒe futɔwo, eye miawɔ nyui na ame siwo lé fu mi la.
But to you who hear I say — Love your enemies, show kindness to those who hate you,
28 Miyra ame siwo ƒo fi de mi la, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo wɔa fu mi la ta.
bless those who curse you, pray for those who insult you.
29 “Nenye be ame aɖe ƒo wò tome ɖeka la, trɔ evelia hã nɛ wòaƒo! Nenye be ame aɖe tsɔ wò dziwui la, mègagbe wò awutewuitsɔtsɔ nɛ o.
When a man gives one of you a blow on the cheek, offer the other cheek as well; and, when any one takes away your cloak, do not keep back your coat either.
30 Ne nu le asiwò, eye ame aɖe bia wò la, nae eye mègabia be netrɔe vɛ na ye o.
Give to every one who asks of you; and, when any one takes away what is yours, do not demand its return.
31 Ale si tututu nèdina be amewo newɔ na ye la, wò hã wɔ na wo nenema.
Do to others as you wish them to do to you.
32 “Ne mielɔ̃ mia lɔ̃lawo ɖeɖe ko ɖe, miebui be miewɔ nanea? Ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo hã lɔ̃a wo xɔlɔ̃wo.
If you love only those who love you, what thanks will be due to you? Why, even the outcast love those who love them!
33 Ne miewɔa dɔmenyo na ame siwo wɔa dɔmenyo na mi ko ɖe, akpedada kae li na mi? Nu vɔ̃ wɔlawo gɔ̃ hã wɔna nenema!
For, if you show kindness only to those who show kindness to you, what thanks will be due to you? Even the outcast do that!
34 Ne miedoa ga na ame siwo miele mɔ kpɔm na be woagaxee na mi emegbe ɖe, nu nyui kae wònye miewɔ? Nu vɔ̃ɖi wɔla akuakuawo hã doa nu na wo tɔ nu vɔ̃ɖi wɔlawo be yewoaxɔ nenema ke emegbe.
If you lend only to those from whom you expect to get something, what thanks will be due to you? Even the outcast lend to the outcast in the hope of getting as much in return!
35 “Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwɔ dɔmenyo na wo. Mido nu na wo, eye migakpɔ mɔ na exɔxɔ o. Ne miewɔ esia la, ekema miaƒe fetu asɔ gbɔ le dziƒo, eye mianye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo elabena eya ŋutɔ nyoa dɔme na akpemadalawo kple tagbɔ sesẽ tɔwo hã.
But love your enemies, and show them kindness, and lend to them, never despairing. Then your reward shall be great, and you shall be Sons of the Most High, for he is kind to the thankless and the bad.
36 “Mizu nublanuikpɔlawo abe ale si mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene.
Learn to be merciful — even as your Father is merciful.
37 “Migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke, eye Mawu hã nadrɔ̃ ʋɔnu mi o. Migabu fɔ ame aɖeke, eye Mawu hã nabu fɔ mi o. Mitsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo, eye Mawu hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.
Do not judge, and you will not be judged; do not condemn, and you will not be condemned. Forgive, and you will be forgiven.
38 Mina nu, eye woana nu miawo hã. Nu siwo katã miena la, woatrɔ wo vɛ na mi woasɔ gbɔ agbã go sãa wu esi sinu miena, eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo hã.”
Give, and others will give to you. A generous measure, pressed and shaken down, and running over, will they pour into your lap; For the measure that you mete will be meted out to you in return.”
39 Yesu yi edzi do lo sia na wo be, “Ɖe ŋkugbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Ɖe wo kple eve la mage adze do me oa?
Then, speaking in parables, Jesus said: “Can one blind man guide another? Will they not both fall into a ditch?
40 Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o. Ke ame sia ame si xɔ hehe nyuitɔ la anɔ ko abe eƒe nufiala ene.
A scholar is not above his teacher; yet every finished scholar shall be like his teacher.
41 “Nu ka ta nèkpɔa ati fefi si le nɔviwò ƒe ŋku dzi, gake mèkpɔa atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi o mahã?
And why do you look at the straw in your brother’s eye, while you pay no attention at all to the beam in your own?
42 Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Nɔvi, na maɖe ati fefi si le wò ŋku dzi la ɖa na wò,’ esi màte ŋu akpɔ gãa si le wò ŋutɔ wò ŋkuwo dzi aɖe o? Alakpanuwɔla, ɖe atikpo si le wò ŋku dzi la ɖa gbã ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie, ale be nàte ŋu aɖe nɔviwò ƒe ati fefi la ɖa nɛ.
How can you say to your brother ‘Brother, let me take out the straw in your eye,’ while you yourself do not see the beam in your own? Hypocrite! Take out the beam from your own eye first, and then you will see clearly how to take out the straw in your brother’s.
43 “Ati nyui aɖeke mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o.
There is no such thing as a good tree bearing worthless fruit, or, on the other hand, a worthless tree bearing good fruit.
44 Ku si ati aɖe tsena lae wotsɔna dzea si ati si ƒomevi wònye lae; elabena womegbea gbowo le ŋutiwo dzi o, alo wotsoa wainkpo le ŋuve me.
For every tree is known by its own fruit. People do not gather figs off thorn bushes, nor pick a bunch of grapes off a bramble.
45 Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖi sia fiana.
A good man, from the good stores of his heart, brings out what is good; while a bad man, from his bad stores, brings out what is bad. For what fills a man’s heart will rise to his lips.
46 “Nu ka tae mieyɔam be ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’, evɔ miewɔa nye gbe dzi o?
Why do you call me ‘Master! Master!’ and yet fail to do what I tell you?
47 Ame sia ame si vaa gbɔnye, eye wòsea nye nya, eye wòwɔa edzi la, mafia ame si wòɖi mi.
Every one who comes to me and listens to my teaching and acts upon it — I will show you to whom he may be compared.
48 Eɖi ame aɖe si tu xɔ, eɖe do goglo, eye wòɖo gɔmeɖokpe nyuie ɖe kpe gbadza dzi, ke esi tɔ ɖɔ, eye tsi ɖe xɔa la, mete ŋu mui o, elabena wotui nyuie.
He may be compared to a man building a house, who dug, and went deep, and laid the foundation upon the rock. Then, when a flood came, the river swept down upon that house, but had no power to shake it, because it had been built well.
49 Ke ame si sea nye nya, eye mewɔna ɖe edzi o la le abe ame aɖe si tu eƒe xɔ ɖe anyigba, eye meɖo gɔmeɖokpe nɛ o la ene. Esi tsi dza ɖɔ ɖe eŋu la, xɔ sia mu gbloo, hegbã gudugudu.”
But those who have listened and not acted upon what they have heard may be compared to a man who built a house on the ground without any foundation. The river swept down upon it, and the house immediately collapsed; and great was the crash that followed.”

< Luka 6 >