< Luka 3 >

1 Le Kaisaro Tibero ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esi Pontio Pilato nye mɔmefia le Yudea eye Herod nye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo hã nye dziɖula le Iturea kple Trakonitis, eye Lisania hã nɔ Abilene dzi ɖum,
皇帝テベリオの治世の第十五年、ポンテオ・ピラトがユダヤの総督、ヘロデがガリラヤの国主、その兄弟ピリポがイツリヤとテラコニテ地方の国主、ルサニヤがアビレネの国主であり、
2 esime Anas kple Kayafa wonye nunɔlagãwo la, Mawu ƒe nya va na Yohanes, ame si nye Zekaria ƒe vi la le gbedzi.
アンナスとカヤパが大祭司であったころ、神のことばが、荒野でザカリヤの子ヨハネに下った。
3 Yohanes nɔ tsatsam tso teƒe yi teƒe le Yɔdan tɔsisi la ƒe go eveawo dzi, nɔ mawunya gblɔm be amewo nede tsi ta; ne wòafia be wotrɔ dzi me, ale be wòatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo.
そこでヨハネは、ヨルダン川のほとりのすべての地方に行って、罪が赦されるための悔い改めに基づくバプテスマを説いた。
4 Abe ale si woŋlɔe le Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽ me ene be, “Ame si le ɣli dom tso gbea dzi ƒe gbee nye esi, ‘Miɖe mɔ na Yehowa be wòazɔ edzi! Miwɔ eƒe mɔwo dzɔdzɔe.
そのことは預言者イザヤのことばの書に書いてあるとおりである。 「荒野で叫ぶ者の声がする。 『主の道を用意し、 主の通られる道をまっすぐにせよ。
5 Balimewo katã akɔ kpo, eye woabɔbɔ to kple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi. Mixe ʋe siwo le baliwo me! Miwɔ mɔ gɔglɔ̃wo woadzɔ! Miwɔ mɔ tsakliwo zɔzrɔ̃e.
すべての谷はうずめられ、 すべての山と丘とは低くされ、 曲がった所はまっすぐになり、 でこぼこ道は平らになる。
6 Ekema amegbetɔƒomea katã akpɔ ɖeɖe si Mawu ɖo ɖa la.’”
こうして、あらゆる人が、 神の救いを見るようになる。』」
7 Yohanes gblɔ mawunya na ame siwo vaa egbɔ be wòade mawutsi ta na yewo be, “Ame kae xlɔ̃ nu mi dawo ƒe dzidzimeviwo be miasi le Mawu ƒe dɔmedzoe si gbɔna la nu?
それで、ヨハネは、彼からバプテスマを受けようとして出て来た群衆に言った。「まむしのすえたち。だれが必ず来る御怒りをのがれるように教えたのか。
8 Gbã la, miyi ne miaɖee fia be yewotrɔ dzi me to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi, elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o. Esia ɖeɖe menye naneke o, elabena Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham.
それならそれで、悔い改めにふさわしい実を結びなさい。『われわれの先祖はアブラハムだ。』などと心の中で言い始めてはいけません。よく言っておくが、神は、こんな石ころからでも、アブラハムの子孫を起こすことがおできになるのです。
9 Woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fiá atiwo ƒe kewo dzi. Ɛ̃, le nyateƒe me la, ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe ƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me.”
斧もすでに木の根元に置かれています。だから、良い実を結ばない木は、みな切り倒されて、火に投げ込まれます。」
10 Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Nu ka nèdi tso mía si be míawɔ?”
群衆はヨハネに尋ねた。「それでは、私たちはどうすればよいのでしょう。」
11 Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Ne awu eve le ame aɖe si la, nena ame si ɖeke mele esi o, eye ame si si nuɖuɖu le la newɔ nenema ke.”
彼は答えて言った。「下着を二枚持っている者は、一つも持たない者に分けなさい。食べ物を持っている者も、そうしなさい。」
12 Dugadzɔla siwo nye amebala vɔ̃ɖiwo la gɔ̃ hã va do ɖe egbɔ be wòade mawutsi ta na yewo. Wobiae be, “Nufiala nu ka míawɔ?”
取税人たちも、バプテスマを受けに出て来て、言った。「先生。私たちはどうすればよいのでしょう。」
13 Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mito nyateƒe le miaƒe dugadzɔdzɔ me. Mikpɔ nyuie be miagadzɔ ga le ame aɖeke si wu ale si woɖo na mi la o.”
ヨハネは彼らに言った。「決められたもの以上には、何も取り立ててはいけません。」
14 Asrafo aɖewo siwo le afi ma la biae be, “Míawo ya ɖe aleke míawɔ?” Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Migaxɔ ga le amewo si akpasesẽtɔe o. Ne mienya be ame aɖe mewɔ nane o la, migahe nya ɖe eŋu alakpatɔe o. Fetu si miexɔna la hã nedze mia ŋu!”
兵士たちも、彼に尋ねて言った。「私たちはどうすればよいのでしょうか。」ヨハネは言った。「だれからも、力ずくで金をゆすったり、無実の者を責めたりしてはいけません。自分の給料で満足しなさい。」
15 Ame sia ame kloe nɔ mɔ kpɔm be ava kpuie le ŋkeke mawo me, ale be wotsi dzi vevie be yewoanya nenye be Yohanes ye nye Kristo loo alo menye eyae o?
民衆は救い主を待ち望んでおり、みな心の中で、ヨハネについて、もしかするとこの方がキリストではあるまいか、と考えていたので、
16 Yohanes ɖo woƒe biabia la ŋu hegblɔ na wo be, “Nye la, tsi metsɔ le tsi dem ta na amewoe, gake ame aɖe gbɔna kpuie, ame si si ŋusẽ le wum boo, ame si nyemedze ŋutɔ gɔ̃ hã be matu eƒe atokotawo nu ka o. Eya ade mawutsi ta na mi kple dzo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe.
ヨハネはみなに答えて言った。「私は水であなたがたにバプテスマを授けています。しかし、私よりもさらに力のある方がおいでになります。私などは、その方のくつのひもを解く値うちもありません。その方は、あなたがたに聖霊と火とのバプテスマをお授けになります。
17 Ame si si lugbɔnu le, be wòatsɔ akplɔ eƒe lugbɔƒe ƒiaƒiaƒia, alɔ lu la ɖe eƒe ava me. Ke atɔ dzo tsroa kple dzo matsimatsi.”
また手に箕を持って脱穀場をことごとくきよめ、麦を倉に納め、殻を消えない火で焼き尽くされます。」
18 Yohanes xlɔ̃ nu amewo vevie kple nya siawo esime wònɔ nyanyui la gblɔm na wo.
ヨハネは、そのほかにも多くのことを教えて、民衆に福音を知らせた。
19 Yohanes he nya ɖe Herod si nye dziɖula nɔ Galilea ŋu le dutoƒe, elabena exɔ nɔvia srɔ̃ Herodia ɖe. Hekpe ɖe nu vɔ̃ bubu geɖe siwo hã wòwɔ ŋu la,
さて国主ヘロデは、その兄弟の妻ヘロデヤのことについて、また、自分の行なった悪事のすべてを、ヨハネに責められたので、
20 Herod lé Yohanes hã de gaxɔ me.
ヨハネを牢に閉じ込め、すべての悪事にもう一つこの悪事を加えた。
21 Gbe ɖeka la, Yesu ŋutɔ hã va ge ɖe ame siwo Yohanes nɔ mawutsi dem ta na la dome. Yohanes de mawutsi ta nɛ, eye esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, dziƒowo nu ʋu,
さて、民衆がみなバプテスマを受けていたころ、イエスもバプテスマをお受けになり、そして祈っておられると、天が開け、
22 eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖiɖi ɖe edzi le akpakpa ƒe nɔnɔme me, eye gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze le.”
聖霊が、鳩のような形をして、自分の上に下られるのをご覧になった。また、天から声がした。「あなたは、わたしの愛する子、わたしはあなたを喜ぶ。」
23 Yesu xɔ abe ƒe blaetɔ̃ ene hafi dze mawunyagbɔgblɔ gɔme le dutoƒo. Amewo nya Yesu abe Yosef ƒe vi ene. Yosef fofoe nye Heli,
教えを始められたとき、イエスはおよそ三十歳で、人々からヨセフの子と思われていた。このヨセフは、ヘリの子、順次さかのぼって、
24 Heli fofoe nye Matat, Matat fofoe nye Levi, Levi fofoe nye Melki, Melki fofoe nye Yanai, Yanai fofoe nye Yosef,
マタテの子、レビの子、メルキの子、ヤンナイの子、ヨセフの子、
25 Yosef fofoe nye Matatias, Matatias fofoe nye Amos, Amos fofoe nye Nahum, Nahum fofoe nye Esli, Esli fofoe nye Nagai,
マタテヤの子、アモスの子、ナホムの子、エスリの子、ナンガイの子、
26 Nagai fofoe nye Mat, Mat fofoe nye Matatias, Matatias fofoe nye Semein, Semein fofoe nye Yosek, Yosek fofoe nye Yoda, Yoda fofoe nye Yoana.
マハテの子、マタテヤの子、シメイの子、ヨセクの子、ヨダの子、
27 Yoana fofoe nye Resa, Resa fofoe nye Zerubabel, Zerubabel fofoe nye Sealtiel, Sealtiel fofoe nye Neri.
ヨハナンの子、レサの子、ゾロバベルの子、サラテルの子、ネリの子、
28 Neri fofoe nye Melki, Melki fofoe nye Adi, Adi fofoe nye Kosam, Kosam fofoe nye Elmadam, Elmadam fofoe nye Er,
メルキの子、アデイの子、コサムの子、エルマダムの子、エルの子、
29 Er fofoe nye Yosua, Yosua fofoe nye Elieza, Elieza fofoe nye Yorim, Yorim fofoe nye Matat, Matat fofoe nye Levi,
ヨシュアの子、エリエゼルの子、ヨリムの子、マタテの子、レビの子、
30 Levi fofoe nye Simeon, Simeon fofoe nye Yuda, Yuda fofoe nye Yosef, Yosef fofoe nye Yonam, Yonam fofoe nye Eliakim,
シメオンの子、ユダの子、ヨセフの子、ヨナムの子、エリヤキムの子、
31 Eliakim fofoe nye Melea, Melea fofoe nye Mena, Mena fofoe nye Matata, Matata fofoe nye Natan, Natan fofoe nye David,
メレヤの子、メナの子、マタタの子、ナタンの子、ダビデの子、
32 David fofoe nye Yese, Yese fofoe nye Obed, Obed fofoe nye Boaz, Boaz fofoe nye Salmon, Salmon fofoe nye Naheson,
エッサイの子、オベデの子、ボアズの子、サラの子、ナアソンの子、
33 Naheson fofoe nye Aminadab, Aminadab fofoe nye Ram, Ram fofoe nye Arni, Arni fofoe nye Hezron, Hezron fofoe nye Perez. Perez fofoe nye Yuda,
アミナダブの子、アデミンの子、アルニの子、エスロンの子、パレスの子、ユダの子、
34 Yuda fofoe nye Yakob, Yakob fofoe nye Isak, Isak fofoe nye Abraham, Abraham fofoe Tera, Tera fofoe nye Nahɔ,
ヤコブの子、イサクの子、アブラハムの子、テラの子、ナホルの子、
35 Nahɔ fofoe nye Serug, Serug fofoe nye Reu, Reu fofoe nye Peleg, Peleg fofoe nye Eber, Eber fofoe nye Sela,
セルグの子、レウの子、ペレグの子、エベルの子、サラの子、
36 Sela fofoe nye Kainan, Kainan fofoe nye Arfaxad, Arfaxad fofoe nye Sem, Sem fofoe nye Noa, Noa fofoe nye Lamek,
カイナンの子、アルパクサデの子、セムの子、ノアの子、ラメクの子、
37 Lamek fofoe nye Metusela, Metusela fofoe nye Enɔk, Enɔk fofoe nye Yared, Yared fofoe nye Mahalalel, Mahalalel fofoe nye Kenan,
メトセラの子、エノクの子、ヤレデの子、マハラレルの子、カイナンの子、
38 Kenan fofoe nye Enos, Enos fofoe nye Set, Set fofoe nye Adam, Adam fofoe nye Mawu.
エノスの子、セツの子、アダムの子、このアダムは神の子である。

< Luka 3 >