< Luka 22 >

1 Azɔ Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui si woyɔna be Ŋutitotoŋkeke la te tu aƒe.
Now the feast of unleavened bread drew near, which is called the Passover.
2 Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ ŋugble dem vevie le mɔ si dzi woato awu Yesu, ale be ʋunyaʋunya madzɔ le dukɔa me o la ŋuti, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na dukɔa me viwo.
And the chief priests and scribes sought how they might kill him; for they feared the people.
3 Azɔ Satana ge ɖe Yuda Iskariɔt, ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka la me,
Then Satan entered into Judas surnamed Iscariot, being of the number of the twelve.
4 ale wòyi nunɔlagãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegãwo gbɔ be yeade aɖaŋu kple wo le mɔ nyuitɔ si dzi yeato ade Yesu asi na wo la ŋuti.
And he went his way, and conferred with the chief priests and captains, how he might betray him to them.
5 Edzɔ dzi na ameawo ŋutɔ be Yuda le klalo be yeakpe ɖe yewo ŋu, eya ta wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ.
And they were glad, and covenanted to give him money.
6 Tso esia dzi la, Yuda de asi ɣeyiɣi nyuitɔ si me woalé Yesu le amehawo ƒe manyamanya me la didi me.
And he promised, and sought opportunity to betray him to them in the absence of the multitude.
7 Azɔ Ŋutitotoŋkekenyui si dzi wowua ŋutitotolẽvi la le, eye woɖanɛ kple amɔ maʋamaʋã ƒe abolo la ɖo edzi.
Then came the day of unleavened bread, when the passover must be killed.
8 Yesu dɔ Petro kple Yohanes be woado ŋgɔ aɖawɔ dzadzraɖo na yewoƒe Ŋutitotoŋkekea ɖuɖu.
And he sent Peter and John, saying, Go and prepare for us the passover, that we may eat.
9 Wobia be, “Afi ka nèdi be míayi aɖadzra ɖo?”
And they said to him, Where wilt thou that we prepare?
10 Eɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe Yerusalem dua me teti ko la, miakpɔ ŋutsu aɖe si lé tsize ɖe ta wòazɔ va yina. Mikplɔe ɖo, eye miage ɖe aƒe si me wòage ɖo la me,
And he said to them, Behold, when ye have entered into the city, there shall a man meet you, bearing a pitcher of water; follow him into the house where he entereth.
11 eye miagblɔ na aƒea tɔ be, ‘Míaƒe Nufiala be míbia wò be: Afi ka dzeƒe le, afi si nye kple nye nusrɔ̃lawo míaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le?’
And ye shall say to the master of the house, The Master saith to thee, Where is the guestchamber, where I may eat the passover with my disciples?
12 Aƒea tɔ akplɔ mi ayi dziƒoxɔa dzi, eye wòafia xɔ gã aɖe si me wodzra ɖo la mi. Teƒe lae nye ema. Miyi, eye miaɖo kplɔ̃ ɖe afi ma.”
And he shall show you a large upper room furnished: there make ready.
13 Woyi dua me, eye wokpɔ be nu sia nu si Yesu gblɔ na wo la va eme tututu, ale wowɔ Ŋutitotoŋkeke la ƒe nuɖuɖu ɖoɖo da ɖi.
And they went, and found as he had said to them: and they made ready the passover.
14 Yesu kple nusrɔ̃la mamlɛawo va ɖo le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la me, eye wo katã wonɔ kplɔ̃a ŋu hena nua ɖuɖu.
And when the hour was come, he sat down, and the twelve apostles with him.
15 Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Menɔ mɔ kpɔm vevie be maɖu Ŋutitotoŋkekea ƒe nuɖuɖu sia kpli mi hafi nye fukpekpewo nadze egɔme.
And he said to them, I have earnestly desired to eat this passover with you before I suffer:
16 Elabena medi be mianya fifia be nyemagaɖui akpɔ o, va se ɖe esime woɖe nu si tututu wònye la ɖe go le mawufiaɖuƒea me.”
For I say to you, I will not any more eat of it, until it shall be fulfilled in the kingdom of God.
17 Azɔ etsɔ wainkplu ɖeka, eye esi wòda akpe ɖe eta vɔ la, egblɔ na wo be, “Mixɔe, eye ame sia ame nanoe.
And he took the cup, and gave thanks, and said, Take this, and share it among yourselves:
18 Elabena mele egblɔm na mi be nyemagano waintsetse aɖeke me tsi akpɔ o, va se ɖe esime mawufiaɖuƒe la va.”
For I say to you, I will not drink of the fruit of the vine, until the kingdom of God shall come.
19 Emegbe etsɔ abolo, eye esi wòda akpe na Mawu le eta vɔ la, eŋe eme, eye wòtsɔe na nusrɔ̃lawo hegblɔ be, “Esia nye nye ŋutilã si metsɔ na ɖe mia ta. Miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.”
And he took bread, and gave thanks, and broke it, and gave to them, saying, This is my body which is given for you: this do in remembrance of me.
20 Eye nenema ke wòtsɔ kplu la le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ be, “Kplu sia nye nubabla yeye le nye ʋu si wokɔ ɖe anyi le mia ta la me.
Likewise also the cup after supper, saying, This cup is the new testament in my blood, which is shed for you.
21 Ke yonyememɔfiala ƒe asi le kplɔ̃a dzi kplim.
But, behold, the hand of him that betrayeth me is with me on the table.
22 Ele be Amegbetɔ Vi la naku abe ale si Mawu ɖoe ene. Gake baba na ame si adee asi!”
And truly the Son of man goeth, as it was determined: but woe to that man by whom he is betrayed!
23 Nusrɔ̃lawo tsa ŋku godoo le wo nɔewo dome hebia be ame kae le nu sia tɔgbi wɔ ge.
And they began to enquire among themselves, which of them it was that should do this thing.
24 Azɔ ʋiʋli ɖo nusrɔ̃lawo dome le ame si anye gãtɔ la ŋu.
And there was also a strife among them, which of them should be accounted the greatest.
25 Yesu gblɔ na wo be, “Xexe sia me fiawo ɖua aƒetɔ ɖe wo teviwo dzi, eye amegã bubuwo hã tea wo teviwo ɖe to, gake teviawo bua ame siawo katã amenuvelawoe.
And he said to them, The kings of the Gentiles exercise lordship over them; and they that exercise authority upon them are called benefactors.
26 Gake mele be wòanɔ nenema le mia dome o, ame si di be yeanye miaƒe amegã la, newɔ eɖokui subɔlae.
But ye shall not be so: but he that is greatest among you, let him be as the younger; and he that is chief, as he that doth serve.
27 Le xexea me la, aƒetɔ nɔa kplɔ̃ ŋu, eye eƒe subɔviwo va subɔnɛ. Gake esia mele mia dome le afii o! Elabena nyee nye miaƒe subɔvi.
For who is greater, he that eateth, or he that serveth? is not he that eateth? but I am among you as he that serveth.
28 Miawoe nye ame siwo do dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me,
Ye are they who have continued with me in my temptations.
29 eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom anyi na mi abe ale si Fofonye ɖo fiaɖuƒe anyi nam ene.
And I appoint to you a kingdom, as my Father hath appointed to me;
30 Miaɖu nu, ano nu le kplɔ̃ ŋu kplim le fiaɖuƒe ma me. Hekpe ɖe esia ŋu la, mianɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe tokɔ wuieveawo.”
That ye may eat and drink at my table in my kingdom, and sit on thrones judging the twelve tribes of Israel.
31 Yesu gblɔ na Petro be, “Simɔn, Simɔn, Satana le mi katã dim be yeagbɔ mi abe ale si wogbɔa bli ene.
And the Lord said, Simon, Simon, behold, Satan hath desired to have you, that he may sift you as wheat:
32 Gake medo gbe ɖa ɖe tawò be wò xɔse magabu keŋ o. Ale nenye be èdze si wò vodada, eye nègatrɔ va gbɔnye la, do ŋusẽ nɔviwò mamlɛawo hã, eye nàtu woƒe xɔse ɖe edzi.”
But I have prayed for thee, that thy faith fail not: and when thou art converted, strengthen thy brethren.
33 Simɔn ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, mele klalo be mayi gaxɔ me kpli wò, eye maku kpli wò gɔ̃ hã.”
And he said to him, Lord, I am ready to go with thee, both into prison, and to death.
34 Gake Yesu gblɔ nɛ be, “Petro na magblɔ nya aɖe na wò. Va se ɖe etsɔ fɔŋli hafi koklo naku atɔ la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ be yemenyam gɔ̃ hã o.”
And he said, I tell thee, Peter, the cock shall not crow this day, before thou shalt three times deny that thou knowest me.
35 Azɔ Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Esi medɔ mi be miyi ɖagblɔ nyanyui la eye mietsɔ ga, mɔzɔkotoku alo awu eve ɖe asi o eye miedo afɔkpa hã o ɖe, nane hiã mia?” Woɖo eŋu nɛ be, “Naneke mehiã mí o.”
And he said to them, When I sent you without purse, and sack, and shoes, lacked ye any thing? And they said, Nothing.
36 Eyi edzi be, “Azɔ la, mitsɔ mɔzɔkotoku nenye be ɖe le mia si. Mitsɔ ga hã ɖe asi, eye ne yi mele mia dometɔ aɖe si o la, nedzra eƒe awuwo wòatsɔ ga la aƒle ɖee.
Then said he to them, But now, he that hath a purse, let him take it, and likewise his sack: and he that hath no sword, let him sell his garment, and buy one.
37 Elabena ɣeyiɣi la ɖo bena nya si woŋlɔ ɖi tso ŋunye la nava eme be, ‘Wowui ɖe nu vɔ̃ wɔlawo dome.’ Le nyateƒe me la, nya siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ tso ŋunye la ava eme.”
For I say to you, that this which is written must yet be accomplished in me, And he was reckoned among the transgressors: for the things concerning me have an end.
38 Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, yi eve le mía si le afi sia.” Yesu gblɔ be, “Esɔ gbɔ.”
And they said, Lord, behold, here are two swords. And he said to them, It is enough.
39 Azɔ abe ale si Yesu wɔnɛ ɖaa ene la, edo go le dua me yi ɖe Amito la dzi. Eye eƒe nusrɔ̃lawo dze eyome.
And he came out, and went, as he was accustomed, to the mount of Olives; and his disciples also followed him.
40 Ke esi woɖo teƒea la, egblɔ na wo be, “Mido gbe ɖa be tetekpɔ nagaɖu mia dzi o.”
And when he was at the place, he said to them, Pray that ye enter not into temptation.
41 Edzo le nusrɔ̃lawo gbɔ, zɔ vie ko, eye wòdze klo do gbe ɖa be,
And he was withdrawn from them about a stone’s cast, and kneeled down, and prayed,
42 “Fofo, nenye wò lɔlɔ̃nu la, na kplu sia nato nunye ayi, gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò ko woawɔ.”
Saying, Father, if thou art willing, remove this cup from me: nevertheless not my will, but thine, be done.
43 Kasia mawudɔla aɖe tso dziƒo va do ŋusẽe,
And there appeared to him an angel from heaven, strengthening him.
44 elabena eƒe gbɔgbɔ nɔ veve sem ale gbegbe be fifia nɔ dzadzam le eŋu abe ʋu ene ɖe anyigba le esime wònɔ gbe dom ɖa atraɖii.
And being in an agony he prayed more earnestly: and his sweat was as it were great drops of blood falling to the ground.
45 Mlɔeba la, etso le gbedoɖaƒe, eye wòtrɔ yi eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ, gake eva ke ɖe wo ŋu wonɔ alɔ̃ dɔm, elabena konyifafa na be woƒe lãme gbɔdzɔ.
And when he rose up from prayer, and had come to his disciples, he found them sleeping for sorrow,
46 Yesu gblɔ na wo be, “Alɔ̃ dɔm mielea? Mifɔ kaba! Mido gbe ɖa be miaɖu tetekpɔwo dzi.”
And said to them, Why sleep ye? rise and pray, lest ye enter into temptation.
47 Ke esi wònɔ nya siawo gblɔm la, ameha aɖe do ɖe wo dzi. Yuda, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nɔ ŋgɔ na wo. Yuda zɔ ɖe Yesu dzi, eye wògbugbɔ alɔgo nɛ abe lɔlɔ̃ ƒe dzesi ene.
And while he was yet speaking, behold a multitude, and he that was called Judas, one of the twelve, went before them, and drew near to Jesus to kiss him.
48 Gake Yesu biae be, “Yuda, nu ka ta nèwɔ esia ɖo, nugbugbɔe natsɔ ade Amegbetɔ Vi la asia?”
But Jesus said to him, Judas, betrayest thou the Son of man with a kiss?
49 Esi nusrɔ̃la mamlɛawo kpɔ nu si be yeadzɔ la, wodo ɣli be, “Aƒetɔ, míwɔ avu kpli woa? Míetsɔ míaƒe yiawo ɖe asi!”
When they who were about him saw what would follow, they said to him, Lord, shall we smite with the sword?
50 Kasia, nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tsɔ eƒe yi kpa ɖusimeto na nunɔlagã ƒe subɔvi si nɔ ameawo dome.
And one of them smote the servant of the high priest, and cut off his right ear.
51 Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Migawɔ avu kpli wo o, miɖe asi le wo ŋu ko.” Ale wòka asi afi si subɔvia ƒe to la nɔ ŋu, eye toa gaɖo eteƒe abe tsã ene.
And Jesus answered and said, Permit ye even this. And he touched his ear, and healed him.
52 Yesu trɔ ɖe nunɔlagãwo, hamemegãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegã siwo nɔ ameha la ŋgɔ va la ŋu, eye wòbia wo be, “Adzodalae menye, eya ta mietsɔ kpowo kple yiwo va be yewoalém ɖo mahã?
Then Jesus said to the chief priests, and captains of the temple, and the elders, who had come to him, Are ye come out, as against a thief, with swords and staffs?
53 Nu ka ta mielém le gbedoxɔ la me o ɖo? Menɔa afi ma gbe sia gbe ɖe! Gake ɣeyiɣi siae nye ɣeyiɣi nyuitɔ na mi, ɣeyiɣi si me Satana ƒe ŋusẽ le dzi ɖum.”
When I was daily with you in the temple, ye stretched forth no hands against me: but this is your hour, and the power of darkness.
54 Ale wolée, eye wokplɔe yi nunɔlagã ƒe aƒe me, eye Petro nɔ eyome ʋĩi gbɔna.
Then they took him, and led him, and brought him into the high priest’s house. And Peter followed afar off.
55 Asrafowo do dzo ɖe xɔxɔnu le ƒuƒum, eye Petro va nɔ wo dome le afi ma.
And when they had kindled a fire in the midst of the courtyard, and were seated together, Peter sat down among them.
56 Dɔlanyɔnuvi aɖe si kpɔ Petro dze sii la gblɔ be, “Ame sia hã nɔ Yesu yome kpɔ.”
But a certain maid beheld him as he sat by the fire, and earnestly looked upon him, and said, This man was also with him.
57 Ke Petro gbe gblɔ be, “Nyɔnu, nyemenya amea ŋutɔ gɔ̃ hã o!”
And he denied him, saying, Woman, I know him not.
58 Le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, ame bubu hã kpɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Wò hã, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka tututue nènye!” Petro ɖo eŋu nɛ be, “Gbeɖe, amegã menye wo dometɔ ɖekae menye o.”
And after a little while another saw him, and said, Thou art also of them. And Peter said, Man, I am not.
59 Abe gaƒoƒo ɖeka megbe ene la, ame bubu hã va gblɔ kple kakaɖedzi be, “Menya be ame sia hã nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, elabena eya hã nye Galileatɔ abe Yesu ene.”
And about the space of one hour after another confidently affirmed, saying, Surely this man also was with him: for he is a Galilaean.
60 Ke Petro gado dzi gblɔ be, “Ŋutsu, nyemenya naneke kura tso nu si gblɔm nèle la ŋu o.” Eye esi wòɖe nu le nya siawo me ko la, koklo ku atɔ.
And Peter said, Man, I know not what thou sayest. And immediately, while he was yet speaking, the cock crowed.
61 Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro dũu. Kasia Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”
And the Lord turned, and looked upon Peter. And Peter remembered the word of the Lord, how he had said to him, Before the cock shall crow, thou wilt deny me three times.
62 Petro do go heyi ɖafa avi vevie.
And Peter went out, and wept bitterly.
63 Asrafo siwo le Yesu ŋu dzɔm la dze fewuɖuɖu le eŋu, eye wonɔ eƒom hã.
And the men that held Jesus mocked him, and smote him.
64 Wotsyɔ̃ nu mo nɛ, eye wobia tso esi be, “Gblɔ nya ɖi! Ame kae ƒo wò.”
And when they had blindfolded him, they struck him on the face, and asked him, saying, Prophesy, who is it that smote thee?
65 Hekpe ɖe esia ŋu la, wodzu dzu ƒomevi geɖewo nɛ.
And many other things blasphemously they spoke against him.
66 Le ŋufɔke ŋdi kanya la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, dumegãwo kple agbalẽfialawo va ɖi anyi, eye wokplɔ Yesu va woƒe ŋkumee.
And as soon as it was day, the elders of the people and the chief priests and the scribes came together, and led him into their council, saying,
67 Wogblɔ be, “Nenye wòe nye Kristo la, gblɔe na mí.” Yesu ɖo eŋu be, “Ne megblɔe na mi la, miaxɔ dzinye ase o,
Art thou the Christ? tell us. And he said to them, If I tell you, ye will not believe:
68 eye ne mebia nya aɖe mi hã, miele eŋu ɖo ge nam o.
And if I also ask you, ye will not answer me, nor let me go.
69 Gake ɣeyiɣi gbɔna esi woaɖo Nye Amegbetɔ Vi la fiazikpui dzi le Mawu ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime.”
After this shall the Son of man sit on the right hand of the power of God.
70 Ameawo katã do ɣli sesĩe be, “Ekema ɖe nèle gbɔgblɔm be Mawu Vie yenyea?” Yesu ɖo eŋu be, “Miawoe le egblɔm be Nyee.”
Then said they all, Art thou then the Son of God? And he said to them, Ye say that I am.
71 Ameawo gado ɣli sesĩe be, “Ɖe míegahiã ɖasefo bubuwo be woatso ame sia nua? Gbeɖe! Míawo ŋutɔ míesee tso eya ŋutɔ ƒe nu me!”
And they said, What need have we of any further testimony? for we ourselves have heard from his own mouth.

< Luka 22 >