< Luka 2 >

1 Le ɣeyiɣi siawo me la, Kaisaro Augusto, ame si nye fia le Roma dukɔa nu la de se be woaxlẽ ame siwo katã le fiaɖuƒe la me.
About that time an edict was issued by the Emperor Augustus that a census should be taken of the whole Empire.
2 (Esiae nye amexexlẽ gbãtɔ si va eme esi Kirenio nye mɔmefia le Siria le ɣe ma ɣi.)
(This was the first census taken while Quirinius was Governor of Syria).
3 Wodi tso ame sia ame si be wòayi eya ŋutɔ ƒe dedu me be woaŋlɔ eŋkɔ le afi ma.
And everyone went to his own town to be registered.
4 Esi wònye be Yosef tso fiaƒome me ta la, ele nɛ be wòayi Betlehem le Yudea, afi si nye Fia David ƒe dedu me. Le esia ta wòdze mɔ tso Nazaret si le Galilea la me.
Among others Joseph went up from the town of Nazareth in Galilee to Bethlehem, the town of David, in Judea – because he belonged to the family and house of David –
5 Ekplɔ Maria, ame si ŋugbe wodo nɛ ɖe asi hena ŋkɔŋɔŋlɔ; ke fu nɔ eƒo le ɣe ma ɣi me.
to be registered with Mary, his engaged wife, who was about to become a mother.
6 Esi woɖo Betlehem la, Maria ƒe ŋkeke de be wòadzi vi,
While they were there her time came,
7 ale wòdzi ŋutsuvi si nye via gbãtɔ. Exatsa ɖevi la ɖe abadzivɔ me, eye wòkɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me, elabena womekpɔ dzeƒe le amedzrodzeƒe si le kɔƒea me la o.
and she gave birth to her first child, a son. And because there was no room for them in the inn, she swathed him around and laid him in a manger.
8 Gbe ma gbe la, alẽkplɔla aɖewo nɔ gbedzi le kɔƒea gbɔ nɔ woƒe alẽwo ŋu dzɔm le zã me.
In that same countryside were shepherds out in the open fields, watching their flocks that night,
9 Kasia mawudɔla aɖe va do ɖe wo dome kpoyii, eye teƒe si wotsi tsitre ɖo la klẽ kple Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe, eye wovɔ̃ ŋutɔ,
when an angel of the Lord suddenly stood by them, and the glory of the Lord shone around them; and they were seized with fear.
10 gake mawudɔla la de dzi ƒo na wo gblɔ be, “Migavɔ̃ o! Dzidzɔnya gãtɔ kekeake si miese kpɔ o lae meva be magblɔ na mi kple ame bubuwo siaa!
“Have no fear,” the angel said. “For I bring you good news of a great joy in store for all the nation.
11 “Ɛ̃, le nyateƒe me la, wodzi ɖela si nye Kristo, Aƒetɔ la na mí egbea le David ƒe du la me.
This day there has been born to you, in the town of David, a Savior, who is Christ and Lord.
12 Ale esia anye dzesi na mi be miakpɔ ɖevi aɖe si woxatsa abadzivɔ ɖe eŋu, eye wotsɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me.”
And this will be the sign for you. You will find the infant swathed, and lying in a manger.”
13 Kasia dziƒoʋakɔ gã aɖewo va kpe ɖe mawudɔla ɖeka ma ŋu, eye wonɔ Mawu kafum le gbɔgblɔm be,
Then suddenly there appeared with the angel a multitude of the heavenly Host, praising God, and singing –
14 “Woakafu Mawu si le dziƒo ʋĩi, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; anɔ anyi kple ame siwo katã wɔa eƒe lɔlɔ̃nu.”
“glory to God on high, and on earth peace among those in whom he finds pleasure.”
15 Esi mawudɔlawo dzo le wo gbɔ yi dziƒo la, alẽkplɔlawo gblɔ na wo nɔewo be, “Mina míayi Betlehem aɖakpɔ nukunu gã si dzɔ, si Aƒetɔ la na míenya la ɖa.”
Now, when the angels had left them and gone back to heaven, the shepherds said to one another, “Let us go at once to Bethlehem, and see this thing that has happened, of which the Lord has told us.”
16 Alẽkplɔlawo ɖe abla yi kɔƒea me eye woyi afi si Yosef kple Maria nɔ. Wokpɔ vidzĩ la hã, wokɔe mlɔ lãwo ƒe nuɖunu me vavã.
So they went quickly, and found Mary and Joseph, and the infant lying in a manger;
17 Esi Alẽkplɔlawo kpɔe la, wogblɔ nu siwo katã dzɔ la kple nya siwo katã mawudɔla la gblɔ na wo le ɖevi la ŋu la na ame sia ame.
and, when they saw it, they told of all that had been said to them about this child.
18 Woƒe nya la wɔ nuku na ame siwo katã see la ŋutɔ.
All who heard the shepherds were astonished at their story,
19 Ke Maria ya ɣla nya siawo katã ɖe eƒe dzi me, eye wòbua wo ŋu zi geɖe.
while Mary treasured in her heart all that they said, and thought about it often.
20 Ale alẽkplɔlawo gatrɔ yi woƒe alẽwo gbɔ le gbea dzi, eye wokafu Mawu, be mawudɔlawo va kpɔ yewo ɖa, eye gawu la, wokpɔ vidzĩ la, abe ale si wògblɔ na wo la ene.
And the shepherds went back, giving glory and praise to God for all that they had heard and seen. It had all happened as they had been told.
21 Esi vidzĩ la xɔ ŋkeke enyi la, wowɔ aʋatsotsokɔnu nɛ, eye wona ŋkɔe be Yesu. Esia nye ŋkɔ si mawudɔla la gblɔ da ɖi be woatsɔ nɛ hafi wofɔ eƒe fu gɔ̃ hã.
Eight days after the birth of the child, when it was time to circumcise him, he received the name Jesus – the name given him by the angel before his conception.
22 Ke esi wowu ŋutikɔklɔŋkekeawo nu le Mose ƒe seawo nu la, Yosef kple Maria kɔ vidzĩ la yi gbedoxɔ me le Yerusalem be woakɔe aɖo Mawu ƒe ŋkume
When the period of purification of mother and child, required by the Law of Moses, came to an end, his parents took the child up to Jerusalem to present him to the Lord,
23 (elabena woŋlɔe ɖe Aƒetɔ la ƒe seawo me be, “Nenye be ame aɖe ƒe vi gbãtɔ nye ŋutsuvi la, ele be wòatsɔe ade asi na Aƒetɔ la”).
in compliance with the Law of the Lord that every firstborn male will be dedicated to the Lord,
24 Yesu dzilawo na nunana si wòle be woana abe ale si Mawu ƒe se la gblɔ ene be, ele be woana akpakpa eve alo ahɔnɛ sue eve.
and also to offer the sacrifice required by the Law of the Lord – a pair of turtle-doves or two young pigeons.
25 Ke ŋutsu aɖe le Yerusalem si ŋkɔe nye Simeon la hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Ame sia nye ame ɖɔʋu aɖe si vɔ̃a Mawu ŋutɔ, enɔ Israel ƒe akɔfafa lalam eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe le eya amea dzi.
There was at that time in Jerusalem a man named Simeon, a righteous and devout man, who lived in constant expectation of Israel’s consulation, and under the guidance of the Holy Spirit.
26 Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖee fiae be maku akpɔ o, va se ɖe esime wòkpɔ Aƒetɔ la ƒe Kristo.
It had been revealed to him by the Holy Spirit that he should not die until he had seen the Lord’s Christ.
27 Gbɔgbɔ la zi edzi be wòayi gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Esi Maria kple Yosef wova be yewoatsɔ Yesu, ɖevi la aɖo Mawu ŋkume le se la ƒe kɔa nu la,
Moved by the Spirit, Simeon came into the Temple Courts, and, when the parents brought in the child Jesus, to do for him what was customary under the Law,
28 Simeon nɔ afi ma xoxo, eye wòxɔ ɖevi la ɖe eƒe abɔwo me henɔ Mawu kafum gblɔ be,
Simeon himself took the child in his arms, and blessed God, and said:
29 “Aƒetɔ Ŋusẽkatãtɔ, azɔ àte ŋu ado mɔ wò dɔla le ŋutifafa me, elabena mekpɔe abe ale si nèdo ŋugbee nam la ene.
“Now, Lord, you will let your servant go, according to your word, in peace,
30 Elabena nye ŋkuwo kpɔ wò ɖeɖe,
for my eyes have seen the salvation
31 si nèdzra ɖo le dukɔwo katã ƒe ŋkume.
which you have prepared in the sight of all nations –
32 Eyae nye kekeli kple nyaɖeɖefia na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wòanye ŋutikɔkɔe na Israel wò dukɔ hã!”
a light to bring light to the Gentiles, and to be the glory of your people Israel.”
33 Maria kple Yosef ƒe nu ku, eye woƒe mo wɔ yaa le nya siwo katã gblɔm Simeon nɔ le Yesu ŋu ta.
While the child’s father and mother were wondering at what was said about him,
34 Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Maria be, “Woɖo ɖevi sia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple dodoɖedzi le Israel, eye abe dzesi si ŋu woagblɔ nya ɖo ene,
Simeon gave them his blessing, and said to Mary, the child’s mother, “This child is appointed to be the cause of the fall and rise of many in Israel, and to be a sign much spoken against –
35 ale be ame geɖewo aɖe woƒe susuwo ɖe go afia, ke wò la, yi aƒo ɖe wò luʋɔ le eta.”
Yes, the sword will pierce your own heart – and so the thoughts in many minds will be disclosed.”
36 Nyɔnu nyagblɔɖila aɖe si woyɔna be Ana hã nɔ gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Enye Fanuel si tso Yuda ƒe ƒome si woyɔna be Aser me la ƒe vi. Exɔ ƒe geɖe ŋutɔ, eye wònɔ anyi kple srɔ̃a ƒe adre tso eƒe ɖetugbime,
There was also a prophet named Hannah, a daughter of Phanuel and of the tribe of Asher. She was far advanced in years, having lived with her husband for seven years after marriage,
37 eye wònye ahosi si xɔ ƒe blaenyi-vɔ-ene sɔŋ. Nyɔnu sia medzona le gbedoxɔ la me gbeɖe o. Enɔa afi sia zã kple keli nɔa Mawu subɔm henɔa gbedodoɖa kple nutsitsidɔ dzi atraɖii.
and then a widow, until she had reached the age of eighty-four. She never left the Temple Courts, but, fasting and praying, worshiped God night and day.
38 Nyɔnu sia zɔ va do ɖe Maria kple Yosef gbɔ esime Simeon nɔ nu ƒom na wo, eye wode asi akpedada me na Mawu. Azɔ eyi ɖaɖe gbeƒã Kristo la na ame siwo katã nɔ mɔ kpɔm na Yerusalem ƒe ɖeɖe la.
At that moment she came up, and began publicly to thank God and to speak about the child to all who were looking for the deliverance of Jerusalem.
39 Esi Yosef kple Maria wu nu siwo katã wòle be woawɔ le Yerusalem abe ale si Mawu ƒe se la bia tso wo si ene nu la, wotrɔ va aƒe le Nazaret si le Galilea.
When the child’s parents had done everything required by the Law of the Lord, they returned to Galilee to their own town of Nazareth.
40 Ɖevi la tsi le afi sia le nunya, ŋusẽ kple sidzedze me. Ame sia ame nya be eƒe nunya kɔ sãa, eye Mawu kɔ eƒe yayra ɖe edzi fũu.
The child grew and became strong and wise, and the blessing of God was on him.
41 Yesu dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu.
Every year the child’s parents used to go to Jerusalem at the Passover Festival.
42 Esi Yesu xɔ ƒe wuieve la, woyi ŋkeke la ɖuƒe le kɔnyinyi la nu.
When Jesus was twelve years old, they went according to custom to Jerusalem,
43 Esi azã la wu enu la, edzilawo dze mɔ trɔ yina Nazaret, gake Yesu ɖevi la tsi Yerusalem. Edzilawo zɔ mɔ ŋkeke ɖeka, gake womedii o,
and had finished their visit; but, when they started to return, the boy Jesus remained behind in Jerusalem, without their knowing it.
44 elabena wobu be eya kple woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ bubuwo do megbe. Ke esi fiẽ ɖo, eye womekpɔe o la, wode asi edidi me le woƒe ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo dome.
Thinking that he was with their fellow travelers, they went one day’s journey before searching for him among their relatives and acquaintances;
45 Wodii ʋuu, gake womekpɔe o, ale wotrɔ yi Yerusalem be yewoadii le afi ma.
and then, as they did not find him, they returned to Jerusalem, searching everywhere for him.
46 Wodii le afi ma ŋkeke etɔ̃ hafi va ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me le sefialagãwo dome wònɔ biabia sesẽwo me dzrom kpli wo.
It was not until the third day that they found him in the Temple Courts, sitting among the teachers, now listening to them, now asking them questions.
47 Amewo katã ƒe nu ku le eƒe nunya kple nugɔmesese ta.
All who listened to him marveled at his intelligence and his answers.
48 Edzilawo menya nu si woagblɔ esi wokpɔe o. Mlɔeba la, dadaa gblɔ nɛ be, “Vinye, nu ka ta nèwɔ nu sia ƒomevi ɖe mía ŋu ɖo? Mí kple fofowò míetsi dzodzodzoe nɔ diwòm le afi sia afi.”
His parents were amazed when they saw him, and his mother said to him, “My child, why have you treated us like this? Your father and I have been searching for you in great distress.”
49 Yesu, ɖevi la ɖo eŋu be, “Nu ka ta wòle be miadim ɖo? Mienya be ele be manɔ Gbedoxɔ la me, afi si nye Fofonye ƒe aƒe me oa?”
“What made you search for me?” he answered. “Didn’t you know that I must be in my Father’s house?”
50 Edzilawo mese nya si wògblɔ na wo la gɔme o.
His parents did not understand what he meant.
51 Ale Yesu trɔ yi Nazaret kpli wo, eye wònaa bubu edzilawo nyuie ŋutɔ. Ke dadaa tsɔ nya siawo katã ɣla ɖe eƒe dzi me.
However he went down with them to Nazareth, and submitted himself to their control; and his mother treasured all that was said in her heart.
52 Yesu tsi ɖe edzi le nunya kple tsitsi kple amenuveve le Mawu kple amewo gbɔ me.
And Jesus grew in wisdom as he grew in years, and gained the blessing of God and people.

< Luka 2 >