< Luka 11 >

1 Gbe ɖeka Yesu nɔ gbe dom ɖa le teƒe aɖe. Esi wòwu nu la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka te ɖe eŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí abe ale si Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.”
It happened he was praying in a certain place, and when he stopped, one of his disciples said to him, "Master, teach us how to pray, just as Johntaught his disciples."
2 Yesu gblɔ na wo be, “Ale miado gbe ɖae nye esi: “‘Fofo, woade bubu wò ŋkɔ ŋuti, wò fiaɖuƒe neva.
So he said to them. "When you pray, say, "Father, hallowed be thy name; May thy kingdom come,
3 Na nuɖuɖu mí gbe sia gbe,
"Give us day by day our bread for the coming day;
4 tsɔ mìaƒe nu vɔ̃wo ke mí le, esi míetsɔ ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la tɔwo ke wo ta, eye mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o.’”
"Forgive us our sins; for we also forgive everyone who has offended us; "And bring us not into temptation."
5 Yesu yi edzi gagblɔ na wo be, “Mitsɔe be, xɔ̃ aɖe le mia dometɔ ɖeka si, eye woyi xɔ̃a gbɔ zãtitina hegblɔ nɛ be, ‘Xɔ̃nye do abolo etɔ̃ nam,
He also said to them. "Suppose you have a friend and you go to him, ‘My friend, lend me three loaves of bread,
6 elabena xɔ̃nye aɖe si le mɔ zɔm la va dzem, eye naneke meli matsɔ nɛ wòaɖu o.’
"for a friend of mine is come to me from a journey, and I have nothing to set before him.’
7 “Mitsɔe be ame si le xɔ me la ɖo eŋu be, ‘Mègaɖe fu nam o. Míedo ʋɔa xoxo, eye nye kple vinyewo míemlɔ anyi. Nyemate ŋu afɔ ava na naneke wò o.’
"and he from indoors shall answer. ‘Do not pester me. The door is now closed, and my children are with me in bed. I cannot rise and give to you.’
8 “Mele egblɔm na mi be nenye be xɔ̃wòa mefɔ ʋu ʋɔa o, togbɔ be xɔ̃wò wònye hã la, ne èƒo ʋɔa atraɖii la, afɔ ava tsɔ nu sia nu si dim nèle la na wò, elabena èku kutri bia nu si dim nèle la atraɖii.
"I tell you that, though he will not rise and give to him because he is his friend, yet because of his importunate persistence he will rise and give him whatever he needs.
9 Alea tututue wònɔna le gbedodoɖa hã me. Mibia nu, eye woana mi; midi nu, eye miakpɔe; miƒo ʋɔa, eye woaʋui na mi.
"So I say to you. "Ask, and it shall be given to you; seek, and ye shall find; knock and it shall be opened to you.
10 Ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi.
"For he that asks receives, and he who seeks finds, and to him who knocks the door shall be opened.
11 “Mi ame siwo nye vi fofowo ɖe, nenye be viwò bia tɔmelã ɖe, dalãe nàtsɔ nɛa?
"What father is there among you who, if his son asks for a loaf, will give him a stone? Or if he asks for a fish will give him instead a serpent?
12 Alo ne ebia koklozi ɖe, ahɔ̃e nàtsɔ nɛa? Gbeɖe miewɔa esia o!
"Or if he asks for an egg, will offer him a scorpion?
13 “Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu nyui mia viwo la, ɖe mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔ me, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?”
"If you give good gifts to your children, how much more shall the Father who is in heaven give the Holy spirit to those that ask him!"
14 Gbe ɖeka Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ do goe le tokunɔ aɖe me, eye amea de asi nuƒoƒo me enumake. Ame siwo nɔ afi ma la kpɔ dzidzɔ hetso aseye le nukunu sia ta.
Once he was casting out a dumb demon, and when the demon was gone out, the dumb man spoke, and the people wondered.
15 Gake ame aɖewo nɔ ameawo dome siwo gblɔ be, “Mewɔ nuku be ame sia le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me o, elabena exɔ ŋusẽ tso Belzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la gbɔ!”
But some of them said, "It is by Beelzebub, the prince of demons, that he cast out demons."
16 Ame bubuwo di tso esi be wòana dzesi aɖewo nadze le yame si afia be eƒe ŋusẽ tso Mawu gbɔ vavã.
Others, tempting him, kept seeking from him a sign from heaven.
17 Yesu dze si nu si nɔ ame siawo katã ƒe susu me, eya ta egblɔ be, “Ne dukɔ aɖe me tɔwo ma ɖe wo nɔewo ŋu hele aʋa wɔm la, dukɔa agbã, nenema ke nenye be aƒe aɖe me yɔ fũu kple dzre la, mate ŋu anɔ te o.”
He knew their intentions and said to them. "Every kingdom divided against itself is laid waste and house falls upon house.
18 Nenye be enye nyateƒe abe ale si miegblɔe be Belzebul ye le dɔ wɔm le menye be manya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa la, aleke Satana ƒe fiaɖuƒe anɔ tee, nenye be ema ɖe eya ŋutɔ ŋuti?
"And if Satan also is divided against himself, how shall his kingdom stand?
19 Eye nenye be miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Belzebul ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ ka miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi.
"Do you say that I am casting out demons by the power of Beelzebub? If I then am casting out demons by Beelzebub, by whom are your sons casting them out? They therefore shall be your judges.
20 Azɔ ne mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Mawu ƒe ŋusẽ la, ekema efia be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome.
"But if it is by the finger of God that I am casting out demons, then the kingdom of God is come upon you.
21 Nenye be ŋusẽtɔ aɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo, eye wòle eƒe fiasã ŋu dzɔm la, eƒe nuwo anɔ dedie.
"When the strong man fully aroused keeps guard over his homestead, his property is undisturbed;
22 Gake ne ame si sẽ ŋu wui va dze edzi, eye woxɔ ŋusẽ le esi la, axɔ eƒe aʋawɔnu siwo ŋu wòle ŋu ɖom ɖo la le esi, eye wòama eƒe nunɔamesiwo.
"but when the stronger man attacks him, he takes away from the strong armor in which he was trusting and divides up the spoil.
23 “Ame si mele dzinye o la, etsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la eyae kanɛ hlẽna.”
"He who is not for me is against me, and he who is not gathering with me is scattering.
24 “Ne gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe do go le ame aɖe me la, eyia gbedzi, afi si wòtsana le ɣeyiɣi aɖe sinu nɔa sitsoƒe dim, ke ne mekpɔ ɖeke o la, etrɔna yina ɖe ame si me wòdo go le la me.
"Whenever a foul spirit is gone out of a man, it roams through waterless places, in search of rest; but when it can find none, it says, ‘I will go back to the house which I have left.’
25 Ne wòkpɔ be wokplɔ yeƒe nɔƒe xoxo la wòle dzadzɛe, eye nu sia nu le ɖoɖo nu.
When it comes and finds the house completely swept and garnished.
26 Eyina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã.”
"Then it goes off and fetches seven other spirits more wicked than itself, and they go in and live there. And the last state of that man is worse than the first."
27 Esi Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, nyɔnu aɖe si nɔ ameawo dome la do ɣli be, “Mawu neyra dawò, ƒodo si me nèmlɔ kple no si nèno.”
It happened while he was saying this, that a certain woman out of the crowd shouted to him, saying, "Blessed is the womb that bore you, and the breast that you have sucked."
28 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Enyo, gake woayra ame siwo sea mawunya la, eye wowɔa edzi pɛpɛpɛ.”
"No, rather," he answered, "blessed are those who listen to the word of God, and keep it."
29 Esi amehawo le ƒu ƒom ɖe edzi la, Yesu gblɔ be, “Esia nye dzidzime vɔ̃ɖi si le dzesi dim, gake womana dzesi aɖeke tsɔ wu Yona ƒe dzesi o.
When the crowd were beginning to throng about him he proceeded to say. "This is an evil generation! It seeks a sign, and there shall be no sign be given to it except the sign of Jonah;
30 Elabena ale si Yona nye dzesi na Ninivetɔwoe la, nenema ke Amegbetɔ Vi la anye dzesi na dzidzime siae.
"for as Jonah became a sign to the Ninevites, so shall the Son of man be to this generation.
31 Le ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi la, Nyɔnufia si tso Seba la atsi tsitre afia asi dzidzime sia, eye wòabu fɔ wo, elabena ezɔ mɔ tso anyigba ƒe seƒe ke va be yease Solomo ƒe nufiamenyawo, ke azɔ ame aɖe si kɔ wu Solomo la le mia dome.
"The queen of the South shall rise up in Judgement with the men of this generation, and shall condemn them; because she came from the ends of the earth to listen to the wisdom of Solomon, and lo, one greater than Solomon is here!
32 Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã atsi tsitre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me ɖe dzidzime sia ŋu, eye woabu fɔe, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o.”
"The men of the Nineveh shall stand up in the judgment with his generation and shall condemn it, for they repented at the preaching of Jonah, and lo! one greater than Jonah is here!
33 “Ame aɖeke mesia akaɖi tsɔnɛ ɣlana ɖe nu te o, ke boŋ etsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi be wòaklẽ na ame siwo katã le xɔa me.
"When one lights a lamp he does not put it in a cellar nor under the bushel, but on a lamp-stand that those who enter may see the light.
34 Wò ŋkue nye akaɖi na wò ŋutilã. Ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ame blibo la àyɔ fũu kple kekeli. Ke ne ŋku vɔ̃ɖi le asiwò la, màte ŋu akpɔ kekeli la o, elabena àtsi viviti me.
"The lamp of the body is your eye; when your eye is single then your whole body is full of light; but when it is evil your whole body is full of darkness.
35 Eya ta kpɔ nyuie be kekeli si le mewò la naganye viviti o.
"Look carefully! Perhaps that very light of yours is darkness.
36 Nenye be èkɔ le ɖokuiwò me, eye viviti aɖeke mele mewò o la, ekema wò gotagome hã aklẽ abe akaɖi keklẽ gã aɖee wosi ɖe mewò ene.”
"If, however, your whole body is full of light, without having any part dark, it will be wholly radiant with light, as when the lamp illumines you with its bright rays."
37 Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Farisitɔ aɖe kpee be wòava ɖu nu le ye gbɔ, ale wòyi ɖe egbɔ henɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu.
When he had finished speaking a Pharisee asked him to dine with him; so he went in with him and reclined.
38 Ke esi Farisitɔ la kpɔ be Yesu meklɔ ŋui gbã hafi be yeaɖu nu o la, eƒe mo wɔ yaa.
And the Pharisee noticed, to his amazement, that he did not wash his hands before eating,
39 Aƒetɔ la gblɔ nɛ be, “Mi Farisitɔwo la, mieɖoa ŋu ɖo tsɔa dzigbɔɖi klɔa kplu kple agbawo ŋuti, gake miaƒe agbe me yɔ fũu kple ɖiƒoƒo, ŋubiabiã kple tamesesẽ.
but the Lord said to him. "You Pharisee do cleanse the outside of your cup or plate, but your secret heart is full of extortion and wickedness.
40 Mi movitɔwo! Menye Mawue wɔ nu sia nu godo kple eme oa?
"Foolish men! Did not He who made the outside make the inside also?
41 Eya ta miklɔ nuawo me to dɔmenyowɔwɔ na ame dahewo me, eye mia ŋuti katã hã akɔ.
"Better cleanse what is within, and nothing will be unclean for you.
42 “Ke babaa na mi Farisitɔwo! Togbɔ be mieɖoa ŋku edzi tsɔa ahamɛ kple ƒãglo kpakple ama bubu ƒomeviwo katã ƒe ewolia naa Mawu hã la, miedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o, eye mieŋlɔna be be Mawu ƒe lɔlɔ̃ li gɔ̃ hã. Enyo be miatsɔ miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia aɖo Mawu ŋkume, gake mele be miaŋlɔ nu vevi siawo be o.
"But woe unto you Pharisee! for you tithe mint and rue and every herb, and disregard justice and the love of God; but these you ought to have done, and not leave the other undone.
43 “Baba na mi Farisitɔwo! Elabena mielɔ̃a bubuteƒenɔnɔ le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miedina be amewo nado gbe na yewo kple bubu tɔxɛ nenye be miezɔ to ablɔ dzi va yina.
"Woe unto you Pharisee! for you delight in the best seats in the synagogue, and in the salutation in the market-places.
44 “Babaa na mi. Ɖeko miele abe yɔdo siwo dzi gbe vu tsyɔ̃ ene. Amewo va toa mia dzi, eye womenyaa nu dziŋɔ si dzi zɔm wole o.”
"Woe unto you! for you are like the tombs which are hidden, and men walk over them unsuspecting."
45 Sefialawo dometɔ ɖeka si hã nɔ ameawo dome la yɔe, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, le nya si nègblɔ fifi laa me la, èdo vlo miawo hã.”
Hereupon one of the lawyers exclaimed, "But teacher, in saying such things you are also reproaching us also."
46 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Babaa na mi sefialawo hã. Elabena mietsɔa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la ɖoa amewo dzi, eye miawo ŋutɔ mietsɔa miaƒe asibidɛ ɖeka kaa agbawo ŋu o.
"Woe unto you lawyers also!" said Jesus, "for you load men with irksome burdens, and you yourselves will not touch the burdens with one of your fingers.
47 “Babaa na mi! Elabena ɖeko miele abe mia tɔgbui siwo wu nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã va yi la ene.
"Woe to you! for you are building the tombs of the prophets whom you ancestors killed.
48 Mieɖi ɖase, eye mieda asi ɖe nu si mia fofowo wɔ la dzi be enyo. Wowu nyagblɔɖilawo, eye miawo hã mieɖɔa woƒe yɔdowo ɖo.
"So you are witnesses, and you consent to the actions of your ancestors. for they killed them, and you build their tombs.
49 Nu si Mawu gblɔ tso mia ŋu lae nye be, ‘Maɖo nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe mi. Ke miawu ɖewo, eye mianya ɖewo de gbe.’
"For this reason also said the Wisdom of God. ‘I will send them prophets and apostles; some of them they will kill and some they will persecute;
50 Woatsɔ nya ɖe mi dzidzime sia ŋu ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe ʋukɔkɔɖi tso keke xexe sia me ƒe gɔmedzedze ke ta.
"so that the blood of all the prophets which was shed from the foundation of the world may be required from this generation,
51 Le nyateƒe me, woabu fɔ mi tso Abel ƒe ʋu dzi va se ɖe Zekaria, ame si wowu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome la dzi. Le nyateƒe me la, woatsɔ fɔbubu sia ada ɖe dzidzime sia dzi.
"from the blood of Abel to the blood of Zachariah, who perished between the alter and the sanctuary; yes; I tell you, it shall be required of this generation!
52 “Baba na mi senyalawo, elabena mietsɔ nunya la ƒe safui dzoe. Esi miawo ŋutɔ miegbe nu le egbɔ ta la, miexea mɔ na ame bubuwo bena womakpɔ mɔ axɔ nyateƒe la dzi ase o.”
"Woe to you lawyers, for you have taken away the key of knowledge!’ You yourselves have not entered, and you have hindered those who are trying to enter."
53 Esi wòdo go tso afi ma la, Farisitɔwo kple agbalẽfialawo tsi tsitre ɖe eŋu vevie, eye wole biabia vovovowo biam
After he had gone away, the Scribes and the Pharisee began to set themselves vehemently against him, and to cross-question him upon many points,
54 be woalée le eƒe nuƒoƒo me.
laying in wait for him, in order to catch a word from his lips.

< Luka 11 >