< Luka 10 >

1 Azɔ Aƒetɔ Yesu tia nusrɔ̃la bubu blaadre-vɔ-eve, eye wòdɔ wo eveve ɖo ɖe du kple kɔƒe siwo me eya ŋutɔ ɖo be yeava yi emegbe la me.
After these things the LORD appointed other seventy also, and sent them two and two before his face into every city and place, where he himself would come.
2 Egblɔ na wo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o, eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ be wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.
Therefore said he to them, The harvest truly is great, but the laborers are few: pray you therefore the Lord of the harvest, that he would send forth laborers into his harvest.
3 Azɔ miheyi, eye miɖo ŋku edzi be miele abe alẽvi siwo wodɔ ɖo ɖe amegaxiwo dome ene.
Go your ways: behold, I send you forth as lambs among wolves.
4 Migatsɔ ga aɖeke ɖe asi o, migatsɔ mɔzɔkotoku loo alo afɔkpa dodo bubu o. Migagblẽ ɣeyiɣi le mɔ dzi anɔ gbe dom na amewo o!
Carry neither purse, nor money, nor shoes: and salute no man by the way.
5 “Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, gbã, migblɔ be, ‘Ŋutifafa na aƒe sia.’
And into whatever house you enter, first say, Peace be to this house.
6 Ne ŋutifafame aɖe le afi ma la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi; ke ne menye nenem o la, agbugbɔ ava mia dzi.
And if the son of peace be there, your peace shall rest on it: if not, it shall turn to you again.
7 “Nenye be mieɖo kɔƒe aɖe me la, miganɔ tsatsam tso aƒe me yi aƒe me o, midze aƒe ɖeka ko me, eye miaɖu nu alo ano nu sia nu si wotsɔ ɖo mia kɔme la numaƒomaƒoe. Nenye be wona nane mi la, migagbe exɔxɔ o, elabena dɔwɔla ɖe sia ɖe dze na eƒe fetu.
And in the same house remain, eating and drinking such things as they give: for the laborer is worthy of his hire. Go not from house to house.
8 “Nenye be miege ɖe du aɖe me eye dua me tɔwo xɔ mi nyuie la, ekema miɖu nu sia nu si wotsɔ ɖo miaƒe akɔme.
And into whatever city you enter, and they receive you, eat such things as are set before you:
9 Mida gbe le dɔnɔ siwo le afi ma la ŋu, eye miɖe gbeƒã na wo be, ‘Mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome vɔ azɔ.’
And heal the sick that are therein, and say to them, The kingdom of God is come near to you.
10 “Ne womexɔ mi le du aɖe me o la, mige ɖe dua ƒe ablɔwo dzi ne miagblɔ be,
But into whatever city you enter, and they receive you not, go your ways out into the streets of the same, and say,
11 ‘Míeʋuʋu miaƒe du ƒe ke si lé ɖe afɔwo ŋuti na mí ɖi abe ɖaseɖiɖi ene. Ke minya nyuie be: mawufiaɖuƒe la gogo.’
Even the very dust of your city, which sticks on us, we do wipe off against you: notwithstanding be you sure of this, that the kingdom of God is come near to you.
12 Mele gbe tem ɖe edzi na mi be nuwo anɔ bɔbɔe na Sodom wu du sia le Ʋɔnudrɔ̃gbe la.
But I say to you, that it shall be more tolerable in that day for Sodom, than for that city.
13 “Baba na wò Korazin! Baba na wò Betsaida! Elabena ne Tiro kple Sidon duwo mee mewɔ nukunu siwo mewɔ le mia dome le la, anye ne ameawo trɔ dzime xoxoxo, ata akpanya anɔ anyi ɖe afi me.
Woe to you, Chorazin! woe to you, Bethsaida! for if the mighty works had been done in Tyre and Sidon, which have been done in you, they had a great while ago repented, sitting in sackcloth and ashes.
14 Le nyateƒe me la, tohehe si woana Tiro kple Sidon la anɔ wodzoe wu esi woana mi le ʋɔnudrɔ̃gbe la.
But it shall be more tolerable for Tyre and Sidon at the judgment, than for you.
15 Mi Kapernaumtɔwo, ɖe woade bubu mia ŋuti le dziƒoa? Gbeɖe, woaɖo mi ɖe dzomavɔʋe la me.” (Hadēs g86)
And you, Capernaum, which are exalted to heaven, shall be thrust down to hell. (Hadēs g86)
16 Egblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ame siwo ɖo to mi la, nyee woɖo toe, eye ame siwo gbe mi la, nyee wogbe eye ame siwo gbem la gbe Mawu ame si dɔm ɖa la.”
He that hears you hears me; and he that despises you despises me; and he that despises me despises him that sent me.
17 Esi nusrɔ̃la blaadre-vɔ-eveawo trɔ gbɔ la, wogblɔ nɛ dzidzɔtɔe be, “Aƒetɔ, ne míeyɔ wò ŋkɔ ko la, gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã ɖoa to mí.”
And the seventy returned again with joy, saying, Lord, even the devils are subject to us through your name.
18 Yesu ɖo eŋu be, “Nyateƒee, nye ŋutɔ mekpɔ Satana wòge tso dziƒo abe dzikedzo ene!
And he said to them, I beheld Satan as lightning fall from heaven.
19 Mena ŋusẽ mi be miaɖu Futɔ la ƒe ŋusẽwo katã dzi, eye be miazɔ le dawo kple ahɔ̃wo me anye avuzi le wo dzi. Ke nu vevi aɖeke mawɔ mi o.
Behold, I give to you power to tread on serpents and scorpions, and over all the power of the enemy: and nothing shall by any means hurt you.
20 Gake migakpɔ dzidzɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo to mi o. Ke boŋ midzɔ dzi be woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe dziƒonɔlawo dome.”
Notwithstanding in this rejoice not, that the spirits are subject to you; but rather rejoice, because your names are written in heaven.
21 Gbɔgbɔ Kɔkɔe yɔ eƒe dzi me fũu kple dzidzɔ blibo, eye wògblɔ be, “Mekafu wò, O Fofo, dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖa tso xexe sia me nunyala gãwo gbɔ, eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene. Nyateƒe, Fofo, akpe na wò, elabena aleae nèdi be wòanɔ.
In that hour Jesus rejoiced in spirit, and said, I thank you, O Father, Lord of heaven and earth, that you have hid these things from the wise and prudent, and have revealed them to babes: even so, Father; for so it seemed good in your sight.
22 Fofonye tsɔ nuwo katã de asi nam, eye ame aɖeke menya Vi la o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke hã menya Fofo la o, negbe Vi la kple ame siwo wòlɔ̃ ɖe eɖokui fia la ko.”
All things are delivered to me of my Father: and no man knows who the Son is, but the Father; and who the Father is, but the Son, and he to whom the Son will reveal him.
23 Azɔ etrɔ ɖe nusrɔ̃la wuieveawo ŋu, eye wògblɔ na wo dzaa be, “Woayra ŋku siwo le nu siwo kpɔm miele la kpɔm.
And he turned him to his disciples, and said privately, Blessed are the eyes which see the things that you see:
24 Nyagblɔɖilawo kple fia siwo nɔ anyi tsã la di vevie be yewoanɔ anyi le ŋkeke siawo me, eye yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele, eye yewoase nya siwo sem miele, gake womete ŋui o!”
For I tell you, that many prophets and kings have desired to see those things which you see, and have not seen them; and to hear those things which you hear, and have not heard them.
25 Gbe ɖeka sefiala aɖe si nya Mose ƒe seawo nyuie ŋutɔ la va be yeado Yesu ƒe nyateƒetɔnyenye kpɔ. Ebiae be, “Nufiala, nu kae mawɔ be manyi agbe mavɔ dome mahã?” (aiōnios g166)
And, behold, a certain lawyer stood up, and tempted him, saying, Master, what shall I do to inherit eternal life? (aiōnios g166)
26 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Aleke Mose ƒe sea gblɔ tso nu sia ŋuti?”
He said to him, What is written in the law? how read you?
27 Eɖo eŋu be, “Mose ƒe se la gblɔ be, ‘Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi kple luʋɔ blibo la kple wò susu kple wò ŋusẽ katã hã, eye nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’”
And he answering said, You shall love the Lord your God with all your heart, and with all your soul, and with all your strength, and with all your mind; and your neighbor as yourself.
28 Yesu gblɔ nɛ be, “Èɖo eŋu nyuie ŋutɔ, heyi, eye nàwɔ esiawo katã, ekema agbe mavɔ la asu asiwò!”
And he said to him, You have answered right: this do, and you shall live.
29 Ŋutsu sia di be yeatso afia na ye ɖokui, elabena eya ŋutɔ melɔ̃a ame sia ame o, eya ta wòbia Yesu be, “Ame kae nye hanyevi?”
But he, willing to justify himself, said to Jesus, And who is my neighbor?
30 Yesu ɖo biabia sia ŋu nɛ kple lododo sia be, “Ŋutsu aɖe si nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina ɖe Yeriko la va ge ɖe adzodalawo si me. Adzodalawo vuvu awu le eŋu, ƒoe vevie, eye wògblẽe ɖe mɔa to wòku afã kple afã.
And Jesus answering said, A certain man went down from Jerusalem to Jericho, and fell among thieves, which stripped him of his raiment, and wounded him, and departed, leaving him half dead.
31 Dzɔgbenyuitɔe la, Yudatɔwo ƒe nunɔla aɖe va to afi ma yina, esi wòkpɔ amea le mɔa to la, edze to eŋu yi ɖato mɔa ƒe akpa evelia, eye wòdzo le egbɔ.
And by chance there came down a certain priest that way: and when he saw him, he passed by on the other side.
32 Levitɔ aɖe si nye ame siwo naa kpekpeɖeŋu le gbedoxɔ me la dometɔ aɖe hã va kpɔ amea wòmlɔ mɔa to, gake eya hã tso eme dzo.
And likewise a Levite, when he was at the place, came and looked on him, and passed by on the other side.
33 Gake Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o hã va yina, eye esi wòkpɔ amea la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ.
But a certain Samaritan, as he journeyed, came where he was: and when he saw him, he had compassion on him,
34 Etɔ, dze klo ɖe egbɔ, eye wòklɔ eƒe abiawo hetsɔ ami kple wain ɖo wo me hebla abiawo. Emegbe ekɔe da ɖe eƒe tedzi dzi, eye wòkplɔe ɖɔɖɔɖɔ va ɖo amedzrodzeƒe aɖe, eye wònɔ egbɔ zã bliboa.
And went to him, and bound up his wounds, pouring in oil and wine, and set him on his own beast, and brought him to an inn, and took care of him.
35 Esi ŋu ke la, Samariatɔ la tsɔ ga home si hiã la na amedzrodzeƒedzikpɔla be wòatsɔ akpɔ amea dzii. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Nenye be nu si miegblẽ ɖe eta sɔ gbɔ wu ga home si metsɔ na mi la, mava xe fea mamlɛa nenye be megatrɔ va afii.’”
And on the morrow when he departed, he took out two pence, and gave them to the host, and said to him, Take care of him; and whatever you spend more, when I come again, I will repay you.
36 Yesu bia agbalẽfiala la azɔ be, “Le ame etɔ̃ siawo dome ɖe, kae nèbu be enye havi na ame si dze adzodalawo si me?”
Which now of these three, think you, was neighbor to him that fell among the thieves?
37 Ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be, “Ame si kpɔ nublanui nɛ lae nye ehavi.” Yesu gblɔ nɛ be, “Eɖo eŋu nyuie, heyi, eye wò hã nawɔ nenema.”
And he said, He that showed mercy on him. Then said Jesus to him, Go, and do you likewise.
38 Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ woƒe mɔzɔzɔ la dzi ɖo ta Yerusalem, eye wova ɖo kɔƒe aɖe me. Nyɔnu aɖe si woyɔna be Marta la xɔ wo ɖe eƒe aƒe me.
Now it came to pass, as they went, that he entered into a certain village: and a certain woman named Martha received him into her house.
39 Marta nɔvi Maria va nɔ Aƒetɔ la ƒe afɔ nu le anyigba nɔ eƒe nyawo sem.
And she had a sister called Mary, which also sat at Jesus’ feet, and heard his word.
40 Ke Marta ya tsi dzodzodzoe nɔ nu ɖam na Yesu. Sẽe la, Marta te ɖe Yesu ŋu, eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ mèkpɔe be medze be nɔvinye nanɔ anyi ɖe afi sia, eye nye ɖeka manɔ dɔawo katã wɔm oa? Gblɔ nɛ be neva kpe ɖe ŋunye.”
But Martha was encumbered about much serving, and came to him, and said, Lord, do you not care that my sister has left me to serve alone? bid her therefore that she help me.
41 Gake Aƒetɔ la ɖo eŋu nɛ be, “O, Marta, Marta, èle agbagba dzem le fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti.
And Jesus answered and said to her, Martha, Martha, you are careful and troubled about many things:
42 Ke nu ɖeka koe le vevie, eyae nye nu si Maria tia, eya womele exɔ ge le esi o.”
But one thing is needful: and Mary has chosen that good part, which shall not be taken away from her.

< Luka 10 >