< Ʋɔnudrɔ̃lawo 8 >

1 Efraim ƒe towo ƒe kplɔlawo do dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe Gideon ŋu, wobiae be, “Nu ka ta mèɖo du ɖe mí enumake esi nèho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu o?” 2 Ke Gideon ɖo eŋu be, “Ɖe Efraim ƒe wainxaxa mlɔetɔ menyo wu Abiezer ƒe wainxaxa blibo la oa? 3 Mawu na mielé Oreb kple Zeb, Midiantɔwo ƒe aʋafiawo! Nu kae mewɔ si woatsɔ asɔ kple nu gã si miawo miewɔ?” Gideon ƒe nya siawo na Efraim ƒe viwo ƒe kplɔlawo ƒe dzi fa. 4 Gideon tso Yɔdan tɔsisi la azɔ kple eƒe aʋawɔla alafa etɔ̃awo. Ɖeɖi te wo ŋu gake woganɔ futɔwo nyam kokoko. 5 Esi wova ɖo Sukɔt la, Gideon gblɔ na Sukɔt ƒe amewo be ɖeɖi te yewo ŋu le Midian fiawo, Zeba kple Zalmuna nyanya me eya ta woana nuɖuɖu yewo. 6 Ke Sukɔt ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be “Ɖe miaƒe asi su Zeba kple Zalmuna dzi xoxoa? Ne míena nuɖuɖu mi eye miete ŋu lé wo o la, woatrɔ ava wu mí.” 7 Gideon gblɔ na wo be, “Ne Aƒetɔ la tsɔ wo de asi nam la, ekema matrɔ ava eye matsɔ aŋɔka ƒe ŋuwo adze ŋuti na mi.” 8 Ale Gideon tso eme yi ɖabia nuɖuɖu le Penuel eye woawo hã gblɔ abe Sukɔt ƒe amewo ke ene. 9 Gideon gagblɔ na woawo hã be, “Ne aʋa siawo wɔwɔ nu tso la, matrɔ ava eye magbã mɔ sia aƒu anyi.” 10 Azɔ la Fia Zeba kple Fia Zalmuna kple woƒe aʋawɔla akpe wuiatɔ̃ va ɖo Karkor, ame mawo koe susɔ le aʋakɔ siwo tso ɣedzeƒe la me elabena wowu wo dometɔ akpe alafa ɖeka blaeve xoxo. 11 Gideon trɔ azɔ to asimɔ si to Noba kple Yogbeha ƒe ɣedzeƒe eye wòdze Midiantɔwo ƒe aʋakɔ dzi esi womenɔ mɔ kpɔm na wo kura o. 12 Fia eveawo si gake Gideon kplɔ wo ɖo va se ɖe esime wòlé wo eye wòtsrɔ̃ aʋakɔ blibo la. 13 Le esia megbe la, Gideon to mɔ si to Heres mɔ la gbɔ hetrɔ gbɔ. 14 Elé ɖekakpui aɖe tso Sukɔt eye wòzi edzi be wòaŋlɔ Sukɔt ƒe kplɔlawo kple mawunua blaadre-vɔ-adreawo ŋkɔ na ye. 15 Etrɔ va Sukɔt eye wògblɔ na wo be, “Mieɖu fewu le ŋunye be, nye asi masu Fia Zeba kple Fia Zalmuna dzi akpɔakpɔ o eye miegbe, miena nuɖuɖu mí o, le esime ɖeɖi te mía ŋu eye dɔ nɔ mía wum. Kpɔ ɖa, fia eveawoe nye esiawo.” 16 Tete wòlé dumemetsitsiawo eye wòtsɔ aŋɔkawo kple ŋuwo fia nunya woe. 17 Emegbe la, Gideon yi Penuel hã, gbã mɔ la ƒu anyi eye wòwu ŋutsuwo katã le dua me. 18 Le esia megbe la, Gideon bia Fia Zeba kple Fia Zalmuna be, “Ame siwo miewu le Tabɔr ɖe, aleke wole?” Woɖo eŋu be, “Wodo awu abe miawo ene tututu, abe fiaviŋutsuwo ene.” 19 Gideon do ɣli be, “Nɔvinyewo kokoko woanye! Meka atam be, ne menye ɖe miewu wo o la, anye ne nyemawu mi o.” 20 Azɔ Gideon ɖe gbe na Via ŋutsu tsitsitɔ, Yeter, be wòawu wo. Ke Yeter metsi o eya ta enɔ vɔvɔ̃m be yeawu wo. 21 Zeba kple Zalmuna gblɔ na Gideon be, “Wò ŋutɔ wu mí elabena ŋutsue wɔa ŋutsu ƒe dɔ!” Ale Gideon wu wo eye wòɖe kɔgɛwo le kɔ na woƒe kposɔwo. 22 Israelviwo gblɔ na Gideon be, “Ɖu fia ɖe mía dzi, wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo kple wò tɔgbuiyɔviwo elabena èɖe mí tso Midiantɔwo ƒe asi me.” 23 Ke Gideon ɖo eŋu na wo be, “Nye ŋutɔ loo alo vinye ŋutsu aɖeke maɖu fia ɖe mia dzi o. Yehowa aɖu fia ɖe mia dzi.” 24 Egblɔ na wo be, “Nu ɖeka le asinye, mabia mi, eyae nye be mia dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ sikatogɛ ɖeka nam le eƒe afunyinuawo dome.” Enye Ismaeltɔwo ƒe kɔnu be woade sikatogɛwo. 25 Woɖo eŋu be, “Míana wo kple dzidzɔ.” Ale woɖo avɔ ɖe anyigba eye wo dometɔ ɖe sia ɖe da sikatogɛ si nɔ eƒe afunyinuwo me la ɖe edzi. 26 Sikatogɛ siwo wòbia la ƒe kpekpeme va le kilogram wuiasiekɛ kple afã, ke womebu atsyɔ̃ɖonuwo, dzonu xɔasiwo kple awu dzĩ si Midian fiawo dona alo kɔga siwo wodena na woƒe kposɔwo la ɖe eme o. 27 Gideon tsɔ sika la wɔ kɔmewu eye wòtsɔe da ɖe Ofra, si nye wo dedu la me. Israel katã de asi awu la subɔsubɔ me le afi ma eye wòva zu mɔ na Gideon kple eƒe ƒome la. 28 Ale Israelviwo bɔbɔ Midiantɔwo ɖe anyi eye womegafɔ ta dzi kpɔ o. Ale ŋutifafa nɔ anyigba la dzi ƒe blaene sɔŋ le Gideon ƒe agbenɔɣi. 29 Yerubaal, Yoas ƒe vi, trɔ yi ɖanɔ wo de. 30 Viŋutsu blaadre nɔ esi elabena eɖe srɔ̃ geɖewo. 31 Ahiãvi aɖe hã nɔ esi le Sekem, ame si ha dzi ŋutsu aɖe nɛ, si wòna ŋkɔe be Abimelek. 32 Gideon, Yoas ƒe vi, tsi, zu amegãɖeɖi aɖe hafi ku. Woɖii ɖe fofoa, Yoas ƒe yɔdo me le Ofra le Abiezritɔwo ƒe anyigba dzi. 33 Esi Gideon ku teti ko la, Israelviwo gadze Baalwo yome. Woli Baal Berit anyi abe woƒe mawu ene eye 34 Israelviwo meɖo ŋku Yehowa, woƒe Mawu, ame si ɖe wo tso futɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe asiwo me dzi o. 35 Nenema ke wogbe dɔmenyowɔwɔ na Yerubaal, ame si tso Gideon ƒe ƒome la me togbɔ be Gideon wɔ nu nyui geɖewo na wo hã.

< Ʋɔnudrɔ̃lawo 8 >